Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alekee Mawu Le?

Alekee Mawu Le?

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Alekee Mawu Le?

BIBLIA gblɔ be: “Mawu nye Gbɔgbɔ, eye ele be ame siwo le ta dem agu nɛ la natsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu.” Nya sia ɖe nyateƒenya vevi aɖe fia tso ale si Mawu le ŋu—gbɔgbɔe wònye! (Yohanes 4:19-24) Ke hã, woƒo nu tso eŋu le Biblia me abe amegbetɔ ene. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:19.

Biblia xlẽla aɖewo gblɔna be yewomesea ale si tututu Mawu le la gɔme o. Esi wònye be gbɔgbɔe Mawu nye, ke menye nu si ŋku ate ŋu akpɔ o ɖe, nu ka tae Biblia ƒoa nu tso eŋu zi geɖe abe ɖe ŋkuwo, towo, ŋɔti, dzi, abɔwo, asiwo, asibidewo, kple afɔwo le esi ene? * Ame aɖewo ate ŋu aƒo nya ta be ɖeko Mawu le abe amegbetɔ ene, le esi Biblia gblɔ be wowɔ ame ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu ta. Biblia me dzodzro tsitotsito akpe ɖe mía ŋu míase ale si Mawu le la gɔme nyuie.—1 Mose 1:26.

Nu Ka Tae Woƒo Nu Tso Mawu Ŋu Abe Amegbetɔ Ene?

Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia ŋlɔlawo woƒo nu tso Ŋusẽkatãtɔ la ŋu abe amegbetɔ ene bene amegbetɔwo nate ŋu ase ale si wòle la gɔme nyuie. Nunyalawo gblɔ be esia nye “nuƒoƒo tso Mawu ŋu abe amegbetɔ ene, alo abe ɖe eƒe dzedzeme le abe amegbetɔwo tɔ ene.” Nya siawo ɖe ale si womate ŋu azã amegbetɔwo ƒe gbegbɔgblɔ atsɔ aɖɔ Mawu vavã, Yehowa, wòade edeƒe o la fia. Nu si le vevie ye nye be woakpɔ ale si Mawu le la le susu me ahaɖee agblɔ le mɔ si gɔme amegbetɔwo ate ŋu ase bɔbɔe nu. Esia mefia be míabui be Mawu le pɛpɛpɛ abe nya siwo wotsɔ ɖɔe ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ ene o, abe ale si ko mele be míabui be Mawu nye “Agakpe,” “ɣe,” alo “akpoxɔnu” abe ale si Biblia ɖɔe ene o la ene.—5 Mose 32:4; Psalmo 84:12.

Nenema kee, esi Biblia ŋlɔlawo di be míanya be nɔnɔme nyui siwo le amegbetɔwo si la le Yehowa si le mɔ deblibo nu la, Biblia gblɔ be wowɔ ame le Mawu ƒe nɔnɔme nu. Eme kɔ ƒãa be, esia mefia be amegbetɔwo nye gbɔgbɔwo alo be Mawu le abe amegbetɔwo ene o.

Ŋutsue Mawu Nye Loo, Alo Nyɔnue?

Abe ale si ko ne woɖɔ Mawu abe ɖee amegbetɔwo ƒe ŋutinuwo le esi ene la, mefia be nenema tututue wòle o la, nenema kee ne woƒo nu tso Mawu ŋu abe ŋutsu ene la, mele be míatsɔe be nenemae wòle ŋutɔŋutɔ o. Nuwɔwɔ siwo míekpɔna dome koe ŋutsu alo nyɔnu, atsu alo asi ƒe vovototo sia le, eye esia ɖee fia be amegbetɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo mate ŋu aɖɔ ale si Mawu Ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, le ŋutɔŋutɔ la gbeɖe o.

