Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋɔdzinuwɔwɔ Va Trɔ Bubui Kura

Ŋɔdzinuwɔwɔ Va Trɔ Bubui Kura

Ŋɔdzinuwɔwɔ Va Trɔ Bubui Kura

Zi mamlɛ si míeta ŋɔdzinuwɔwɔ ɖe magazine sia ƒe akpa dzi la, nɔnɔmetata nyanyɛ aɖee míezã—eyae nye amewula siwo tsyɔ nu mo helé tuwo ɖe asi le nudzɔdzɔ dziŋɔ aɖe si me bɔmb wó le la me. Gake fifia la, nuwo trɔ bubui.

LE ƔETRƆ aɖe me, ʋu aɖewo zɔ ɖɔɖɔɖɔ to gbɔa me va yi. Ʋuawo va tɔ ɖe sukuxɔ aɖe gbɔ. Eteƒe medidi o, ame aɖewo siwo wona hehe tɔxɛe ɖɔ motsyɔnu siwo me aɖiya mete ŋu tona o eye wodo awu siwo me aɖinuwo metona o la zɔ ʋuu va ge ɖe avekɔe aɖe me. Nusi ko wo nyae nye be nane wó le sukua ƒe lãmesẽfefewɔɣi le sukua ƒe bɔlƒoƒe si tu aɖiya ɖe yame eye wòna nukpɔla gbogbo aɖewo dze dɔ. Ŋutsu eneawo va kpe ɖe amesiwo kpɔa afɔkudzɔdzɔ kpatawo gbɔ eye wotsɔ ŋuɖɔɖɔɖo yi afisi aɖiya la xɔ be yewoakpɔe ɖa be nukae dzɔ hã. Nukae wokpɔ le nusi wó la me? Anthrax si nye nyiwo ƒe dɔléle ƒe dɔlékui yea? Aɖiya yea?

Ŋutsuawo zɔ blewu ɖo ta fefewɔƒea, eye wotsɔ dɔwɔnu vovovowo ɖe asi hena nuwo dodokpɔ. Woke ɖe nusi wó la ƒe susɔeawo ŋu le xɔvi aɖe me. Woƒe dɔa bia ŋuɖɔɖɔɖo, elabena ele na wo be woazã dɔwɔnu suesue siwo wotsɔna doa nu kpɔe kple nu kpekpewo fɔfɔ ɖa.

Eteƒe medidi hafi woƒe motsyɔnuawo zu flukpẽ abe afu ene o. Togbɔ be ŋutsu siawo xɔ hehe hã la, dɔwɔna sia te ɖeɖi wo ŋu ŋutɔ. Gake mede aɖabaƒoƒo ewo o, wova de dzesi nusi wó ƒe susɔea. Atikedokpɔla si le wo ŋu ɖo kpe edzi na wo be “nyiwo ƒe dɔléle ƒe dɔlékuie le eme.”

Ŋɔdzinuwɔwɔ Trɔ Bubui

Nudzɔdzɔ sia medzi ŋɔ abe alesi wòdze ene o. Ðe woɖoe da aɖiya ɖe New York ƒe dziehenuto aɖe me be woakpɔ alesi ƒuƒoƒoa awɔ nui ne wònye aɖiya ŋutɔŋutɔe woda ɖe yame. Ƒuƒoƒoa nye Dumevi Amehawuʋawɔnu Nutsilawo ƒe Dɔwɔha siwo woɖo yeyee dometɔ ɖeka. Dɔwɔha siawo ƒe dɔe nye be woalé ŋku ɖe ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzemɔnu yeye siwo nye dɔlékuiwo, aɖitikewo, alo aɖinu siwo tua keklẽ wuame la ŋu.

Dɔwɔha sia nye esiwo woɖo le xexeame katã dometɔ ɖeka be woatsɔ akpe akɔ kple ŋɔdzinuwɔlawo ƒe ŋɔdzidodowo kple eŋu kuxi siwo yi edzi le tɔtrɔm ɣesiaɣi. * Ƒe siawo me nudzɔdzɔwo ɖee fia be ŋɔdzinu siwo wɔm aglãdzehawo alo ame ɖekaɖekawo le la le dzidzim ɖe edzi. Togbɔ be ŋɔdzinuwɔla geɖewo gakpɔtɔ tɔ ŋku asrafowo ƒe asaɖawo kple dutadɔwɔƒewo hã la, ɖewo trɔ woƒe amedzidzedzea ɖe afisiwo takpɔkpɔ menɔna fũ o abe ʋu kple keteke kpakple yameʋu ɖoƒewo, lãmesẽfefewɔɣiwo, dugã ƒe teƒe siwo amewo ƒoa zi ɖo, amedzrodzeƒewo, kple modzakatsaɖiƒewo ene hã ŋu.

