Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Sea Wò Gbedodoɖawoa?

Ðe Mawu Sea Wò Gbedodoɖawoa?

Ne èdo gbe ɖa la, ɖe nèkana ɖe edzi be Mawu senɛa?

NYA KAE BIBLIA GBLƆ?

  • Mawu le esem. Biblia ka ɖe edzi na mí be “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, etsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ. . . . Esea woƒe ɣlidodo.”—Psalmo 145:18, 19.

  • Mawu di be nàdo gbe ɖa na ye. Biblia de dzi ƒo na mí be: “Le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo.”—Filipitɔwo 4:6.

  • Mawu tsɔa ɖe le eme na wò vevie. Mawu nya míaƒe hiahiãwo kple dzimaɖitsitsiwo nyuie, eye edi be yeakpe ɖe mía ŋu. Biblia gblɔ be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.’—1 Petro 5:7.