Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuteƒewɔwɔ Ðaa—Eyae Nye Nusi Le Vevie Nam Wu

Nuteƒewɔwɔ Ðaa—Eyae Nye Nusi Le Vevie Nam Wu

Nuteƒewɔwɔ Ðaa—Eyae Nye Nusi Le Vevie Nam Wu

ABE ALESI ALEXEI DAVIDJUK GBLƆE ENE

Ƒe 1947 mee; eye teƒea didi kilometa ʋɛ aɖewo tso míaƒe kɔƒedu si nye Laskiv, Ukraine gbɔ, eye wòte ɖe Poland dea ŋu. Xɔ̃nye Stepan, amesi tsi wum nye agbalẽtsɔla si ɣlaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo tsɔ gbaa de tso Poland vaa Ukraine. Deŋudzɔla aɖe kpɔe le zã me gbeɖeka, nyãe ɖe nu, heda tui. Le ƒe 12 megbe la, Stepan ƒe ku va kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye vevie ŋutɔ, abe alesi mava ɖe eme na mi emegbe ene.

KAKA woadzim le ƒe 1932 me le Laskiv la, ƒome ewo nɔ míaƒe kɔƒedua me siwo nye Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi. Wo dometɔ aɖewoe nye dzinyelawo, amesiwo ɖo nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi vaseɖe woƒe ku me le ƒe 1970-awo ƒe domedome. Le nye agbemeŋkekewo katã me la, nuteƒewɔwɔ na Mawue nye nu vevitɔ na nye hã.—Psalmo 18:26.

Le ƒe 1939, si nye ƒe si me Xexemeʋa II dze egɔme la, Poland ƒe ɣedzeƒenuto si me míenɔ va zu Soviet Union ƒe akpa aɖe. Míenɔ Soviettɔwo ƒe dziɖuɖu te vaseɖe June 1941 me, esime Germanytɔwo va dze míaƒe nutoa dzi xɔe.

Meto nɔnɔme sesẽwo me le suku le Xexemeʋa II wɔɣi. Wofia dulɔlɔ̃ ƒe hawo ɖeviwo be woadzi eye wonaa hehe wo le asrãfodɔwɔnawo me. Le nyateƒe me la, hehexɔxɔa ƒe ɖee nye be míasrɔ̃ alesi wodaa bɔmbwoe. Gake megbe dulɔlɔ̃hawo dzidzi kple asrafodɔ ƒe hehexɔxɔa siaa. Alesi maʋli nye dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi ta sɔsrɔ̃ tso ɖevime kpe ɖe ŋunye mewɔ nuteƒe na Mawu le ƒe siwo va kplɔe ɖo me.

Ame gbogbo aɖewo nɔ míaƒe hamea ƒe anyigbamama me siwo tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒea me ale gbegbe be woɖo mɔɖela eve, si nye alesi woyɔna na Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe, ɖe míaƒe nutoa me be woava fia nu wo. Mɔɖelaawo dometɔ ɖeka si nye Ilja Fedorovitsch, ye srɔ̃ Biblia kplim eye wòna hehem le subɔsubɔdɔa me. Le Germanytɔwo ƒe dua xɔɣi la, woɖe aboyo Ilja eye wova dee Nazitɔwo ƒe fuwɔamesaɖawo dometɔ ɖeka me, eye afimae wòku ɖo.

Papa ƒe Ʋiʋli be Yemade Akpa Aɖeke Dzi O

Le ƒe 1941 me la, Soviet dziɖuɖumegãwo te kpɔ be yewoana Papa nade asi agbalẽ te ado ŋugbe be yeana ga woatsɔ ado alɔ aʋa lae. Egblɔ na wo be yemate ŋu ado alɔ akpa eveawo dometɔ aɖeke le aʋaa me o eye be esi yenye Mawu vavã la subɔla ta la, yemade akpa aɖeke dzi o. Wobu fɔ Papa be enye futɔ eye wotso afia be woadee game ƒe ene. Gake ŋkeke ene koe wònɔ gaa me. Nukata? Elabena le Kwasiɖagbe si kplɔ eƒe gameyiyia ɖo la, Germany srafowo va xɔ nuto si me míenɔ la.

