Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

Ŋkuléle Ðe Xexea Me Ŋu

United States

Amerikatɔwo ƒe Agblededɔwɔƒe ka nya ta be le ƒe 2012 me la, ƒome wuiene kple afã le alafa me siwo me tɔwo nye ame miliɔn 49 la “meka ɖe edzi be yewoakpɔ nuɖuɖu wòasu na yewoƒe ƒomeawo o eye wo dometɔ aɖewo mekpɔ nuɖuɖu wòsu na woƒe ƒomewo” le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me o.

Spain

Numekuku aɖe si yunivɛsiti sukuviwo wɔ ɖee fia be nyɔnu siwo ade 56 le alafa me kple ŋutsu siwo ade 41 le alafa me noa aha tsu. Numekuku sia ɖee fia be ŋutsuwo noa aha kɔpo enyi eye nyɔnuwo noa kɔpo ade le anyinɔnɔ ɖeka me.

Pasifik Ƒua

Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo tsɔ nanewo tso Mariana Ƒe Gogloƒe, si nye atsiaƒu ƒe gogloƒe kekeake si ƒe goglome nye meta 11,000 la, gbɔe va do kpɔ, eye wokpɔe be nugbagbevi suesuewo le afi ma togbɔ be teƒea do viviti tsiɖitsiɖi, atsiaƒua wɔa adã ŋutɔ le afi ma eye wòfana miamiamia hã. Wosusui tsã be nu gbagbewo mabɔ ɖe keke gogloƒe ma ke o.

United Arab Emirates

Dubai ƒe dziɖuɖua de wɔna aɖe to me nyitsɔ laa be yeatsɔ alé lolo fũu akpa nu le dua me. Eya ta woɖoe be woana sika gram ɖeka, si ade Amerika dɔlar 45 ɣemaɣi la, ame sia ame si aɖe eƒe kpekpeme dzi akpɔtɔ kilogram ɖeka Gake hafi amea naxɔ sika la, ele be wòaŋlɔ ŋkɔ eye wòaɖe eƒe kpekpeme dzi akpɔtɔ kilogram 2 ya teti le Ramadan ƒe ɣletia me..