Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Aids Dɔlékui Ate Ŋu Anɔ Ʋu Si Wodo Kpɔ Mea?

Ðe Aids Dɔlékui Ate Ŋu Anɔ Ʋu Si Wodo Kpɔ Mea?

Ðe Aids Dɔlékui Ate Ŋu Anɔ Ʋu Si Wodo Kpɔ Mea?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ

▪ NYA sia fɔ ɖe te le Nigeria esime wova de dzesii be nyɔnuvi vidzĩe aɖe xɔ AIDS dɔlékuia to ʋu si wodo nɛ le Nigeria ƒe kɔdzi xɔŋkɔwo dometɔ ɖeka la me.

Le dɔnɔdzikpɔƒea dzi kpɔla ƒe nya nu la, esi wodzi Eniola teti koe wokpɔe be asrã dzẽ (jaundice alo ictère) le eŋu. Ðɔktawo gblɔ be ehiã be woaɖe ʋu si le lãme nɛ la ahado bubu ɖe eteƒe, eye fofoa na woɖe eya ŋutɔ ƒe ʋu be woado na ɖevia. Gake wova kpɔe be vifofoa ƒe ʋua mesɔ kple ɖevia tɔ o, eya ta wotsɔ ʋu bubu le ʋudzraɖoƒe si le kɔa dzi la do nɛ. Eteƒe medidi o, wokpɔ AIDS dɔlékui le ɖevia ƒe ʋu me, evɔ AIDS mele edzilawo dometɔ aɖeke ŋu o. Le ɖɔktawo ƒe nya nu la, “wodo ʋu si wodo na ɖevia la kpɔ hekpɔe be AIDS dɔlékui mele eme o hafi doe nɛ.”

Ke afi kae ɖevia xɔ dɔa tso? Nigeria ƒe dziɖuɖua ku nyaa me heƒo nya ta be ʋu si wodo na ɖevia me koe wòanya xɔ dɔa tso. Nigeria ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gbugbɔ yɔ dɔlékuiŋutinunyala aɖe ƒe nya gblɔ be: “Esime wonɔ ʋua ɖem le enalaa ƒe lãme la, enɔ ɣeyiɣi si me womedea dzesi dɔlékuia le ame ƒe ʋu me o la me.”—Nigerian Tribune.

Nudzɔdzɔ sia ɖo kpe nyateƒe si wònye be ʋudodo gblẽa nu le ame ŋu la dzi. Esime United States Ƒe Dɔlélenutsitsi Kple Mɔxexe Ðe Enu Ŋuti Dɔwɔƒe nɔ nu me ɖem ku ɖe ɣeyiɣi si me womedea dzesi AIDS dɔlékuia le ame ƒe ʋu me o ŋu la, egblɔ be: “Ete ŋu xɔa ɣeyiɣi didi hafi dɔlélenutsiŋutete si le ame me te ŋu wɔa ʋumenu si wokpɔna le ʋua me hafi nyana be dɔlékuia le ame ƒe ʋu me, eye ɣeyiɣi sia ƒe didime toa vovo le ame ɖe sia ɖe gome. Ɣeyiɣi sia mee womedea dzesi AIDS dɔlékuia le ame ƒe ʋu me o. Ɣeyiɣi sia te ŋu nyea kwasiɖa 2 va ɖo 8 (ŋkeke 25 le mama dedie nu) le ame akpa gãtɔ gome. Togbɔ be ele alea hã, le ame aɖewo gome la, ɣeyiɣi sia agate ŋu adidi wu ema. . . . Ate ŋu axɔ ɣleti 6 le ame aɖewo gome, gake esiawo tɔgbi mebɔ o.”

Eya ta eme kɔ ƒãa be, ne wogado ʋu aɖe kpɔ hã la, mefia kokoko be AIDS dɔlékui manɔ eme o. AIDS dɔléle ŋuti numekuƒe aɖe si le San Francisco ɖe nu me be: “Togbɔ be ɣeyiɣi aɖe li si womate ŋu ade dzesi AIDS dɔlékuia le ame ƒe ʋu me o hã la, woate ŋu axɔe le ame ŋu bɔbɔe le ɣeyiɣi ma me. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi ma mee ame geɖe siwo ŋu dɔlékuia le la banae na ame bubuwo wu (si nye esime woawo ŋutɔwo xɔe le ame aɖe ŋu eteƒe medidi o).”

Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia Yehowa Ðasefowo le wɔwɔm ɖe se si Biblia de be ‘míatsri ʋu’ la dzi. (Dɔwɔwɔwo 15:29) Takpɔkpɔ si esia nyena na wo la ɖo kpe nunya si le toɖoɖo Mawu ƒe sewo me la dzi. Ne èdi be yenya nu geɖe tso atike bubu siwo woana wò ɖe ʋudodo teƒe la, xlẽ agbalẽ si nye How Can Blood Save Your Life? (Comment le sang peut-il vous sauver la vie?) *g08 06-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Yehowa Ðasefowoe tae. Yevugbe me ko wòle.