Esi gaxɔdzikpɔlawo se be Germanytɔwo gogo yewo la, woʋu gaxɔa ƒe agbowo hesi. Soviet srafowo da tu gamenɔla siwo nɔ xexe dometɔ akpa gãtɔ. Papa mesi enumake o, ke boŋ emegbe hafi wòva si yi exɔlɔ̃ aɖewo ƒe aƒe me. Edɔ tso afima wova gblɔ na Dada be wòatsɔ eƒe ɖaseɖigbalẽ si ɖo kpe edzi be wodee game le esi wògbe megbedada na Soviettɔwo le aʋaa me ta la vɛ na ye. Esi Papa tsɔ agbalẽ siawo fia Germany dziɖuɖumegãwo la, wokpɔ eƒe agbe ta.

Germanytɔawo di be yewoanya amesiwo katã de Soviettɔwo dzi le aʋaa wɔwɔ me ƒe ŋkɔwo. Woƒoe ɖe Papa nu be wòagbe nu le wo gbɔ, gake egbe. Eɖe eƒe akpaɖekedzimademade me na wo. Ne ɖe wòyɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ la, anye ne woada tu amea. Ale Papa ƒe akpaɖekedzimademade xɔ ame bubuwo ɖe agbe hã, eye ameawo da akpe nɛ ŋutɔ.

Dɔwɔwɔ le Adzame

Soviettɔawo gatrɔ va Ukraine le August 1944 me, emegbe le May 1945 me la, Xexemeʋa II wu enu le Europa. Emegbe nusi woyɔ be Gakpɔtɔtɔ, si nye dometsotso si va nɔ Soviet Union kple xexeame ƒe akpa mamlɛawo dome wɔe be kadodo aɖeke megava nɔ mía kple xexeame dukɔ bubuwo dome o. Kadodo kple Yehowa Ðasefo siwo le dea godo le Poland gɔ̃ hã nye nu sesẽ. Ðasefo siwo ƒo dzi le tsoa dea le adzame eye wotsɔa Gbetakpɔxɔ magazine vevi ʋɛ aɖewo gbɔnae. Esi wònye míaƒe aƒe si le Laskiv kple dea dome ƒe didime koe nye kilometa 8 ta la, mesea afɔku siwo me agbalẽtsɔla siawo tona ŋu nya.

Le kpɔɖeŋu me, Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Silvester tso dea zi eve eye wòtrɔ gbɔ dedie. Gake le mɔzɔzɔ etɔ̃lia me la, deŋudzɔlawo kple woƒe avuwo kpɔe. Asrafoawo do ɣli be wòatɔ, gake Silvester de afɔ du me be wòakpɔ eƒe agbe ta. Mɔ ɖeka kolia si dzi wòte ŋu to avuawo melée o enye eva ge ɖe ta aɖe si le teƒea me. Ebe ɖe tsi sia si se kɔme nɛ me le aƒla kɔkɔwo dome zã bliboa katã. Mlɔeba la, dzɔlaawo va dzudzɔ edidi, eye Silvester si gbɔdzɔ ŋutɔ la zɔ tukatuka va aƒeme.

Abe alesi megblɔe va yi ene la, wowu Silvester ƒe nyruiyɔvi Stepan esi wònɔ tsia tsom. Ke hã ehiã be míana kadodo nanɔ mía kple Yehowa ƒe amewo dome. To agbalẽtsɔla siwo ƒo dzi nɔ dzi la, míexɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu kple mɔfiafia tuameɖowo.

Ƒe si kplɔe ɖo si nye ƒe 1948 me la, mexɔ nyɔnyrɔ le zã me le ta sue aɖe si gogo míaƒe aƒe me. Amesiwo va xɔ nyɔnyrɔa va do go le míaƒe aƒeme, gake nyemekpɔ wo dze sii o, elabena viviti do eye míewɔ nusianu le ɖoɖoezizi me le adzame. Mí nyɔnyrɔxɔlawo míeƒo nu kple mía nɔewo o. Nyemenya amesi ƒo nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoa, eye wòbia nyɔnyrɔxɔxɔbiabiaawo esime míetɔ ɖe ta la to, alo amesi nyrɔm ɖe tsia me o. Le ƒe aɖewo megbe esi mía kple xɔ̃nye vevi aɖe míenɔ míaƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm na mía nɔewo la, míekpɔe be mí ame evea siaa míenɔ nyɔnyrɔxɔlaawo dome le zã ma me!

