Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gododo Wɔnuku Aɖe Le Ƒe 30 Megbe

Gododo Wɔnuku Aɖe Le Ƒe 30 Megbe

Gododo Wɔnuku Aɖe Le Ƒe 30 Megbe

LE ƑE 1967 me la, ɖekakpui eve aɖewo do go wo nɔewo le vome. Wotsɔ xɔ ɖeka na wo ame evea le Michigan ƒe Aɖaŋudɔsrɔ̃ Yunivɛsiti le United States. Dennis Sheets, si tso Lima, Ohio, amesi xɔ ƒe 18 ɣemaɣi, va be yeasrɔ̃ aveŋutinunya teti koe nye ema. Mark Ruge si xɔ ƒe 20 ya tso Buffalo, New York. Enɔ mɔdodo kple xɔtutu ŋuti ɖaŋu sɔsrɔ̃ ƒe ƒe etɔ̃lia me.

Ɣemaɣi la, woƒe xɔlɔ̃dzedzea anya dze abe ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nu ene. Sɔhɛawo dometɔ aɖeke mewu yunivɛsitia dede nu o; wo dometɔ ɖesiaɖe lé eƒe mɔ tsɔ. Ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔ va yi. Emegbe gbeɖeka le Dominican Republic la, ŋutsu eve siawo gava do go ŋkume kple ŋkume ake. Le mɔ aɖe nu la, nudogoɖenunu koŋue woƒe gododo wɔnuku sia nye. Gake nu bubu aɖe hã kpe ɖe eŋu. Nukae? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míalé ŋku ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vovovowo ŋu kpɔ.

Dennis Yi Aʋa

Dennis gbugbɔ va aƒe le eƒe kɔledzi dede ƒe ɖeka megbe. Emegbe le December 1967 me la, wozi edzi be wòawɔ asrafodɔ le United States ƒe Asrafowo dome, eye le June 1968 me la, woɖoe ɖe Vietnam. Afimae wòkpɔ aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzinuwo le. Esime wòwu eƒe asrafo dɔdasia nu le ƒe 1969 me la, egbugbɔ yi United States, eye wòva kpɔ dɔ aɖe le dɔwɔƒe gã aɖe me mlɔeba le Ohio azɔ. Gake eƒe dzi medze eme o.

Dennis gblɔ be: “Didi si nɔ menye tso ɖevime ke enye be maʋu ayi Alaska aɖanɔ agblekɔƒe aɖe me le agbledenyigba dzi. Eyata le ƒe 1971 me la, eya kple eƒe sukuxɔlɔ̃ aɖe dze mɔ ɖe taɖodzinu ma ta. Gake le esi wòava nɔ agblekɔƒe teƒe la, eva wɔa dɔ le dɔwɔƒe siwo ƒe fetu mesɔ gbɔ boo o me. Le ɣeyiɣi aɖe me la, eva zu avɔgbadɔmenɔla hewɔa dɔ na amesiwo dzɔa avewo ŋu be woakpɔ dzobinyawo gbɔ. Eɖo ge eye wògblẽ ɖa ɖi wòto ʋuyaa eye wòte gbe sesẽ nono.

Le ƒe 1972 me la, Dennis dzo le Anchorage be yeava ɖu Mardi Gras zã si woɖuna le New Orleans, Louisiana. Le ema yome la, eva tu atixɔ sue aɖe ɖe aveme le Arkansas. Afimae wònɔ eye wòdoa kɔnkrit kple siminti na amewo. Le June 1973 me la, Dennis ɖi tsa le dukɔa me godoo be yeate ŋu akpɔ be tameɖoɖo aɖe le agbe ŋu hã.

Mark Ge Ðe Aʋamawɔmawɔ Taʋliha Me

Esi Dennis dzo megbe la, Mark nɔ yunivɛsitia ɣeyiɣi kpui aɖe gake eva tso nya me be yemedi be yeava zu amesiwo le aʋawɔwɔ dzi dem dometɔ ɖeka o. Eyata egatrɔ yi Buffalo, afimae wòzu dɔnunɔla le gakpodɔwɔƒe aɖe ɣeyiɣi kpui aɖe. Ke hã esi mekpɔa dzidzɔ ɖe aʋawɔwɔ ŋu o ta la, edzudzɔ dɔa wɔwɔ heƒle dzokeke, eye wòzɔ gbememɔ yi San Francisco, California. Togbɔ be Dennis kple Mark menya ɣemaɣi o hã la, wo ame evea wonɔ San Francisco le ɣeyiɣi ɖeka ma me ɣeyiɣi kpui aɖe ko.

