Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyɔ! Kpe Ðe Eŋu Le Mɔ Si Menɔ Mɔ Kpɔm Na O Nu

Nyɔ! Kpe Ðe Eŋu Le Mɔ Si Menɔ Mɔ Kpɔm Na O Nu

Nyɔ! Kpe Ðe Eŋu Le Mɔ Si Menɔ Mɔ Kpɔm Na O Nu

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE BENIN GBƆ

▪ Esime Noël si xɔ ƒe 23 la tso nya me be yeadzudzɔ sukudede ahazu Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla la, ɖikeke nɔ eƒe ƒometɔwo me nenye be ate ŋu akpɔ eɖokui dzi. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui kpɔkpɔ nɔ sesẽm nɛ. Eya ta esime Nyɔ! ƒe nyati nyui si nye “Afɔ Atɔ̃ Siwo Nàɖe Be Nàkpɔ Dɔwɔɖui” do la, Noël xlẽe nyuie zi gbɔ zi geɖe. * Ðe wòkpe ɖe eŋua? Ɛ̃, gake menye le mɔ si wòkpɔ mɔ na nu o.

Esime Noël nɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me la, sukudzikpɔla aɖe kpɔe hebiae be Yehowa Ðasefoe wònye hã. Sukudzikpɔlaa di be yeaxɔ nufiala yeye, eye esi wònya be Yehowa Ðasefowo fiaa nu nyuie ta la, ebia Noël be ɖe wònya ame aɖe si dɔ sia ado dzidzɔ na hã. Esi Noël ɖo eŋu be oa la, sukudzikpɔlaa xɔ edzi gblɔ be, “Ke wò ya ɖe?”

Afi si Noël de suku se ɖo na wòdze ate ŋu afia nu, gake mefia nu le suku aɖeke kpɔ o, eye wòkukɔna hã ɣeaɖewoɣi. Esia nyea kuxi le Benin elabena nufiafiadzikpɔdɔwɔƒe bia be ele be woado ame kpɔ gbã ahaka ɖe edzi be mekukɔna o hafi. Sukudzikpɔlaa de dzi ƒo nɛ gblɔ be: “Yi nàxɔ ɖaseɖigbalẽa, eye maxɔ wò ɖe dɔa me.”

Noël wɔ ŋgɔyiyi nyuie le Teokrasi Subɔsubɔ Suku, si nye suku si ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe amewo ŋu woabi ɖe nuƒoƒo le dutoƒo me, si wowɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me kwasiɖa sia kwasiɖa la me. Eƒoa dutoƒonuƒowo kura gɔ̃ hã le hame si me wòle me. Ke hã, dzika nɔ etsom esime wòyi dodokpɔa wɔ ge.

Dodokpɔa dzi kpɔla tsɔ magazine aɖe nɛ hebia tso esi be wòakɔ gbe dzi axlẽ memama aɖe si wode dzesii. Ewɔ nuku na Noël ŋutɔ esi wòkpɔe be nyatiae nye “Afɔ Atɔ̃ Siwo Nàɖe Be Nàkpɔ Dɔwɔɖui.” Exlẽ memamaa nyuie wòzɔ tẽe eye wonɛ ɖaseɖigbalẽ la.

Dodokpɔa dzi kpɔla gblɔ emegbe be yexlẽa Yehowa Ðasefowo ƒe magazinewo edziedzi. Eɖe nu me be: “Nufiame geɖewo nɔa magazine siawo me eye woŋlɔa wo nyuie ale gbegbe be mezãa wo tsɔ ɖoa dodokpɔ zi geɖe.”

Noël dze nufiafiadɔa gɔme, eye sukudzikpɔlaa di be yeaɖe mɔ nɛ wòayi nufiafiadɔa dzi le ƒe si akplɔe ɖo me, ke hã, ɖoɖo bubuwo nɔ Noël si. Wokpee be wòava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe, eye afi mae wòle fifia.—g08 09-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Kpɔ July 8, 2005, ƒe Nyɔ! yevugbe me tɔ axa 4-9.