Esi woyɔ Mawu be “Fofo” le Biblia me la, ekpe ɖe mía ŋu míese egɔme be míate ŋu atsɔ mía Wɔla la asɔ kple vifofo lɔ̃ame, ametakpɔla, si léa be na ame. (Mateo 6:9) Esia mefia be míabui be ŋutsu alo nyɔnue Mawu, alo gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubu siwo le dziƒo nye o. Ŋutsunyenye alo nyɔnunyenye ƒe nɔnɔme mele wo si o. Enyo be míade dzesii be Biblia ɖee fia be ame siwo woyɔ be woanye hadomenyilawo kple Kristo le eƒe dziƒo Fiaɖuƒe dziɖuɖua me la mekpɔa mɔ be yewoava nye ŋutsuwo alo nyɔnuwo ne wova do ŋutikɔkɔe na yewo abe Mawu ƒe gbɔgbɔ me viwo ene o. Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na wo be, ne wodo ŋutikɔkɔe na wo wozu Mawu ƒe gbɔgbɔ me viwo la, “ŋutsunyenye alo nyɔnunyenye [megali na wo] o.” Woɖɔ wo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hã be wonye Yesu Kristo, Alẽvi la, ƒe “ŋugbetɔ.” Esiawo katã ɖee fia be mele be míase ale si woƒoa nu tso Mawu, alo eƒe Tenuvi, Yesu, kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo ŋu abe amegbetɔwo ene la gɔme be nenemae wole ŋutɔŋutɔ o.—Galatiatɔwo 3:26, 28; Nyaɖeɖefia 21:9; 1 Yohanes 3:1, 2.

Esi Biblia ŋlɔlawo se akpa si ŋutsu wɔna gɔme nyuie ta la, woƒoa nu tso Mawu ŋu abe ŋutsu ene. Wokpɔe be ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na via siwo le anyigba dzi lɔlɔ̃tɔe abe vifofo ene la dzena le vifofo si wɔa eƒe wɔƒe nyuie la me.—Maleaxi 3:17; Mateo 5:45; Luka 11:11-13.

Mawu Ƒe Nɔnɔme Si Ƒo Ðe Sia Ðe Ta

Togbɔ be gbɔgbɔe Dziɖulagã sia si ɖeke mesɔ kpli o la nye hã la, menye ame si ŋu womate ŋu ate ɖo, si gɔme womate ŋu ase o, si meɖea eƒe susuwo gblɔna o ye wònye o. Gbɔgbɔ si wònye menye mɔxenu aɖeke na dzi dzɔdzɔetɔ siwo dina be yewoadze sii ahaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe eƒe lɔlɔ̃, ŋusẽ, nunya, kple dzɔdzɔenyenye, siwo nye eƒe amenyenye ƒe nɔnɔme aɖewo, siwo dzena ƒãa le eƒe nuwɔwɔwo me ŋu o.—Romatɔwo 1:19-21.

Gake Mawu ƒe nɔnɔme si ƒo ɖe sia ɖe ta, si nye lɔlɔ̃ la, ɖe ale si tututu wòle la fia. Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖe dzesi ale gbegbe be wogblɔ be eya ŋutɔ nye lɔlɔ̃. (1 Yohanes 4:8) Eƒe nɔnɔme nyoameŋu bubuawo, abe nublanuikpɔkpɔ, tsɔtsɔke, kple dzigbɔgbɔ blewu ene, dze le eƒe nɔnɔme vevi sia me. (2 Mose 34:6; Psalmo 103:8-14; Yesaya 55:7; Romatɔwo 5:8) Vavãe, Yehowa nye lɔlɔ̃ ƒe Mawu si le mí amegbetɔwo kpem be míate ɖe ye ŋu.—Yohanes 4:23.—g08 10-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

▪ Mawu ƒe ŋkɔ ɖe?—Psalmo 83:19.

▪ Nu kawo mee Mawu ƒe nɔnɔmewo dzena le?—Romatɔwo 1:19-21.

▪ Mawu ƒe nɔnɔme kae ƒo ɖe sia ɖe ta?—1 Yohanes 4:8.