Abe alesi wònɔ le Dennis gome ene la, Mark ɖo ge eye wògblẽ ɖa ɖi wòto ʋuyaa eye wòva nɔ gbe sesẽ nom. Gake eva ƒo eɖokui ɖe aʋamawɔmawɔ taʋliha aɖe me vevie, henɔ gome kpɔm le tsitretsiɖeŋunyawo gbɔgblɔ kple gbɔlɔlɔwo me. Nyagɔmekuha si woyɔna be FBI nɔ edim vevie, eyata etsɔ megbeŋkɔ vovovowo le ƒe ʋɛwo me be woagade dzesi ye o. Eva te amesiwo ƒe nudodowo kple nuwɔna tɔa ŋku ƒe agbe nɔm le San Francisco. Afimae Yehowa Ðasefo eve va do goe le eƒe ʋɔtru nu le ƒe 1970 me.

Mark gblɔ be: “Woanya susu be meɖe ɖetsɔleme fia, eyata wogatrɔ va. Nyemenɔ aƒeme o, gake wogblẽ Biblia si ƒe akpa le mumu kple agbalẽ etɔ̃ ɖi.” Gake Mark ƒo eɖokui ɖe dunyahehe ƒe aglãdzenuwɔna me vevie henɔ agbe ɖum eyata mete ŋu kpɔ ɣeyiɣi xlẽ agbalẽawo o. Azɔ hã FBI habɔbɔa nɔ edim vevie. Eyata egatsɔ megbeŋkɔ bubu, eye wòʋu yi Washington, D.C. Eƒe ahiãvi si ŋkɔe nye Kathi Yaniskivis, amesi wòdo go le yunivɛsiti la kpe ɖe eŋu le afima.

Mlɔeba le ƒe 1971 me la, FBI habɔbɔa ƒe asi va su Mark dzi. Habɔbɔa me tɔ eve kplɔ Mark de yameʋu me tso Washington, D.C., heɖoe ɖe New York eye wokpɔ egbɔ be eyi ɖe Toronto, Canada. Edze ƒã be FBI nyagɔmekuha la mebui be enye ŋɔdzi na dukɔa o; ɖeko wodi be wòadzo le dukɔa me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, eya kple Kathi woɖe wo nɔewo, eye woʋu yi Gabriola Island, British Columbia, Canada. Wodi be yewoaɖe yewo ɖokui ɖe aga tso amewo gbɔ, gake wosee le wo ɖokui be tameɖoɖo aɖe le agbe ŋu kokoko.

Wozu Yehowa Ðasefowo

Àɖo ŋku edzi be Dennis nɔ tsatsam le dukɔa me godoo henɔ tameɖoɖo si le agbe ŋu dim. Eƒe tsaɖiɖia na wòva do ɖe Montana afisi wòkpɔ dɔ le Chinook gbɔto eye wònɔ kpekpem ɖe agbledela aɖe ŋu le eƒe nukuwo ŋeŋe me. Ŋutsua srɔ̃ kple vianyɔnuvi nye Yehowa Ðasefowo. Wotsɔ Nyɔ! magazine na Dennis be wòaxlẽ. Eteƒe medidi o, eva ka ɖe edzi be Ðasefoawoe le subɔsubɔha vavãtɔ me.

Dennis va tsɔ eƒe Biblia eye wòʋu le agblea dzi yi Kalispell, Montana. Afimae wòde Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe le zi gbãtɔ. Ebia le kpekpea me be woasrɔ̃ Biblia kple ye. Ema megbe kpuie la, ena wokpa eƒe ɖaa nɛ eye wòlũ ge. Le January 1974 me la, edze gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme zi gbãtɔ, eye wonyrɔe ɖe tsigo gã si me wokɔa tsi ɖo na lãwo me le Polson, Montana, le March 3, 1974, dzi.

