Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu
▪ “Dzɔdzɔmefɔku siwo le dzɔdzɔm egbea la dometɔ esieke le ewo me tsoa yame ƒe nɔnɔmewo gbɔ. Akɔntabubuwo ɖee fia be le ƒe blaeve siwo va yi me la, dzɔdzɔmefɔku siwo dzɔna ƒe sia ƒe la dzi ɖe edzi tso 200 va ɖo 400.”—JOHN HOLMES, SI NYE DUKƆ ƑOƑUAWO ƑE DƆWƆƑE SI KPƆA AFƆKU KPATAWO KPLE KPEKPEÐEŊUNADƆWO ƑE NYAWO GBƆ LA ƑE ÐOÐOWO GBƆ KPƆLA.
Nana Be Dumevidzidziwo Nanya Woƒe Gomenɔamesiwo
Woɖe Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Segbalẽ Si Ku Ðe Dumevidzidziwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋu, si dzi woda asi ɖo le ƒe 2007 me la, gɔme ɖe Mexico tɔwo ƒe gbe siwo wodona wu la dometɔ eve, siwo nye Maya kple Nahuatl, me fifia. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Universal gblɔ be: “[Mexico du gãa me tɔ siwo] ade miliɔn 10 kloe menya woƒe gomenɔamesiwo o. Esia wɔe be zi geɖe la, womenyana be wole yewo tafam gɔ̃ hã o.” Wogblɔ be segbalẽ sia si gɔme woɖe la anye dɔwɔnu nyui aɖe si akpe ɖe ame siawo ŋu woana be amewo nade bubu woƒe gomenɔamesiwo ŋu.
Ðetugbi Leaƒewo Le Woƒe Ðetugbinyenye Dzram
Polandtɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be ale si sɔhɛ siwo le Poland la dometɔ aɖewo dina vevie be yewoakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me zi gbãtɔ ɖe ga ta la wɔa nuku na hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo ŋutɔ. (Newsweek Polska) Susuŋutinunyala, Jacek Kurzępa, si le Zielona Góra ƒe Yunivɛsiti la gblɔ be: “Afi sia afi si sɔhɛwo le la, wosena wogblɔna be: woate ŋu adzra nu ɖe sia ɖe faa.” Sɔhɛ siwo le boblo dom wo ɖokuiwo le Internet dzi be yewoadzra yewoƒe ɖetugbinyenye na ame si axe ga geɖe wu la le dzidzim ɖe edzi. Gake nu siwo gbegbe nyametsotso sia si sɔhɛ siawo wɔna gblẽna le wo ŋu la mele gbɔgblɔ me o. Aƒetɔ Kurzępa gblɔ be: “Nyametsotso sia gblẽa nu le ame ŋu hena eƒe agbemeŋkekewo katã eye wògblẽa nu le amea kple ame si wòava ɖe mlɔeba la dome ƒomedodo hã ŋu.”
Wotso Du Gãwo Ðe Amazon La Kpɔ
Ðewohĩ wotso du gã siwo “ŋu wotɔ kpɔ kɔkɔwo ɖo” la ɖe Amazonia ƒe anyiehe ƒe akpa gã aɖe, si wosusuna be enye avedodo tso dzɔdzɔme ke la kpɔ. Amegbetɔŋutinunyala siwo le dɔ wɔm le Mato Grosso, Brazil lae ƒo nya ta nenema. Woke ɖe “du vovovo siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kpakple kɔƒedu suesuesue, siwo katã do ka kple wo nɔewo,” siwo dzi avedodo si ƒe didime anɔ kilometa 177 eye eƒe kekeme anɔ kilometa 170 ene vu tsyɔ̃, la ŋu. Dua aɖewo ƒe lolome nye agbleka 150. Akɔnta aɖe si Florida ƒe Yunivɛsiti, afi si nunyala siwo ke ɖe teƒea ŋu wɔa dɔ le, bu ƒe nya nu la, wogblɔ be amewo va tso kɔƒe ɖe teƒea “anɔ abe tso ƒe 1250 va ɖo ƒe 1650 me ene, eye anɔ eme be Europatɔ dutanyigbaxɔlawo kpakple dɔléle siwo wohe vae lae wu nutoa me tɔ akpa gãtɔ.”
Nu Miemiewo Naa Ame Siwo Wowɔ Dɔ Na Hayana Kaba
Tso gbe aɖe gbe ke la, amewo susui be tete ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu ate ŋu aɖe nuteɖeamedzi dzi kpɔtɔ, ana dzidzeme ame, eye ate ŋu aɖe dɔnɔwo ƒe vevesese dzi kpɔtɔ. Numekuku si wowɔ nyitsɔ laa la ɖo kpe nya sia dzi. Woka nya ta be: “Woma dɔnɔ siwo wowɔ dɔ na, siwo wonɔ atike wɔm na be woahaya la dome ɖe kɔdzixɔ siwo me nu miemiewo le kple xɔ siwo me nu miemiewo mele o la me.” (Science Daily) Wokpɔe be dɔnɔ siwo nɔ xɔ siwo me nu miemiewo nɔ me la mese veve sɔ gbɔ o, womehiã vevesesenulétikewo fũu o, woƒe dzi ƒe dɔwɔwɔ kpakple ʋu ƒe sisi nɔ nɔnɔme nyuitɔ me, eye woka nya ta be wokpɔ ŋudzedze ɖe xɔ si me wonɔ ƒe nɔnɔme ŋu geɖe wu wo hati siwo ƒe xɔ me nu miemiewo menɔ o la. Dɔnɔ siwo nɔ xɔ siwo me nu miemiewo nɔ me la dometɔ 93 le alafa me gblɔ be “nu si do dzidzɔ na yewo koŋ” le yewoƒe xɔa me ŋue nye nu miemieawo.—g09 09-E.