Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Ka Tae Mevɔ̃na Be Maƒo Nu Tso Nye Dzixɔse ŋu?

Nu Ka Tae Mevɔ̃na Be Maƒo Nu Tso Nye Dzixɔse ŋu?

Sɔhɛwo Biana Be

Nu Ka Tae Mevɔ̃na Be Maƒo Nu Tso Nye Dzixɔse ŋu?

“Mɔnukpɔkpɔ nyuiwo ʋu ɖi nam be maƒo nu tso nye dzixɔsewo ŋu le suku. Gake nyemeƒo nu tso wo ŋu o.”—Kaleb. *

“Míaƒe nufiala bia mí sukuviawo be míagblɔ nu si míesusu tso nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia, si nye be ɖeko nuwo ŋutɔ dzɔ le wo ɖokui si, la ŋu. Menya be mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe wònye nam be maƒo nu tso nye dzixɔse ŋu. Gake ɖeko mezi kpi, nyemegblɔ nya aɖeke o. Emegbe la, eva te ɖe dzinye vevie.”—Jasmine.

NE Kristotɔ sɔhɛe nenye la, ɖewohĩ wò hã èto nɔnɔme si me Kaleb kple Jasmine to la tɔgbi me kpɔ. Abe woawo ke ene la, ànya kpɔ ŋudzedze ɖe Biblia me nyateƒe siwo nèsrɔ̃ la ŋu eye àdi be yeaƒo nu tso wo nu na ame bubuwo. Ke hã, ne èbu nuƒoƒo tso wò dzixɔsewo ŋu na amewo ŋu la, vɔvɔ̃ ɖoa wò. Gake àte ŋu ana dzideƒo geɖe nasu asiwò. Alekee? Wɔ ɖe afɔɖoƒe siwo gbɔna la dzi ne èle dzadzram ɖo ɖe sukuƒe yeye ɖe sia ɖe gɔme dzedze ŋu:

1. De dzesi nu siwo nèvɔ̃na na. Ne ède ŋugble le ale si nàƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu ŋuti la, ele bɔbɔe be nàsusu ale si amewo awɔ nu tovo ɖe ŋuwò la ŋu! Gake ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu aɖe wò vɔvɔ̃a dzi kpɔtɔ ne èŋlɔ nu siwo nèvɔ̃na na la ɖi.

Wu nya si gbɔna la nu.

▪ Ne meƒo nu tso nye dzixɔsewo ŋu le suku la, nu si ate ŋu adzɔe nye:

․․․․․

Afa akɔ na wò be nànya be nu siwo nèvɔ̃na la kee Kristotɔ sɔhɛ bubuwo hã vɔ̃na na. Le kpɔɖeŋu me, Christopher si xɔ ƒe 14 la lɔ̃ ɖe edzi be, “Mele vɔvɔ̃m be ɖeviwo aɖu fewu le ŋunye eye woagblɔ na ame sia ame be meto vovo.” Eye Kaleb, ame si ŋu míeƒo nu tso le nyati sia ƒe gɔmedzedze la gblɔ be, “Metsi dzi be ame aɖe ava bia nya aɖem si ŋu nyemate ŋu aɖo o.”

2. Kpɔ mɔ be woaɖu fewu le ŋuwò. Ðe wòfia be susu aɖeke meli si ta nàvɔ̃ ɖo oa? Mefia nenema kokoko o. Ashley gblɔ be: “Ðevi aɖewo wɔ abe ɖe wodi ŋutɔŋutɔ be yewoanya nu tso nye dzixɔsewo ŋu ene. Gake emegbe la, wotrɔ nya siwo megblɔ la gblɔ bubui tsɔ ɖu fewu le ŋunye le amewo dome.” Nicole, si xɔ ƒe 17 gblɔ nu si me wòto be: “Ðekakpui aɖe tsɔ ale si woɖe mawunyakpukpui aɖe me le eƒe Biblia me sɔ kple ale si woɖe eme le tɔnyea me eye wòkpɔe be nya siwo wozã la to vovo, eye wògblɔ be wotrɔ nyaawo le nye Biblia me. Nye nu ku! Nyemenya nya si tututu magblɔ o.” *

Nɔnɔme siawo tɔgbi ate ŋu ana dzi naɖe le ame ƒo ŋutɔ! Gake le esi teƒe be nàna ta la, bu wo boŋ be wonye nu siwo ate ŋu adzɔ ɖe dziwò le esi nènye Kristotɔ ta. (2 Timoteo 3:12) Matthew si xɔ ƒe 13 gblɔ be: “Yesu gblɔ be woati ye yomedzelawo yome, eya ta mele be míakpɔ mɔ be ame sia ame alɔ̃ míaƒe nya alo akpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu o.”—Yohanes 15:20.