Le ƒe 1949 me la, Ðasefo siwo nɔ Ukraine xɔ gbedasi tso Brooklyn si bia tso wo si be woabia Moscow dziɖuɖumegãwo woada asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le se nu le Soviet Union. Mɔfiafia ma na woɖo mɔɖeɖebiagbalẽ ɖe U.S.S.R. ƒe Soviettɔwo ƒe Nyametsoha Kɔkɔtɔ to dziɖuɖumegã si kpɔa dukɔmenyawo gbɔ dzi. Emegbe wobia tso Mykola Pyatokha kple Ilya Babijchuk si be woayi Moscow ava xɔ dziɖuɖua ƒe ŋuɖoɖo le míaƒe biabiaa ŋu vɛ. Wolɔ̃ eye wozɔ mɔ yi Moscow le dzomeŋɔli ma.

Dziɖuɖumegã si xɔ amedɔdɔ siawo ɖo to see wona míaƒe dɔa ŋuti numeɖeɖe siwo nɔ te ɖe Biblia dzi. Woɖe nu me nɛ be míaƒe dɔa nye dɔ si wɔm wole wònye Yesu ƒe nyagblɔɖi be “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã” ƒe emevava. (Mateo 24:14) Gake dziɖuɖumegãa gblɔ be Dukɔa maɖe mɔ na mí akpɔ gbeɖe o.

Ðasefoawo trɔ gbɔ va aƒe eye woyi Ukraine ƒe fiadu si nye Kiev me be woabia be woada asi ɖe míaƒe dɔa dzi le se nu le Ukraine afisia. Dziɖuɖumegãwo gagbe mɔɖeɖe na mí ake. Wogblɔ be ne Yehowa Ðasefowo ada megbe na Dukɔa ko hafi yewoaɖe mɔ na wo woanɔ ŋutifafa me. Wogblɔ be ele be Ðasefowo nawɔ asrafodɔ eye woakpɔ gome le ametiatia ƒe akɔdadawo me. Le afisia hã la, woɖe míaƒe akpaɖekedzimademade me na wo, be le míaƒe Ŋgɔnɔla, Yesu Kristo sɔsrɔ̃ me la, mele be míanye xexeame ƒe akpa aɖeke o.—Yohanes 17:14-16.

Ema megbe kpuie la, wolé Nɔviŋutsu Pyatokha kple Babijchuk, wobu fɔ wo be woayi game ƒe 25 sɔŋ. Le ɣemaɣi lɔƒo si nye ƒe 1950 me la, dziɖulawo lé Ðasefo geɖe siwo dome fofonye hã nɔ. Wotso afia nɛ eye wodee game ƒe 25, eye woɖoe ɖe Khabarovsk, si le Soviet Union ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi afisi didi tso mía gbɔ kilometa 7,000 kloe!

Woɖe Aboyo Mí Yi Siberia

Emegbe le April 1951 me la, Soviet Dukɔa dze Ðasefo siwo nɔ dukɔ siwo nɔ eƒe ɣetoɖoƒe dzi anyrãtɔe, dukɔ siwo nye Latvia, Estonia, Lithuania, Moldova, Belarus, kple Ukraine fifia. Le ɣleti ma me la, woɖe aboyo ame 7,000 siwo dome mía kple Dada hã nɔ yi Siberia. Ðeko asrafowo va míaƒe aƒeme le zã eye wokplɔ mí yi ketekedzeƒea. Wode mí ketekea ƒe akpa siwo wotsɔa nyi ɖo—míenɔ ame 50 lɔƒo le ketekea ƒe xɔ ɖesiaɖe me—eye awu kwasiɖa eve megbe la, wova ɖi mí ɖe teƒe si woyɔ be Zalari, si gogo Baikal-ta le Irkutsk nuto me.

