Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI BIBLIA GBLƆ

Ku

Ku

Afi kae ame kukuwo le?

“Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!”—1 Mose 3:19.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame aɖewo gblɔna be agbe gale agbe sia godo. Wosusuna be kukuawo yina ɖanɔa agbe le dziƒo, dzo mavɔ me, ŋutiklɔdzo alo Limbo me. Ame bubuwo hã xɔ gbugbɔgadzɔ dzi se. Eye ame siwo melɔ̃a mawusubɔsubɔnya o hã xɔe se be ku nye amegbetɔwo ƒe nuwuƒe.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Nyagblɔla 9:10 gblɔ be, “nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afi si yi ge nàla o.” Biblia gblɔ nu si dzɔna ɖe amewo kple lãwo dzi ne woku la hã na mí. Egblɔ be: “Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.”Nyagblɔla 3:20.

 Nɔnɔme ka mee kukuawo le?

“Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbe ma gbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:4.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Wofia ame geɖe be nu si me ame tona ne eku la nɔ te ɖe nu siwo wòwɔ esime wòle agbe la dzi. Wobe ne ewɔ nu nyui la, ayi dzidzɔ mavɔ me; gake ne ewɔ nu vlowo la, ayi fukpekpe mavɔ me. Wogblɔna be ele be woaklɔ nu vɔ̃ le amegbetɔwo ŋuti hafi woate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume ne woku. Gake dzidzɔ sia bɔa ame siwo ŋuti womeklɔ nu vɔ̃ le o la ya tegbee.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Kukuawo mekpɔa dzidzɔ alo sea veve o. Esi wònye be kukuawo menyaa naneke o ta la, womate ŋu awɔ naneke o; eye womate ŋu akpe ɖe agbagbeawo ŋu alo awɔ nu vevi hã wo o. Nyagblɔla 9:5, 6 gblɔ be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, . . . woƒe amelɔlɔ̃ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbe aɖe gbe ke, eye womagakpɔ gome le nu siwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o.”

Ðe ame kukuwo agava anɔ agbe akea?

“Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam.”Hiob 14:14.

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Ame geɖe xɔe se be ne ame aɖe yi dzo mavɔ me ko la, ke evɔ nɛ tegbee. Wobe wowɔa funyafunya amewo le dzo mavɔ me tegbee. Gake wogblɔna hã be ne woklɔ nu vɔ̃ le ame siwo le ŋutiklɔdzo me la ŋuti ko hafi woakpɔ dzidzɔ le dziƒo.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu ƒe Vi la afɔ ame siwo le alɔ̃ dɔm le ku me la ɖe tsitre woava nɔ agbe le anyigba dzi. Biblia gblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esi me ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.” (Yohanes 5:26, 28, 29) Ale si ame siwo wofɔ ɖe tsitre anɔ agbee la dzie woanɔ te ɖo ana agbe mavɔ wo loo alo atsrɔ̃ wo ɖikaa. *

^ mm. 14 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso tsitretsitsia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 7 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.