3. Bu viɖeawo ŋu. Ðe nu nyui aɖe ate ŋu ado tso nu si dze abe numadzɔmadzɔ ene, si wowɔ ɖe ŋuwò la mea? Amber si xɔ ƒe 21 xɔe se nenema. Egblɔ be: “Esesẽ be nàɖe wò dzixɔsewo me na ame siwo medea bubu Biblia ŋu o. Gake esia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kakaɖedzi le nu si dzi nèxɔ se la ŋu.”—Romatɔwo 12:2.

Galé ŋku ɖe nu siwo nèŋlɔ ɖi ku ɖe Afɔɖoƒe gbãtɔa ŋu be woate ŋu adzɔ ne yedi be yeaɖi ɖase la ŋu ake. De ŋugblẽ tso nu nyui eve ya teti siwo ate ŋu ado go tso nudzɔdzɔ ma me ŋu, eye nàŋlɔ wo ɖe ete.

1 ․․․․․

2 ․․․․․

Aɖaŋuɖoɖo: Aleke nuƒoƒo tso wò dzixɔsewo ŋu ate ŋu aɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu dzi kpɔtɔ? Aleke esia wɔwɔ ana nàtu dzinɔameƒo ɖoe? Aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò lɔlɔ̃ na Yehowa dzi? Eye aleke wòakpɔ ŋusẽ ɖe ale si wòase le eɖokui me le ŋuwòe la dzi?—Lododowo 23:15.

4. Dzra ɖo. Lododowo 15:28 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.” To vovo na ŋugbledede tso nya siwo nàgblɔ ŋu la, dze agbagba nàbu nya siwo amewo ate ŋu abia wò la ŋu. Wɔ numekuku tso biabia mawo ŋu, eye nàdzra ɖo ɖe ale si nàɖo wo ŋu dzigbɔɖeanyitɔe la ŋu.—Kpɔ aɖaka si nye  “Dzra Nyaŋuɖoɖoa Ðo,” si dze le axa 29.

5. Ale si nàdze dzeɖoɖo gɔme. Ne èdzra ɖo ɖe nuƒoƒo tso wò dzixɔsewo ŋu ŋuti vɔ la, aleke nàdze dzeɖoɖoa gɔmee? Eƒe mɔnu vovovowo li. Le gɔmesese aɖe nu la, míate ŋu atsɔ nuƒoƒo tso wò dzixɔse ŋu asɔ kple tsiƒuƒu: Ame aɖewo gena ɖe tsia me blewuu; ame bubuwo ya dzona dzea eme. Nenema kee wò hã àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme tso nyati aɖe si meku ɖe subɔsubɔnyawo ŋu o dzi, eye vivivi la, nàtrɔ mɔ nɛ abe ɖe nèle tsia ƒe nɔnɔme dom kpɔ ene. Gake ne ètsi dzi ɖe nu si ate ŋu adzɔ ŋu fũu la, ekema àte ŋu ayi nyaa gbɔ tẽe, abe ɖe ‘nèdzo dze tsia me’ ene. (Luka 12:11, 12) Andrew si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Nuƒoƒo tso nye dzixɔse ŋu ŋu bubu ɖeɖe dza doa ŋɔdzi nam wu egbɔgblɔ. Gake ne menya dze dzeɖoɖoa gɔme ko la, eva nɔa bɔbɔe nam wu ale si mesusui!” *

6. Wɔ susu ŋu dɔ. Abe ale si ko màdzo adze tsi aɖe si me megoglo o me o ene la, nɔ ŋudzɔ be màƒo ɖokuiwò ɖe nyahehe si ŋu viɖe aɖeke mele o la me o. Nenɔ susu me na wò be nuƒoɣi li eye nenema kee ɖoɖoeziɣi hã li. (Nyagblɔla 3:1, 7) Ɣeaɖewoɣi la, Yesu kura gɔ̃ hã meɖo nya ŋu na amewo o. (Mateo 26:62, 63) Eye gɔmeɖose sia nenɔ susu me na wò, be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.”—Lododowo 22:3.

Eya ta ne èkpɔe be amewo di be yewoaʋli nya kpli wò la, ekema ‘mègade ta eme o.’ Le ema teƒe la, ɖo nya ŋu kpuie aɖaŋutɔe. Le kpɔɖeŋu me, ne wò sukuxɔmevi aɖe le nya dim le ŋuwò hebia wò be, ‘Nu ka tae mènoa sigaret o?’ hã la, àte ŋu agblɔ kpuie ko be, ‘Esi nyemedi be maƒo ɖi nye ŋutilã o tae!’ Àte ŋu anɔ te ɖe ale si amea awɔ nui dzi anya ne àyi edzi aƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu nɛ loo alo màyi edzi o.

