Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aɖulãdɔ—Ele Fu Ðem Na Wòa?

Aɖulãdɔ—Ele Fu Ðem Na Wòa?

ENYE dɔléle siwo bɔ wu la dometɔ ɖeka. Ke hã dɔ sia menya kpɔna dzea si le gɔmedzedzea me o. Dɔléle vɔ̃ɖi si nye aɖulãdɔ míewɔnɛ. Agbalẽ aɖe gblɔ be aɖulãdɔ nye numedɔléle siwo “gblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu vevie” la dometɔ ɖeka. (International Dental Journal) Agbalẽ ma ke gblɔ kpee be numedɔlélewo gblẽa nu geɖe le “ame ɖekaɖekawo kple amehaawo ŋu, wonana ame kpea fu hesea veve vevie, nuɖuɖu zua dɔ nɛ eye megasea vivi na agbea o.” Numedzodzro tso dɔléle sia si ɖe kpe na ame geɖewo ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàwɔ aƒo asa nɛ.

Nya Vevi Aɖewo Tso Aɖulãdɔ Ŋuti

Aɖulãdɔ ƒe akpa vovovowoe li. Le gɔmedzedzea la, enana aɖulãwo alo nyèdewo tena. Ne aɖulãwo toa ʋu la, ate ŋu anye aɖulãdɔ ƒe dzesie. Esia tea ŋu dzɔna ne ame le nu me klɔm alo le aɖutɛ me ɖem, alo aɖulãwo ŋutɔ nanɔ anyi ko ato ʋu. Ne aɖudɔdalawo le aɖua dom kpɔ ko wòto ʋu la, efia be aɖulãdɔ ƒe gɔmedzedzee nye ema.

Ne aɖulãdɔ le tsitsim la, aɖuwo ƒe lãkusiwo kple aɖuŋuƒu siwo léa aɖuawo ɖe te la dome tea gbegblẽ. Aɖulãdɔ sia menana dzesi aɖeke o va se ɖe esime wòtsi nyuie. Ne aɖulãdɔ tsi va ɖo afi aɖe la, etea ŋu nana aɖulãwo tena ɖa le aɖuawo ŋu, aɖuawo gbɔdzɔna, eye wo dome kena, enana ame ƒe nu me ʋẽna, aɖulã alo nyèdewo nɔa nyinyim henana aɖuawo dzena abe ɖe wodidi ŋutɔ ene, eye aɖulãwo nɔa ʋu tom.

Nu Siwo Gbɔ Aɖulãdɔ Tsona Kple Ŋusẽ Si Wòkpɔna Ðe Ame Dzi

Nu geɖewo gbɔe aɖulãdɔ tsona. Aɖuawo tea ŋu ƒoa sogo alo ƒoa ba. Sogo alo aɖuŋuba, si nye nugbagbevi nyaŋuinyaŋui siwo léna ɖe aɖuwo ŋu edziedzi gbɔ koŋue dɔ sia tsona. Ne womeɖe sogoawo ɖa le aɖuawo ŋu o la, woate ŋu ana aɖulãawo nate. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, aɖulãawo va nɔa tetem ɖa le aɖuawo ŋu si nana be mɔ va tsia aɖuawo kple aɖulãawo dome. Eye sogoawo va ɖoa wo dome. Ne sogoawo nya ɖo wo dome ko la, wotea  lãkusiawo kple aɖuŋuƒuawo dome gbegblẽ. Eɖanye aɖuawo ŋue sogoawo le loo alo wo domee wole o, wotea ŋu va sesẽna ŋutɔ. Nugbagbevi nyaŋuinyaŋuiwo tsyɔa sogo sesẽ siawo hã dzi, eye esi wònye sogo siawo léna ɖe aɖuawo ŋu kpaɖii ta la, wo ɖeɖe le aɖuawo ŋu zua dɔ. Esia ate ŋu awɔe be nugbagbevi siawo nayi edzi agblẽ nu le aɖulãawo ŋu vevie.

Aɖulãdɔ tea ŋu tsoa nu bubuwo hã gbɔ. Nu siwo gbɔ wòtsona dometɔ aɖewo ate ŋu anye bemalémale na ame ƒe nu me, atike siwo tsia dɔlélenutsiŋutete ƒe dɔwɔwɔ nu, dɔlékuiwo, nuteɖeamedzi, suklidɔ (alo aɖuɖɔvividɔ) si ŋu womele ŋku lém ɖo o, aha tsu nono kple sigarɛtnono kpakple lãmetsiwo ƒe tɔtrɔ si fufɔfɔ hena vɛ.

Aɖulãdɔ ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò le go bubuwo hã me. Ate ŋu ana be nànɔ veve sẽm le nu me alo wò aɖuwo natu, si awɔe be màte ŋu aɖo aɖu nuɖuɖu dzi ahase vivi nɛ o. Ate ŋu agblẽ nu le wò nuƒoƒo kple wò mo ƒe dzedzeme hã ŋu. Numekuku ɖee fia hã be ne ame ƒe nu me le dedie la, ekpɔa ŋusẽ ɖe ameti bliboa ƒe lãmesẽ dzi.

Dzesidede Dɔa Kple Edada

Aleke nàwɔ anya be aɖulãdɔ le ye ŋu? Ðewohĩ àkpɔ eƒe dzesi siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me la le ɖokuiwò ŋu. Ne èkpɔ dzesi siawo dometɔ aɖe la, ekema anyo be nàna aɖudɔdala bibi aɖe nalé ŋku ɖe wò aɖulãwo ŋu ahakpɔe ɖa be aɖulãdɔe hã.

Ðe woate ŋu ada aɖulãdɔa? Woate ŋu adae ne edze egɔme teti. Gake ne eva tsi la, nu si woate ŋu awɔ koe nye be woalé enu ale be magagblẽ aɖuŋuƒuwo kple eƒe lãkusiawo o. Aɖudɔdalawo zãa dɔwɔnu deŋgɔ siwo ate ŋu aɖe sogoawo kple nugbagbevi nyaŋuinyaŋui siwo le aɖua ƒe aɖulãwo ŋu kple esiwo le etome hã.

Ne ŋutete mele ŋuwò alo aɖudɔdala bibiwo mele miaƒe nutoa me akpɔ gbɔwò o hã la, nu vevitɔ si nàte ŋu awɔe nye be nàƒo asa na dɔléle vɔ̃ɖi sia si menya kpɔna dzea si bɔbɔe o. Beléle nyuie na wò nu me edziedzie ana nàƒo asa na aɖulãdɔ.