Esi míetsi tre ɖe snoa me le ya si me fa miamiamia me, eye asrafo siwo lé tu ɖe asi ƒo xlã mí la, mebia ɖokuinye be nukae wogbɔna mía wɔ ge. Aleke mawɔ alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa le afisia? Míedze egɔme nɔ Fiaɖuƒehawo dzim be míaƒe susu naɖe ɖa le vuvɔa dzi. Emegbe dziɖuɖua ƒe dɔwɔƒe siwo le nutoa me dzikpɔlawo va ɖo. Wo dometɔ aɖewo hiã ŋutsuwo na dɔ sesẽwo wɔwɔ, eye bubuwo hã nɔ nyɔnuwo dim na dɔwɔnawo abe lãwo dzi kpɔkpɔ ene. Wokplɔ mía kple Dada yi xɔtudɔwɔƒe afisi wonɔ Tagninskaya Elektrikŋusẽdɔwɔƒe tum le.

Esi míeɖo teƒea la, míekpɔ atixɔ siwo nɔ agbakawo me siwo nye aboyomeawo ƒe nɔƒe. Wode dɔ asi nam menye agbleŋlɔʋukula kple elektrikdɔwɔla, eye wode dɔ asi na Dada wònye agbledɔwɔla. Wobua mí be míenye amesiwo wonyã tso duta, ke menye gamemewo o. Eyata woɖe mɔ na mí míeɖia tsa le elektrikŋusẽdɔwɔƒea gbɔ lɔƒo, ɖeko womeɖe mɔ na mí be míaɖi tsa ayi amenɔƒe bubu si anɔ abe kilometa 50 ene tso mía gbɔ la o. Dziɖuɖumegãawo ƒoe ɖe mía nu be míade asi agbalẽ te be míanɔ afima tegbee. Edze na nye amesi nye ƒe 19 vi abe ɣeyiɣi si didi akpa ene, eyata megbe asidede ete. Ke hã míenɔ nutoa me ƒe 15 sɔŋ.

Le Siberia afima la, mía kple Poland dome liƒo meganye kilometa 8 ko o ke boŋ kilometa 5,160! Mí Ðasefowo míewɔ nusi míate ŋui ƒo mía ɖokuiwo nu ƒu zu hamewo ake, eye míeɖo ŋutsu siwo axɔ ŋgɔ. Gbã la, Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke menɔ mía si o negbe agbalẽ ɖeɖi aɖewo siwo Ðasefo aɖewo ɣla tso Ukraine vɛ la koe nɔ anyi. Míetsɔ asi gbugbɔ ŋlɔ woe, eye míeɖona wo ɖe mía nɔewo.

Medidi o míedze kpekpewo wɔwɔ gɔme. Esi mía dometɔ geɖe nɔ aboyomewo nɔƒewo ta la, míekpena ɖekae le fiẽsiwo me zi geɖe. Míaƒe hamea me tɔwo anɔ abe 50 ene, eye wode Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzi kpɔkpɔ asi nam. Ŋutsu ʋɛ aɖewo koe nɔ míaƒe hamea me, eyata nyɔnuwo hã kpɔa gome le sukuviawo ƒe dɔdasiwo wɔwɔ me, enye ɖoɖo si gɔme wodze le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le teƒe bubuwo le ƒe 1958 me. Amesiame wɔa eƒe dɔdasi moveviɖoɖotɔe, eye wobu sukua be enye kafukafu tsɔtsɔna Yehowa kple dzidedeƒo na hamea me tɔwo ƒe mɔnu aɖe.

Woyra Míaƒe Subɔsubɔdɔa

Esi wònye mía kple ame bubu siwo menye Ðasefowo o ye nɔ aboyomewo nɔƒeawo ta la, ŋkeke aɖeke meva yina si míeƒoa nu na amewo tso míaƒe dzixɔse ŋu o, togbɔ be wode se ɖe esia wɔwɔ nu vevie hã. Le Soviet dukplɔla Joseph Stalin ƒe kuku le ƒe 1953 me megbe la, nɔnɔmewo va ka ɖe eme. Woɖe mɔ na mí be míaƒo nu tso míaƒe dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi ŋu na amewo faa wu. To gbebiabia míaƒe xɔlɔ̃ siwo le Ukraine me la, míeva nya afisiwo Ðasefo bubuwo nɔ le míaƒe nutoa me eye míekpɔ wo. Esia na míewɔ ɖoɖo ma míaƒe hameawo ɖe nutome suewo me.

