Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔzɔzɔ le Atsiaƒu Gã Gbanaa Dzi

Mɔzɔzɔ le Atsiaƒu Gã Gbanaa Dzi

Mɔzɔzɔ le Atsiaƒu Gã Gbanaa Dzi

TƆDOMEKPO gãwo kple sueawo, siwo wu 1,200 ye woƒo ƒu yɔ be Marshall Islands. Meta ade aɖewo koe wo dometɔ akpa gãtɔ tsɔ kɔ wu atsiaƒu lae. Tɔdziʋuwo medea didiƒe hafi wo me nɔlawo megate ŋu kpɔa tɔdomekpo siawo kple ŋku o. Ke hã, blema Marshaltɔ ƒudzidelawo te ŋu tsɔa akrowo zɔa mɔ toa Pacific-ƒu gã gbanaa la dzi yia tɔdomekpo sueawo, siwo katã dome mɔzɔzɔ ade kilometa miliɔn eve togodoo la, dzi gagbɔna. Aleke wowɔna nyaa mɔ? Wozãa “mɔfianu” tsɛ aɖewo, si dzi woka ɖo ŋutɔ, si nye taɖoƒefianu siwo wotsɔ xakuiwo wɔ.

Marshaltɔ ƒudzidela bibiwo nyae be ne ƒu la te vi dada le atsyã aɖe me le teƒe aɖewo ko la, efia be kilometa 30 aɖewo koe anya susɔ yewoaɖo tɔdomekpo aɖe dzi. Esia bia be woasrɔ̃ ƒua ƒe vi dada ƒe atsyã gbogbowo ahanyawo nyuie, eye taɖoƒefianu la nana wonyaa akpa si woaɖo tae. Gake alekee taɖoƒefianu la le? Abe alesi nàkpɔe le nɔnɔmetataa me ene la, enye nusi wotsɔ xakui lɔ̃na le atsyã tɔxɛ aɖe me wòva nɔna abe adzrala loo, gaɖɔ loo, alo lãyiyiga ene, si tsia tre ɖi na ƒua ƒe vi dada ƒe atsyãwo. Wodea adzato suesuesuewo eƒe teƒeteƒewo tsɔ dea dzesi afisi tɔdomekpo vovovoawo le.

Woɣla alesi wozãa taɖoƒefianu siae le ƒudzimɔzɔzɔ me la ɖe amewo ƒe geɖe, eye ame tiatia aɖewo koe wofiana alesi wozãnɛ. Ekema aleke ƒudzidela yeye wɔna nyaa taɖoƒefianu la zazãe? Hehexɔxɔ kple ezazã edziedzi dzie wòtona nyanɛ. Ƒudzidela bibi aɖee fiaa ame yeye la, eye ɖewohĩ ekplɔnɛ ɖe ŋuti zɔa mɔ dea tɔdomekpo siwo tsɔ wo gbɔ la dzi. Ne dɔsrɔ̃via va le ƒua ƒe vi dada vovovoawo nyam la, eva kana ɖe edzi be yeate ŋu azã taɖoƒefianu la nyuie. Mlɔeba, eya ɖeka te ŋu va dea ƒu dzi faa.

Nenema kee Mawu ƒe Nya, Biblia, ate ŋu anye míaƒe mɔfianu le agbe me. Gbã la, ame aɖe akpe ɖe mía ŋu míase Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmedzenufiafiawo gɔme. Ekema ne míeyi edzi le Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m hele gɔmeɖose siwo le eme dzi wɔm la, míeva kana ɖe eƒe nyawo dzi. Mawu gblɔ na Israel-viwo ƒe ŋgɔxɔla, Yosua, be wòanɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm ne ‘wòale nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi. Eya ko hafi dzɔgbenyui anɔ mɔ dzi nɛ, eye nusianu adze edzi nɛ.’ (Yosua 1:8) Ẽ, Biblia ate ŋu ata agbenɔnɔ ƒe mɔ nyuitɔ, si dzi míato akpɔ dzidzedze la, na mí vavã.

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

© Greg Vaughn