United States Dukɔa ƒe Futɔwo Ðiakɔmiti ƒe zimenɔla Porter Goss lɔ̃ ɖe edzi be ŋɔdzidolawo ƒe nɔnɔme trɔ, esi wògblɔ be: “Ele be míadzi míaƒe nuteƒekpɔkpɔ si le mía si le ŋɔdzinuwɔwɔ siwo dziɖuɖuwo daa megbe na ŋu ɖe edzi aɖo esiwo le mo dom ɖa egbea la gbɔ. Míele ŋɔdzidodo siwo aglãdzehawo da megbe na si le dzidzim ɖe edzi teƒe kpɔm.”

Nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ si le mo dom ɖa fifia nyea nuwɔna, kple mɔnu yeye si nu menya tsina bɔbɔe o. Edziedzi la, ŋɔdzinuwɔlawo te ŋu wɔa mɔ̃ɖaŋununya yeyewo ŋudɔ eye ga ƒe alɔdodomɔnu le woawo ŋutɔ si. USA Today ka nya ta be: “Kɔmpiuta kple kadodomɔnu ƒe mɔ̃ɖaŋununya yeye siwo li fifia wɔe be hamenuvlowɔwɔ le bɔbɔe eye wòna nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ nutsitsi va le sesẽm ɖe edzi.” Tɔtrɔa wɔe be wova tɔ ŋku nu yeye bubuwo hã, si ƒonɛ ɖe nyadzɔdzɔŋlɔlawo kple nyadzɔdzɔŋutinusrɔ̃lawo nu be woato nya yeyewo abe “kɔmpiuta dzi ŋɔdzinuwɔwɔ,” “dɔlékuiwo tsɔtsɔ do ŋɔdzii na ame,” kple “ŋɔdzinu si wowɔna le nugbagbewo kple wo nɔƒewo ƒe ŋkɔ me” ene vɛ.

Aleke gbegbe ŋɔdzinuwɔwɔ yeyea vɔ̃ɖii? Ðe vɔvɔ̃ va le wò dedienɔnɔ ŋua? Ðe woate ŋu akpɔ dukɔwo dome nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ ƒe kuxia gbɔa? Nyati siwo kplɔ esia ɖo akɔ biabia siawo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Amewo ƒe susu to vovo ŋutɔ le nusi woabu ŋɔdzinuwɔwɔe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le dukɔ siwo me dukɔmeviʋa le la, woate ŋu abu ŋutasesẽnu si ƒuƒoƒo ɖeka me tɔwo wɔ ɖe ƒuƒoƒo bubu ŋu be enye nusi sɔ le aʋawɔwɔ me alo be enye ŋɔdzinuwɔwɔ, le akpa si dzi tɔwo wobia nya lae la nu. Le nyati siawo me la, míezã nya “ŋɔdzinuwɔwɔ” na ŋutasesẽ tsɔtsɔ zi ame dzii.

[Box/Map on page 12, 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Ƒe Ewo Siwo me ŊƆDZINUWƆWƆ Nɔ

1. Buenos Aires, Argentina

March 17, 1992

Bɔmb aɖe gbã Israeltɔwo ƒe Dutadɔwɔƒe. Kukulawo: 29. Abixɔlawo: 242

2. Algiers, Algeria

August 26, 1992

Bɔmb aɖe wó le woƒe dukɔwo dome yameʋudzeƒe. Kukulawo: 12. Abixɔlawo: woade ame 128 ya teti

3. New York City, United States

February 26, 1993

Subɔsubɔhawo ƒe aglãdzeha aɖe da bɔmb ɖe Xexeame Katã ƒe Adzɔnuwo Dzraƒegã. Kukulawo: 6. Abixɔlawo: woade ame 1,000

4. Matsumoto, Japan

June 27, 1994

Aum Shinrikyo ƒuƒoƒo me nɔlawo da aɖiya si nye sarin ɖe nuto aɖe si nye ame nɔƒe. Kukulawo: 7. Abixɔlawo: 270

5. Tokyo, Japan

March 20, 1995

Aum Shinrikyo tɔwo tsɔ nubablɛ ade siwo me sarin aɖiya wuame nɔ va de keteke si zɔa tomemɔ dzi me le Tokyo. Kukulawo: 12. Abixɔlawo: 5,000 kple edzivɔ