Va ɖo ɣemaɣi la, Mark kple Kathi siwo nɔ Gabriola Island tso nya me be esi ɣeyiɣi le yewo si ta la, yewoaku Biblia me. Wodze King James Version Biblia gɔmeɖeɖe xexlẽ gɔme gake eƒe Eŋlisigbe xoxoa gɔmesese sesẽ. Emegbe Mark ɖo ŋku edzi be Biblia kple agbalẽ aɖewo siwo Ðasefowo na ye ƒe aɖewo do ŋgɔ la gakpɔtɔ li. Woxlẽ Biblia kple agbalẽ siwo nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee kple Is the Bible Really the Word of God? Nusi srɔ̃m Mark kple Kathi nɔ la wɔ dɔ ɖe wo dzi vevie.

Mark gblɔ be: “Alesi Nyateƒe-gbalẽa yɔ Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo ɖeka aɖe be womewɔa aʋa le nɔnɔme aɖeke me o la wɔ dɔ ɖe dzinye vevie. Mesee le ɖokuinye be amesiawoe nye Kristotɔ vavãwo.” Eteƒe medidi o, Mark kple Kathi gbugbɔ va Houghton, Michigan, be woɖasrã Kathi ƒe ƒometɔwo kpɔ—togbɔ be afima yiyi ate ŋu ana woalée hã. Togbɔ be woƒe nudodo kple dzedzeme gakpɔtɔ tɔa ŋku hã la, wode Ðasefowo ƒe kpekpe ɖeka. Wolɔ̃ be woasrɔ̃ nu kple yewo eye wosrɔ̃e ɣleti si me wonɔ Michigan.

Esi wogbugbɔ yi Gabriola Island la, wodo go Ðasefo aɖe le ablɔdzi le Nanaimo, British Columbia, eye wogblɔ nɛ be yewodi be wòasrɔ̃ Biblia kple yewo. Gbemagbe ke Ðasefo geɖe siwo nɔ ʋu ɖeka me va dii, eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ɣleti etɔ̃ megbe la, Mark kple Kathi dze gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Le ɣleti etɔ̃ bubu megbe, le March 10, 1974, dzi la, wo ame evea siaa xɔ nyɔnyrɔ. Ema enye kwasiɖa ɖeka esime Dennis hã xɔ nyɔnyrɔ!

Dennis Ge Ðe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Dennis va zu mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, le September 1974 me. Egblɔ be: “Menye mɔɖela kpɔdzidzɔ gake medi be makeke nye subɔsubɔdɔa ɖe enu; eyata le July 1975 me la, mebia be masubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York. Womia asim be mava le December ma me.”

Dɔdasi gbãtɔ si wona Dennis enye be wòana kpekpeɖeŋu le Towers Hotel si nɔ anyi tsã tɔtrɔ wòazu afisi amesiwo le dɔ wɔm le dɔwɔƒegã la anɔ. Ewɔ dɔ ƒe geɖe le afima, eye wònɔ ƒuƒoƒo siwo ɖoa kpe zɔzrɔe dzi kpɔm. Emegbe eʋu yi California esime wòdi be yeaɖe srɔ̃. Le ƒe 1984 me la, eɖe mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Kathy Enz, le ɣeyiɣi si me wòzu hamemegã le Cathedral City hamea me.

Dennis kple Kathy ɖoe kplikpaa be yewoanɔ agbe tsɛ be yewoate ŋu awɔ geɖe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo me. Eyata Dennis gbena enuenu be yemawɔ dɔ nyui siwo ƒe mɔnukpɔkpɔwo su ye si le anyiehe California ƒe xɔtudɔ siwo nɔ dzidzedze kpɔm la me o. Le ƒe 1988 me la, eya kple Kathy bia be yewoana kpekpeɖeŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome xɔtudɔwo wɔwɔ me. Le ƒe ma ƒe December me la, wode dɔ asi na wo be woawɔ dɔ le alɔdze kekeɖenudɔ si le edzi yim la wɔwɔ me le Buenos Aires, Argentina.

