Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BLEMATƆWO ŊUTI NYA | NUDIDIA

Se Si Wode Le Mawu Ƒe Ŋkɔ Mee Wònyea?

Se Si Wode Le Mawu Ƒe Ŋkɔ Mee Wònyea?

“Ne mimewɔ nu sia o la, . . . le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me la, madze mia dzi, eye maho aʋa ɖe mia ŋu le goawo katã me le mɔ sia mɔ nu, eye mana miabɔbɔ ɖe Sɔlemeha la kple Fiagã la ƒe kɔkuti te ahaɖo toe; eye makplɔ mia srɔ̃wo kple mia viwo woazu kluviwo, . . . maxɔ miaƒe kesinɔnuwo eye matu nu kpli mi ale si mate ŋui. . . . Ku sia si miaku kple fukpekpe siwo ava mia dzi la ƒe fɔbubu anɔ miawo ŋutɔwo mia dzi, ke manɔ Fiagã la alo mía dzi o.”

ESIAE nye dziɖuɖumegãwo ƒe sedede siwo wɔ moya wu la dometɔ ɖeka. Enye gbedeasi aɖe si woyɔna be Nudidi, alo el Requerimiento le Spaingbe me. Gbedeasi siae Spaintɔ anyigba yeye xɔlawo xlẽna le ƒe 1500 ƒe ƒeawo me ne wova Amerika-nyigbawo dzi be yewoaxɔ wo.

Gbedeasi ka tututue Spaintɔ anyigba yeye xɔla siawo gblɔna na anyigba ma dzi tɔwo, eye nu ka tae?

Amewo Dzi Zizi Be Woazu Katolikotɔwo

Esi Columbus va ɖo Amerika-nyigbawo dzi le ƒe 1492 me megbe kpuie la, ʋiʋli ɖo Spain kple Portugal dome, wo dometɔ ɖe sia ɖe be yee dze aɖu anyigba mawo dzi. Esi wònye be dukɔ eve siawo bua Katolikotɔwo ƒe papa be enye Kristo teƒenɔla le anyigba dzi ta la, wobia tso esi be wòakpɔ nyaa gbɔ na yewo. Le papa ƒe mɔfiafia te la, Sɔlemeha la ma anyigba yeyeawo na Spain kple Portugal hebia tso wo si be woadɔ mawunyadɔgbedelawo ɖa be woatrɔ dzi me na anyigba mawo dzi tɔwo.

Esi woyi edzi nɔ anyigbawo xɔm la, Spain fiaɖuƒea va kpɔe be ele be yewoana yewoƒe anyigbaxɔxɔa nanɔ se nu. Spaintɔwo ƒo nya ta be esi wònye papa ŋutɔe tsɔ anyigba mawo na yewo le Mawu ƒe ŋkɔ me ta la, anyigba yeye xɔlawo kpɔ mɔ aɖe anyigba mawo dzi tɔwo ɖa, axɔ woƒe nunɔamesiwo le wo si ahaxɔ ablɔɖe le wo si.

Spaintɔwo ŋlɔ agbalẽ aɖe si woxlẽna na anyigba mawo dzi tɔwo tsɔ gblɔa papa ƒe nyametsotsoa na wo. Wobia tso anyigba mawo dzi tɔwo si be woazu Kristotɔwo ahabɔbɔ ɖe Spain fia ƒe ŋusẽ te. Ne wogbe la, Spaintɔwo senɛ le wo ɖokui me be yewokpɔ mɔ awɔ aʋa “dzɔdzɔe” kpli wo le Mawu ƒe ŋkɔ me.

“Wogblɔna be woɖe mɔ be woate ŋu awɔ ŋutasẽnuwo le susu nyuiwo ta. Eya ta Spaintɔwo di ɖokuinuɖenyawo tsɔ sẽ ŋuta le amewo ŋu.”—Yesutɔwo ƒe mawunyafialagã Francis Sullivan

“Nu madzɔmadzɔ, Nu Vɔ̃ɖi, Ŋukpenanu”

Spain-dziɖuɖua nana woxlẽa Nudidia na amewo kple susu be yewoƒe dzitsinya nagaɖe fu na yewo o, eye be yewoatsɔ afia be yewo tɔ dzɔ be yewoaxɔ anyigba le edzinɔlawo si. Zi geɖe la, anyigba yeye xɔlaawo xlẽa agbalẽ sia le woƒe tɔdziʋuwo me hafi ɖia go va dzea ameawo dzi alo xlẽnɛ le gota na anyigba dzi tɔ mawo siwo mese Europagbewo gɔ̃ hã o. Ɣeaɖewoɣi la, ne vɔvɔ̃ ɖo anyigba mawo dzi tɔwo wosi le woƒe xɔwo me la, wova xlẽa agbalẽ sia na xɔ ƒuƒluwo gɔ̃ hã.

Amewo dzi zizi akpasesẽtɔe be woatrɔ dzi me na wokɔ ʋu geɖe ɖe anyi. Le kpɔɖeŋu me, wowu Araukaniatɔ 2,000 le aʋa aɖe si wowɔ le Chile le ƒe 1550 me. Anyigba yeye xɔla Pedro de Valdivia gblɔ tso ame siwo tsi agbe le aʋa ma me la ŋu na fia la be: “Míetso abɔ na ame 200 hekpa ŋɔti na wo le woƒe tosesẽ ta elabena medɔ ame ɖo ɖa zi geɖe woyi ɖaxlẽ Fia ƒe se [Nudidi] la na wo, gake wogbe toɖoɖo.” *

Nudidi sia xexlẽ anya ɖe amedzidzela siawo ƒe dzitsinya ƒe fɔbuame dzi kpɔtɔ ya. Ke hã mena amewo kpɔ ŋudzedze ɖe Spaintɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋu kura o. Mawunyadɔgbedela nunɔla Bartolomé de las Casasalafa si nɔ anyi le ƒe 1500 ƒe ƒeawo me, ame si ŋutɔ kpɔ Nudidia ƒe nugbegblẽa teƒe la gblɔ be: “Aleke gbegbe se sia nye nu madzɔmadzɔ, nu vɔ̃ɖi, ŋukpenanu, nu si me susu mele o kple nu manyatalenue nye esi! Ŋkɔ gbegblẽ si gbegbe wòda ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔa dzi ya wu gbɔgblɔ.” Gonzalo Fernández de Oviedo, ame si ŋlɔa nu tso blemanudzɔdzɔwo ŋu, fa konyi be ŋuta si gbegbe wosẽ le Amerika-nyigbawo dzi nɔlawo ŋu la nana be Kristotɔwo ƒe subɔsubɔ menyoa wo nu o.

Ðe wòle be woabu fɔ Mawu ɖe ŋutasẽnu siwo dziɖulawo kple subɔsubɔhawo wɔ le eƒe ŋkɔ me la ta. Biblia gblɔ be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.”—Hiob 34:10.

^ mm. 12 Numekula aɖewo gblɔ be wote fli ɖe Nudidi sia me le ƒe 1573 me.