Afɔɖoƒe siwo me míedzro va yi la akpe ɖe ŋuwò ‘nànɔ dzadzraɖo ɖi ɣesiaɣi be nàʋli’ wò dzixɔse ta. (1 Petro 3:15) Le nyateƒe me la, be nànɔ dzadzraɖo ɖi mefia be màgavɔ̃ kura o. Gake Alana si xɔ ƒe 18 gblɔ be: “Ne ète ŋu ƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu togbɔ be ènɔ vɔvɔ̃m gɔ̃ hã la, ana nàse le ɖokuiwò me be yewɔ nu gã aɖe—be yete ŋu ɖu vɔvɔ̃ dzi eye yelɔ̃ faa be yeakpe akɔ kple nu si ate ŋu ado tso eme, ne nuwo meva yi nyuie o gɔ̃ hã. Eye ne nuwo nyuie la, àkpɔ dzidzɔ ŋutɔ! Àkpɔ dzidzɔ be dzi nɔ ye ƒo yete ŋu ɖe yeƒe dzixɔsewo me.”—g09 07-E.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 11 Biblia ƒe gɔmeɖeɖe vovovoawo zãa nya vovovowo tsɔ gblɔa nya ɖeka ma ke. Ke hã, Biblia aɖewo me nyawo sɔ pɛpɛpɛ kloe kple gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo.

^ mm. 19 Kpɔ aɖaka si nye  “Dzeɖonyagɔmedzenyawo” si le axa 30.

BU NYA SIAWO ŊU

Ðe wòanye be susu siwo gbɔna la anɔ sukuhati aɖewo sia?

‘Menya be Yehowa Ðasefoe nènye. Ðewohĩ àsusu be ɖe medi be maɖu fewu le ŋuwò, gake le nyateƒe me la, medea bubu ŋuwò ŋutɔ. Nu ka tae togbɔ be kuxiwo bɔ ɖe xexea me ŋutɔ hã la, wò ya mètsia dzi kura o? Mele vɔvɔ̃m. Ðe aʋa ava dzɔ le míaƒe dukɔa mea? Ðe dzinyelawo ate ŋu akpɔ dzinye mawu suku nua? Ðe sukuvi aɖe ava wɔ nuvevim gbe ɖeka? Medea ŋugble tso nya geɖe ŋu, gake edze abe wò ya kakaɖedzi blibo le asiwò ɖe etsɔme ŋu ene. Subɔsubɔha si me nèle ta yea? Medina be míaɖo dze tso nya sia ŋu, gake mevɔ̃na be magblɔe na wò ɖa. Meɖe kuku, màte ɖe ŋunye aɖe nya sia me nam dzro oa?’

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Ɣe sia ɣi si meƒo nu tso nye dzixɔsewo ŋu la, ɖevi aɖewo koam vevie. Gake zi geɖe ne wokpɔ be nyemetsɔ ɖeke le eme o la, wodzudzɔa fewuɖuɖu le ŋunye.”​—Francesca, Luxembourg.

“Ne mègblɔ na amewo be Kristotɔ yenye o la, màgava nya akpa si tututu nèle o, eye kaka nànya la, àva nɔ nu wɔm abe ame bubuwo ke ene. Mele be nàdze amewo yome o, ke boŋ ele be nàyi edzi alé wò dzidzenuwo me ɖe asi.”​—Samantha, United States.

“Esime nyemetsi fũu o la, nyemedina be mato vovo tso ɖevi bubuwo gbɔ o. Gake mevanɔ dzesi dem ale si nye dzixɔsewo kpena ɖe ŋunye metea ŋu nɔa agbe ɖɔʋui. Esia nyanya do ŋusẽm—ena mekpɔa ŋudzedze ɖe nye dzixɔsewo ŋu.”​—Jason, New Zealand.

[Aɖaka si le axa 30]

 DZEÐONYAGƆMEDZENYAWO

“Nu kawoe nèɖo be yeawɔ ne míeke mɔ?” [Ne eɖo eŋu vɔ la, gblɔ ɖoɖo siwo nèwɔ ku ɖe wò subɔsubɔ ŋu, abe takpekpewo dede alo dɔ geɖe wɔwɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ene nɛ.]

▪ Ƒo nu tso nyadzɔdzɔ aɖe ŋu, eye emegbe nàbia be: “Wò hã èse nyadzɔdzɔ sia? Aleke nèse le ɖokuiwò me?”

“Èsusu be xexea ƒe gakuxiwo [alo yɔ kuxi bubu aɖe] ava ka ɖe emea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nu ka tae nèse le ɖokuiwò me nenema?”

“Subɔsubɔha ka mee nèle?”

“Ame ka tɔgbie nàdi be yeanye le ƒe atɔ̃ siwo gbɔna me?” [Ne eɖo eŋu vɔ la, gblɔ gbɔgbɔmetaɖodzinu siwo le asiwò la nɛ.]