6. Oklahoma City, United States

April 19, 1995

Bɔmb aɖe si wó le dziɖuɖu ƒe dɔwɔƒe aɖe. Wogblɔ be aglãdzeha aɖee dae. Kukulawo: ame 168. Abixɔlawo: amesiwo wu 500

7. Colombo, Sri Lanka

January 31, 1996

Gbeɖekadolawo ƒe ŋɔdzinuwɔlawo ku agbatsɔʋu gã aɖe si me bɔmbwo nɔ va lɔ gadzraɖoƒe aɖee. Kukulawo: 90. Abixɔlawo: wo wu 1,400

8. London, England

February 9, 1996

Irelandtɔwo ƒe ŋɔdzinuwɔlawo da bɔmb ɖe ʋutɔɖoƒe aɖe. Kukulawo: 2. Abixɔlawo: 100 kple edzivɔ

9. Jerusalem, Israel

February 25, 1996

Ame aɖe da bɔmb bɔs aɖe si me eya ŋutɔ hã ku le. Wobui be subɔsubɔhawo ƒe aglãdzelaha me tɔ aɖee. Kukulawo: 26. Abixɔlawo: ame 80

10. Dhahran, Saudi Arabia

June 25, 1996

Amitsɔʋu aɖe si me bɔmb nɔ la wó le United States srafowo ƒe asaɖa godo. Kukulawo: 19. Abixɔlawo: 515

11. Phnom Penh, Cambodia

March 30, 1997

Amedzidzela aɖewo da asibɔmb ene siwo me aɖiya le ɖe ameha siwo nɔ gbɔ lɔm dome. Kukulawo: woade ame 16. Abixɔlawo: 100 kple edzivɔ

12. Coimbatore, India

February 14, 1998

Bɔmb aɖewo siwo subɔsubɔhawo ƒe avuwɔhawo da tre ɖe enu. Kukulawo: 43. Abixɔlawo: 200

13. Nairobi, Kenya, Kple Dar es Salaam, Tanzania

August 7, 1998

Woda bɔmb le United States ƒe Dutadɔwɔƒewo. Kukulawo: 250. Abixɔlawo: 5,500 kple edzivɔ

14. Colombia

October 18 kple November 3, 1998

Woda bɔmb le amedzidzedze gbãtɔa me eye woda aʋawɔtu si gblẽa nu le adzɔge le evelia me. Pɔmpi si me ami tona dzie wodae ɖo le amedzidzedze gbãtɔa me. Kukulawo: 209. Abixɔlawo: 130 kple edzivɔ

15. Moscow, Russia

September 9 kple 13, 1999

Bɔmb eve siwo wó la gbã aƒe gã eve. Kukulawo: 212. Abixɔlawo: 300 kple edzivɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nyatakaka Tsoƒe: The Interdisciplinary Center, Herzliya, Israel

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.

Victor Grubicy/Sipa Press

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 14]

Kɔmpiuta Dzi Dzedze

March 1999: Nyatakakawo ɖee fia be ame gbogbo aɖe si se meɖe mɔ na o siwo le “ha me eye ɖoɖo adodoe le wo si” wɔna dzaa gena ɖe United States Srafowo ƒe kɔmpiutawo me. Woléa kɔmpiutadzinufixlẽla 60 va ɖo 80 ƒe amedzidzedze nuwɔnawo gbesiagbe ɖe United States ƒe Dedienɔnɔ Dɔwɔƒea ƒe kɔmpiuta kadodowo dzi.

Ƒe 1999 ƒe Domedome: Le ɣleti etɔ̃ pɛ me la, kɔmpiutadzinufixlẽla siwo tsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu va ƒo asi ɖe nusiwo United States ƒe Sewɔha, Hlɔ̃nyamekudɔwɔƒea, United States Srafowo, Dziɖulanɔƒea, kple dziɖuɖua ƒe aɖaŋuɖodɔwɔƒe vovovowo lé ɖe kɔmpiuta kadodowo dzi le United States me.

January 2000: Woka nya ta be le xexeame godoo le ƒe si do ŋgɔ nɛ me la, asitsahawo zã ga dɔlar biliɔn 12.1 tsɔ kpɔ nusiwo “ganyawo me nufitifitiwɔwɔ” siwo nye kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖo siwo nuvlowɔlawo wɔ be woatsɔ agblẽ kɔmpiuta bubuwo ƒe nuŋlɔɖoɖowoe la gbɔ.

August 2000: Kɔmpiutadzinufixlẽla aɖe ge ɖe United Kingdom ƒe dziɖuɖu ƒe dɔwɔha kple nutome dziɖuɖumegãwo ƒe Internet dzi nyadiƒe.