Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàwɔ Be Biblia Sɔsrɔ̃ Navivi Nuwò Eye Wòaɖe Vi Geɖe Wu Na Wò

Ale Si Nàwɔ Be Biblia Sɔsrɔ̃ Navivi Nuwò Eye Wòaɖe Vi Geɖe Wu Na Wò

DƆ GÃ nyadri aɖe dze ŋgɔ Yosua. Ele be wòakplɔ Israel-dukɔa ayi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gake woado go kuxi sesẽwo. Ke hã, Yehowa ka ɖe edzi na Yosua be akpɔ dzidzedze le dɔ sia me eye wòde dzi ƒo nɛ be: ‘Lé dzi ɖe ƒo, eye nàsẽ ŋu eye nàwɔ nye Sewo dzi. Xlẽe kple gbe blewu zã kple keli, be nàwɔ nu siwo katã woŋlɔ ɖe eme la dzi pɛpɛpɛ; ekema wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me.’—Yos. 1:7, 8.

Egbea, míawo hã míedoa go kuxi sesẽwo le ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. (2 Tim. 3:1) Abe ale si wònɔ le Yosua gome ene la, míate ŋu akpɔ dzidzedze ne míewɔ aɖaŋu si Yehowa ɖo nɛ la dzi. Míate ŋu anɔ Biblia xlẽm edziedzi ahanɔ mɔfiame siwo le eme la dzi wɔm pɛpɛpɛ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom.

Ke hã, mía dometɔ geɖe alɔ̃ ɖe edzi be nusɔsrɔ̃ meɖena na mí tututu o eye menɔa bɔbɔe na mí o. Ke hã, esi wònye be Biblia sɔsrɔ̃ le vevie ŋutɔ ta la, kpɔ aɖaka si nye “ Te Aɖaŋuɖoɖo Siawo Kpɔ” la me be nàkpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ be Biblia sɔsrɔ̃ navivi nuwò eye wòaɖe vi geɖe wu na wò.

Hakpalaa dzi ha be: “Kplɔm to wò sededewo ƒe mɔ dzi, elabena eƒe nu nyoa ŋunye.” (Ps. 119:35) Wò hã àte ŋu ase vivi na Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃. Ne èyi edzi ku Mawu ƒe Nyaa me la, àva ke ɖe nu xɔasi geɖe siwo le eme ŋu.

Togbɔ be mèle dukɔ aɖeke kplɔm abe ale si wònɔ le Yosua gome ene o hã la, èdoa go kuxi aɖewo. Eya ta, abe ale si Yosua wɔe ene la, srɔ̃ Biblia la eye nàwɔ nu siwo nèsrɔ̃ la dzi be wòaɖe vi na wò. Ne èwɔe alea la, wò mɔwo adze edzi na wò eye àwɔ nu le nunya me.