[Nyaɖoɖo si le 29]

 (Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Dzra Nyaŋuɖoɖoa Ðo Lã axa sia!

Aɖaŋuɖoɖo: Dzro aɖaka sia me kple dziwòlawo kple xɔ̃wòwo. Kpee ɖo. Emegbe kpɔe ɖa be àte ŋu asusu nya bubu siwo wò sukuhatiwo ate ŋu abia wò hã.

Biabia Ŋuɖoɖo

Alekee nèbua Nyemelé fu ame siwo kpɔ

Agbenɔnɔ vidzinu ɖeka agome le nu sia me o,

tɔgbi tɔwo ƒe gake nyemeda asi ɖe

gbɔdɔdɔ? woƒe nuwɔnaa dzi.

Gbeɖoɖoɖi Nu ka tae Meɖoe be nyemanɔ

mèɖoa gbe ɖi o? kadodo ma me kple ame

aɖeke o va se ɖe

esime metsi nyuie.

Dunyahehe Nu ka tae mèdoa Medea bubu dukɔ si me

gbe na aflaga o? mele ŋu, gake

nyemesubɔnɛ o.

Ŋuɖoɖo Nu ka tae Malɔ̃ be woado atike bubu

mielɔ̃na wodoa siwo me nyemaxɔ AIDS

ʋu na mi o? dɔlékui le o la nam.

Gake Biblia gblɔ be

míatsri ʋu, esia tae

nyemalɔ̃ woado ʋu nam o ɖo.

Asimasi nye miaƒe Wofia Mawu ƒe nudidiwo

ha me tɔ, eye ewɔ mi,gake womezia mia dzi be

Tiatiawo nu si kple ekemɛ. miawɔ naneke o! Ele na mí

Nu ka tae wò ya katã be míawɔ míawo

mawɔe o? ŋutɔwo míaƒe tiatia.

Nu ka tae mèxɔ Nu ka ta wòle be maxɔ edzi

Nuwɔwɔwo nɔnɔmetɔtrɔ ƒe se ɖo? Dzɔdzɔmeŋuti-

nufiafia dzi se o? nunyalawo gɔ̃ hã melɔ̃ ɖe

nya ɖeka dzi o, evɔ woawoe

wòle be woanyae wu hafi!

Nya si woagabia Numekuku Ŋuɖoɖo

Menye 1 Korintotɔwo 6:9,10; → Ao; nyemeda

Agbenɔnɔ nazãbubue Questions Young asi ɖe agbe

nye ema oa? People Ask. . . gbegblẽ nɔnɔ

(Sɔhɛwo Biana ƒomevi aɖeke

Be. . .gbalẽa) dzi o—​vidzinu

Babla 2, ta 28. * ɖeka tɔgbi

tɔwo tɔkple

bubuawo siaa.

Subɔsubɔha Hawo ƒe Ha 8:4; → Ɛ̃. Srɔ̃ɖeɖee

Gbeɖoɖoɖi si me nèle Young People Ask, nye taɖo-

ta yea? (Sɔhɛwo Biana Be. . .) dzinu si ta

Babla 2, ta 1. míeɖoa gbe

ɖi ɖo, gake

nye ya nye-

mele klalo

na srɔ̃ɖeɖe

haɖe o!

→ Efia be Yesaya 2:4; Yohanes Ɛ̃, nyemayi aʋa o,eye

màyi aʋa 13:35; Nuka Tututue Nye Yehowa Ðasefo

Dunyahehe aʋli miaƒe Biblia ƒe miliɔn geɖe

dukɔa Nufiafia? siwo le dukɔ

ta oa? axa 148-151. * bubuwo me malɔ̃

awɔ aʋa kple

dukɔ sia hã o.

→ Gake ne èɖo Dɔwɔwɔwo 5:28, 29; → ․․․․․

kudonu eye Hebritɔwo 11:6;

nèlɔ̃ wodo ʋu Biblia ƒe Nufiafia,

Ŋuɖoɖo wò ɖe? gbalẽa axa 129-131.

Ðe Mawu

matsɔe ake

wò oa?

→ Ðe esia mefia ․․․․․ ․․․․․

Tiatiawo be ame sia ame

ŋutɔ kple eƒe

dzidzenue oa?

Nuwɔwɔwo → ․․․․․ ․․․․․ ․․․․․

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 54 Yehowa Ðasefowoe ta wo.

^ mm. 56 Yehowa Ðasefowoe ta wo.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Nuƒoƒo tso wò dzixɔsewo ŋu le abe tsiƒuƒu ene. Àte ŋu atiae be yeage ɖe tsia me blewuu​—alo yeadzo dze eme!