ÐE WOWƆEA?
Akpɔkplɔ Ƒomevi Aɖe Ƒe Viƒoƒo
AUSTRALIATƆWO ƒe akpɔkplɔ ƒomevi aɖe si wosusu be enu yi keŋkeŋ le keke ƒe 2002 me ke la, ƒe viƒoƒo wɔ moya ŋutɔ. Akpɔkplɔnɔa mia azi siwo wòɖa la eye wonɔa eƒe dɔ me abe kwasiɖa ade ene. Aziawo ƒona le dɔa me hezua akpɔkplɔ keŋ hafi doa go tso eƒe nu me.
Be akpɔkplɔnɔ sia ƒe dɔgbo magatu aziawo o la, edzudzɔa nuɖuɖu eye veve megadzana ɖe eƒe dɔgbo me hã o. Eme kɔ ƒãa be aziawo kple akpɔkplɔviawo ƒe lãmetsi aɖewoe xea mɔ na vevea be magadza o.
Akpɔkplɔnɔa mia azi siwo ade 24. Kaka eƒe vidziɣi naɖo la, akpɔkplɔvi siwo katã le eƒe dɔ me la ƒe kpekpeme dea akpɔkplɔnɔa ƒe kpekpeme ƒe afã kloe. Esia le ko abe nyɔnu aɖe si ƒe kpekpeme nye kilogram 68 do ŋgɔ na eƒe fufɔfɔ. Esi wòfɔ fu la, vi 24 ye le dɔ me nɛ eye ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme nye kilogram 1.8! Ale si akpɔkplɔviawo sɔ gbɔ le wo dada ƒe dɔ me la nana eƒe ƒodo vuna gblotoo ale gbegbe be eƒe dzitodzito miana henana gbɔgbɔ zua dɔ nɛ eye esia wɔnɛ be wògbɔna to eƒe ŋutigbalẽ me.
Zi geɖe la, akpɔkplɔviawo dona le eƒe nu me ne wotsi le ŋkeke aɖewo megbe. Ke ne wo dada kpɔ be afɔku aɖe gbɔna la, etua wo to eƒe nu me. Gbe ɖeka la, numekulawo ke ɖe akpɔkplɔnɔ aɖe ŋu wòtu akpɔkplɔvi ade zi ɖeka eye woyi yame abe meta ɖeka ene.
Ke hã, ame aɖewo gblɔna be ɖe akpɔkplɔ ƒomevi sia ƒe viƒoƒo alo vidzidzi mɔnu sia dzɔ le eɖokui si. Ne ele nenema la, ke ele be tɔtrɔ ɖedzesiwo nava le eƒe agbenɔnɔ kple eƒe wɔwɔme ŋu zi ɖeka kpata. Dzɔdzɔmeŋutinunyala kple nɔnɔmetɔtrɔfiala Michael J. Tyler gblɔ be: “Mate ŋu adzɔ be akpɔkplɔ sia ƒe viƒoƒo alo vidzidzi mɔnu nanɔ tɔtrɔm vivivi kaka ava zu abe ale si míenyae egbea ene o. Ele be eƒe viƒomɔnu sia nadzɔ kple akpɔkplɔa tso gɔmedzedzea ne menye nenem o la, ke manya wɔ kura o.” Aƒetɔ Tyler yi edzi be numeɖeɖe ɖeka si me susu lee nye be viƒoƒomɔnu sia le akpɔkplɔa ŋu ‘tso eƒe dzɔdzɔme ke.’ Esia tae ame aɖewo ƒoa nya ta be ɖe wowɔe. *
Nu kae nèsusu? Ðe ale si akpɔkplɔ sia ƒoa vi la dzɔ le eɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?
^ mm. 7 Charles Darwin gblɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: ‘Ðe dzɔdzɔmenuwo nɔa tɔtrɔm vivivi, womate ŋu atrɔ zi ɖeka kpata o.’—Origin of Species.