Le ƒe 1989 me la, wokpe Dennis kple Kathy be woava wɔ dɔ kple Yehowa Ðasefowo ƒe xɔtudɔa wòadidi vie. Esi wonɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ sia wɔm la, wosubɔ zi eve le Suriname kple Colombia. Wokpɔ gome le alɔdzedɔwɔƒewo tutu me le Ecuador kple Mexico, tsɔ kpe ɖe xɔtudɔ bubuwo ŋu le Dominican Republic.

Mark Ge Ðe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Le ƒe 1976 me la, United States dziɖuɖua tsɔ agɔ si Mark kple Amerika sɔhɛ akpe nanewo dze si tae wosi yi Canada la ke wo. Eya kple srɔ̃a Kathi hã nɔ agbe si le tsɛ be woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe awɔ woƒe subɔsubɔdɔa. Eyata Mark wɔ anyigbadzidzedɔ ɣeyiɣia aɖe, eye eya kple Kathi xe fe siwo katã le wo ŋu hafi woxɔ nyɔnyrɔ.

Le ƒe 1978 me, esime Ðasefo siwo le Canada nɔ ɖoɖo wɔm be yewoatu alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe Toronto, Ontario la, Mark kple Kathi nɔ klalo eye wona kpekpeɖeŋu. Esi nuteƒekpɔkpɔ su Mark si le anyigbadzidzedɔ me ta la, wokpe wo be woava kpɔ gome le eme. Wokpɔ gome le dɔa wɔwɔ me le Georgetown vaseɖe esime dɔa wu enu le June 1981 me. Eyome woʋu yi British Columbia eye le ƒe ene siwo kplɔe ɖo me la, wokpe asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ tutu ŋu. Esi wowu etutu nu la, wogakpe wo ake be woava kpɔ gome le Canada ƒe alɔdzedɔwɔƒe kekeɖenudɔa me.

Le Georgetown nɔnɔ ɣleti ʋɛ aɖewo megbe le ƒe 1986 me la, wokpe Mark kple Kathi be woanye Canada ƒe alɔdzedɔwɔƒea me nɔlawo koŋ. Afimae wole dɔ wɔm le tso ɣemaɣi eye mɔnukpɔkpɔ geɖe su wo si le xɔtudɔwo wɔwɔ me le dukɔ bubu geɖewo me. Nuteƒekpɔkpɔ si su Mark si le anyigbadzidzedɔa wɔwɔ me na wole ezãm be wòadzidze anyigba siwo dzi woatu Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo kple Takpexɔwo ɖo le South Central America kple Carib-ƒukpowo dzi.

Le ƒe siwo va yi me la, eya kple Kathi subɔ le Venezuela, Nicaragua, Haiti, Guyana, Barbados, Bahamas, Dominica, United States (Florida), kple Dominican Republic. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ siae na Mark gava do go Dennis ake.

Ðekawɔwɔ Ake le Dominican Republic

Mark kple Dennis nɔ dɔ ɖeka wɔm le Dominican Republic, esi menɔ nyanya me na wo dometɔ aɖeke o. Gbeɖeka la, wova do go wo nɔewo le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe le Santo Domingo. Abe alesi nàkpɔe le susu me ene la, edzɔ dzi na wo ŋutɔ be wogava wɔ ɖeka ake. Ne èbu eŋu kpɔ la, ƒe 33 kple edzivɔ enye ma va yi eye nya geɖe le wo si woagblɔ le wo ɖokui ŋu na wo nɔewo. Wogblɔ nya geɖe siwo ƒe ɖewo nye esi nèxlẽ va yi, wòwɔ nuku ale gbegbe. Gake nusi wɔ nuku na wo—kpakple amesiame si wogblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔa na—wue nye nusiwo ɖi wo nɔewo le woƒe agbenɔnɔ me.