Le ƒe 1954 me la, mía kple Olga, si hã woɖe aboyoe tso Ukraine, míeɖe mía nɔewo. Enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le nye Yehowa subɔsubɔdɔa me le ƒe geɖe siwo va yi me. Olga nɔviŋutsu, Stepan, ye wowu le Ukraine kple Poland dome dea dzi le ƒe 1947 me. Emegbe míeva dzi vinyɔnu, Valentina.

Mía kple Olga míekpɔ yayra geɖe le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me le Siberia. Le kpɔɖeŋu me, míedo go George, amesi nye Baptist-ha ƒe nunɔla. Mesrãnɛ kpɔ edziedzi eye míesrɔ̃a Gbetakpɔxɔ magazine ɖesiaɖe si nɔ mía si kplii. Medidi o George va lɔ̃ ɖe edzi be nusiwo Yehowa subɔlawo ɖea gbeƒãe tso Biblia mee nye nyateƒea. Míeva dze nusɔsrɔ̃ gɔme kple eƒe Baptist-xɔlɔ̃ geɖewo hã. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye na mí esime George kple exɔlɔ̃ aɖewo xɔ nyɔnyrɔ va zu míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo!

Le ƒe 1956 me la, woɖom dzikpɔla mɔzɔlae, si bia tso asinye be manɔ hamewo srãm kpɔ kwasiɖa ɖesiaɖe le míaƒe nutoa me. Mewɔa dɔ ŋkeke bliboa katã, emegbe medzea mɔ kple nye dzokeke va kpena kple hamea. Mefɔna fɔfɔme trɔ yia dɔme. Mykhailo Serdinsky, amesi woɖo wònye nye kpeɖeŋutɔ le mɔzɔzɔdɔa me, ku le ʋufɔku aɖe me le ƒe 1958 me. Eku le Kuɖagbe, gake míehe eƒe kunuwɔwɔ ɖe megbe vaseɖe Kwasiɖagbe kple susu be Ðasefo geɖe nate ŋu ava kua teƒe.

Esi mí ame gbogbo aɖewo míedze mɔ yina ameɖibɔa me la, Dukɔa ƒe Dedienɔnɔdzikpɔlawo dze mía yome. Ne meƒo nuƒo si ku ɖe míaƒe tsitretsitsimɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi ŋu la, ate ŋu ana woalém. Gake meƒo nu tso Mykhailo kple etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnuku si nɔ esi ŋu. Togbɔ be mezã Biblia hã la, Dukɔa ƒe Dedienɔnɔdzikpɔlaawo melém o. Edze ƒã be wobui be yewomakpɔ viɖe aɖeke tso eme o, eye magblɔ be wonyam nyuie hã, le esi ‘wokpeam’ yia woƒe dɔwɔƒegã biaa nyam edziedzi ta.

Amegɔmezɔla aɖe De Mí Asi

Le ƒe 1959 me la, Dukɔa ƒe Dedienɔnɔdzikpɔlawo lé Ðasefo 12 siwo nye amesiwo xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Woyɔ ame bubu geɖewo bia gbe wo, eye nye hã menɔ wo dome. Esi wòɖo dzinye wobia gbem la, ewɔ nuku nam esi dziɖuɖumegãawo nɔ míaƒe dɔa ŋu nya ɣaɣlawo gblɔm pɛpɛpɛ. Aleke wowɔ nya nusiawo? Edze ƒã be amegɔmezɔla aɖe, si nya nu geɖe tso mía ŋu eye wònɔa dɔ wɔm na Dukɔa ɣeyiɣi didi aɖee.

Wode ame 12 siwo wolé la gaxɔ siwo tsia ɖe wo nɔewo nu me, eye woɖoe be yewomagblɔ nya bubu aɖeke na dziɖuɖumegãawo o. Esia ana be woayɔ amegɔmezɔlaa ŋutɔ va nyaa drɔ̃ƒe be wòava ɖo kpe nya si wotsɔ ɖe wo ŋu dzi. Togbɔ be wometsɔ nya ɖe ŋunye o hã la, meyi ʋɔnua be makpɔ nusi adzɔ. Ʋɔnudrɔ̃laa bia nyawo, eye ame 12-awo gbe wo ŋu ɖoɖo. Emegbe Ðasefo si ŋkɔe nye Konstantyn Polishchuk, amesi menya ƒe geɖe, va ɖo kpe nya siwo wotsɔ ɖe ame 12-awo ŋu dzi. Nyadɔdrɔ̃a wu enu eye wode Ðasefoawo dometɔ aɖewo game. Meva do go Polishchuk le ablɔ si le ʋɔnudrɔ̃ƒea godo dzi.

