Meyi Edzi Ku Ðe Mawu Ƒe Nuɖusi Ŋu
Meyi Edzi Ku Ðe Mawu Ƒe Nuɖusi Ŋu
▪ Wodzi Jezreel si le Mexico la kple ŋutigbalẽŋudɔ aɖe si mebɔ o, si ƒe dome wonyina tso ame dzilawo gbɔ, si woyɔna be congenital lamellar ichthyosis. Dɔ sia na eƒe ŋutigbalẽ ƒe akpa gãtɔ ƒu ƒlatsa heɖena abe tɔmelãtsro ene. Jezreel gblɔ be: “Esia na be amewo ƒoa asa nam, evɔ menye dɔxɔleameŋue wònye o.”
Tso Jezreel ƒe ɖevime ke la, wowɔ atike nɛ le dɔnɔkɔdzi vovovowo. Esi wòxɔ ƒe eve la, woɖee ɖe vovo ɖe teƒe aɖe le kɔa dzi, si dɔlékui aɖeke mele o, ale be wòagaxɔ dɔ bubu aɖeke tso ame bubuwo gbɔ o. Ke hã, naneke mete ŋu na eƒe ŋutigbalẽŋudɔa ka ɖe eme o. Esi amewo gbea tete ɖe eŋu ta la, nu va te ɖe edzi ale gbegbe be eva hiã be woazã susumedɔdamɔnuwo nɛ be wòate ŋu aɖu eƒe seselelãmewo dzi.
Ame siwo susui be ame bubuwo ate ŋu axɔ Jezreel ƒe dɔa la ƒoa asa na eya amea. Esia tena ɖe edzi ŋutɔ, vevietɔ esime wònɔ ɖevime hedina be yeade ha kple ɖevi bubuwo ahafe fefe kpli wo. Egblɔ be: “Woɖua fewu le ŋunye heyɔa megbeŋkɔwo nam be Mummy (ame kuku si wosi atike na), kple Getsoyame.”
Le go bubu me la, dɔléle sia si le Jezreel ŋu la naa mɔnukpɔkpɔwo sua esi wòƒoa nu tso eƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ te ɖe Biblia dzi la ŋu na amewo. Ame aɖewo tena ɖe eŋu hebianɛ be dzoe fiãe mahã. Ne eɖo eŋu be ao la, wobianɛ be ekema nu ka gbɔe wòtso be eƒe ŋutigbalẽ le alea mahã. Eɖea nu si gbɔ eƒe ŋutigbalẽŋudɔa tso la me na wo hegblɔna na wo be atike aɖeke meli egbea si daa dɔ sia o.
Emegbe egblɔna be, “Mɔkpɔkpɔ nyuitɔ kekeake le asinye elabena Yehowa Mawu do ŋugbe be ame siwo katã awɔ yeƒe sewo dzi la ava nɔ agbe le xexe yeye si me woavo tso dɔléle kple vevesese me la me.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Nuƒoƒo tso dɔlélea ŋu alea na be Jezreel te ŋu dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple amewo, eye dzi dzɔe esi wòkpɔe be ame siawo dometɔ aɖewo va zu ye hati Mawu subɔlawo.
Jezreel gblɔ be: “Edzɔa dzi nam ŋutɔ be wodzim ɖe Kristotɔwo ƒe ƒome me, eye abe Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ene la, xɔlɔ̃ kplikplikpliwo le asinye. Eye wo dometɔ aɖeke meƒoa asa nam le ale si nye ŋutigbalẽ le ta o. Wonyrɔm ɖe tsi me mezu Yehowa Ðasefowo esi mexɔ ƒe 17, eye tso ɣemaɣi la, mɔnukpɔkpɔ geɖewo su asinye le mía Wɔla la subɔsubɔ me ƒe 14 nye esia.”
Jezreel ƒe susu nɔa Yehowa ƒe nya fakɔname siwo dze le Yesaya 41:10, 13 la dzi, si gblɔ be: ‘Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Matsɔ nye xɔname ƒe nuɖusi alé wò. Elabena nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.’
Kuku ɖe Yehowa ƒe xɔname ƒe nuɖusi ŋu kpe ɖe Jezreel ŋu be mebua eƒe dɔlélea ŋu fũu akpa o, eye wòtea ŋu nɔa te ɖe kuxi siwo katã dɔléle sia hena vaa edzi la nu. Jezreel hã le ame miliɔn bubu geɖe siwo le mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo me vava la dome.—g09 09-E.