Wo ame evea siaa nɔ amesiwo ƒe nudodowo kple nuwɔnawo tɔa ŋku ƒe agbe eye woʋu yi kɔƒenutowo me be woaƒo asa na egbegbe ŋutilãmenuwo didi ƒe agbenɔnɔ si me dzimaɖitsitsi le. Dennis ɖe ɖetugbi si ŋkɔe nye Kathy; Mark hã ɖe ɖetugbi si ŋkɔe Kathi. Ŋutsuawo dometɔ ɖesiaɖe lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple ye esime wode Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe zi gbãtɔ. Wo katã xɔ nyɔnyrɔ le March 1974 me. Wo ame evea siaa va zu Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea nɔlawoDennis le United States eye Mark le Canada. Wo amea evea siaa ku kutri be woanɔ agbe tsɛ ale be woate ŋu aɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ. (Mateo 6:22) Wo ame evea siaa va kpɔ gome le dukɔwo dome xɔtudɔwo me eye woxɔ dɔdasi le dukɔ vovovowo me. Wo dometɔ aɖeke medo go wo xɔlɔ̃ xoxo aɖeke si xɔ Biblia ƒe nyateƒea o vaseɖe ɣeyiɣi si me wodo go le Dominican Republic.

Ðe Mark kple Dennis gblɔ be dzɔgbesee he nudogoɖenunu wɔnuku sia vɛa? Kpao. Wode dzesii abe alesi Biblia gblɔe ene be, “azãgbe kple nuɖiɖeame li na [mí] katã”ɣeaɖewoɣi le mɔ dodzidzɔname aɖe nu. (Nyagblɔla 9:11) Gake wogade dzesii hã be nu bubu aɖe wɔ akpa vevi aɖe le woƒe gododoa me: didi vevie si nɔ wo ame evea me ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu didi me kple lɔlɔ̃ si le wo me na Yehowa Mawu.

Dennis kple Mark ƒe ŋutinyaa hã gaɖo kpe nu vevi siwo dzena le dzianukwaretɔ siwo srɔ̃a Biblia me nyateƒea ŋu. Dennis gblɔ be: “Nɔnɔme siwo me mía kple Mark to ɖee fia be Yehowa nya amewo ƒe nɔnɔme, eye ne woƒe nɔnɔme va sɔ la, ehea wo ɖe eɖokui ŋu.”—Kronika II, 16:9; Yohanes 6:44; Dɔwɔwɔwo 13:48.

Mark gagblɔ kpee be: “Míaƒe nuteƒekpɔkpɔa na míeva se egɔme be ne ame aɖe trɔ eƒe agbenɔnɔ wòsɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi, tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe nɛ, hetsɔ eɖokui na la, Yehowa ate ŋu awɔ eƒe dzɔdzɔme nunana kple ŋutetewo ŋudɔ atsɔ ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ wòanye viɖe na eƒe amewo.”—Efesotɔwo 4:8.

Woƒe nuteƒekpɔkpɔa hã gaɖee fia be Yehowa Mawu yrana ɖe eƒe ame siwo nye dzianukwaretɔwo ƒe luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔdɔ dzi. Ðikeke mele eme o Dennis kple Mark see le wo ɖokui me be woyra yewo. Dennis gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔe wònye be woawɔ Fiaɖuƒea ƒe subɔsubɔdɔ ɣeyiɣiawo katã. Ena be mía kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wɔ dɔ ɖekae le xexeame godoo te ŋu de dzi ƒo na mía nɔewo.”

Mark gagblɔ kpee be: “Yehowa yraa amesiwo tsɔa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ geɖe ŋutɔ. Mebui be enye yayra geɖe be manye Canada alɔdzedɔwɔƒea nɔla eye be makpɔ gome le dukɔwo dome xɔtudɔwo me.”

Ðekawɔwɔ wɔnukue wònyea? Ẽ, elabena abe alesi Mark gblɔe ene la: “Susu vevitɔ si ta gododo mía nɔewo nye dzidzɔ gã aɖe na mí enye be mía dometɔ ɖesiaɖe va nya Mawu ɖeka kolia, Yehowa, helɔ̃e.”

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Dennis, le ƒe 1966 me

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mark, le ƒe 1964 me

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Dennis le South Dakota, le ƒe 1974 me

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Mark le Ontario, le ƒe 1971 me

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dennis kple Mark, kple wo srɔ̃wo, esime wodo go ake nukutɔe megbe kpuie, le ƒe 2001 me