Mebiae be, “Nukata nède mí asi?”

Eɖo eŋu be, “Elabena nyemegaxɔ se o.”

Mebiae be, “Nuka dzie mègaxɔ se o?”

Eɖo eŋu be, “Nyemegaxɔ Biblia dzi se o.”

Ele be Polishchuk nade nye hã asi hafi, gake meyɔ nye ŋkɔ le eƒe ɖaseɖiɖia me o. Eyata mebiae nusita meyɔ nye ŋkɔ o.

Eɖo eŋu be, “Nyemedi be woade wò game o. Megakpɔtɔ bua fɔ ɖokuinye le srɔ̃wò nɔviŋutsu Stepan ta. Nyee dɔe be wòatso dea le zã si me wowui dzi. Ete ɖe dzinye vevie ŋutɔ.”

Eƒe nyawo tɔtɔm ŋutɔ. Aleke gbegbe eƒe dzitsinya trɔ gboe enye si! Ese veve ɖe Stepan ƒe ku ta, gake fifia eya kee nye ma de Yehowa subɔlawo asi. Nyemegakpɔ Polishchuk ake o. Eku le ɣleti aɖewo megbe. Le gonyeme la, ame aɖe si dzi meka ɖo ƒe geɖe kpɔkpɔ wòade mía nɔviwo asi de abi nye seselelãme ŋu vevie. Gake nudzɔdzɔa fia nu vevi aɖem: Polishchuk mewɔ nuteƒe o elabena edzudzɔ Biblia xexlkple edzixɔxɔse.

Nyateƒee, ehiã be nufiame sia natsi susu me na mí be: Be míalé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi la, ehiã be míasrɔ̃ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ɣesiaɣi. Biblia gblɔ be: ‘Dzɔ wò dzi ŋu, elabena eya me agbe tsona.’ Gawu la, apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔwo be woakpɔ nyuie. Nukata? “Be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔ aɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o.”—Lododowo 4:23; Hebritɔwo 3:12.

Metrɔ Yi Ukraine

Esi míaƒe aboyomenɔnɔ le Siberia wu enu le ƒe 1966 me la, mía kple Olga míetrɔ yi Ukraine, ɖe du si woyɔna be Sokal me, si anɔ abe kilometa 80 ene tso L’viv. Dɔ geɖe dze ŋgɔ mí be míawɔ, elabena Ðasefo 34 koe nɔ Sokal kple du siwo gogoe siwo nye Cervonograd kple Sosnivka me. Egbea, hame 11 sɔŋ ye le nuto sia me!

Olga ku nuteƒewɔlae le ƒe 1993 me. Le ƒe etɔ̃ megbe la, meɖe Lidiya, eye edoa ŋusẽm ale gbegbe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, vinyenyɔnu, Valentina, kple eƒe ƒomea nye Yehowa subɔla dovevienuwo eye woawo hã doa ŋusẽm ŋutɔ. Gake nusi kpɔtɔ gadoa ŋusẽm wu enye be mekpɔtɔ le nuteƒe wɔm na Yehowa, Mawu si wɔa nuteƒe la.—Samuel II, 22:26.

Alexei Davidjuk ku le nuteƒewɔwɔ na Yehowa me le February 18, 2000, dzi, esime wonɔ asi trɔm le nyati sia ŋu be woata.

Ne èle numeɖeɖe bubuwo dim alo nèdi be ame aɖe nava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kpli ye la, ke taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, P. O. Box GP 760, Accra, Ghana, alo nàzã adrɛs si sɔ le axa 5 lia.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Míaƒe hame si kpena le aboyomewo nɔƒewo le ƒe 1952 me le ɣedzeƒe Siberia

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Míaƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku le ƒe 1953 me

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mykhailo Serdinsky ƒe kunuwɔwɔ le ƒe 1958 me

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Mía kple srɔ̃nye Lidiya