Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Myanmar

Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Myanmar

“NUŊEŊE la sɔ gbɔ, ke dɔwɔlawo ya mede ha o. Eya ta miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la be wòaɖo dɔwɔlawo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Luka 10:2) Ƒe 2,000 aɖewoe nye esia Yesu gblɔ nya mawo eye woɖɔ nɔnɔme si le Myanmar egbea la nyuie. Le mɔ ka nu? Le Myanmar la, gbeƒãɖela 4,200 aɖewo koe le nya nyuia kakam le ame miliɔn 55 sɔŋ dome.

Ke hã, Yehowa, Ame si nye “nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la,” ʋã nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me la ƒe dzi, eye woʋu va dukɔ sia si le Anyieheɣedzeƒe Asia la be yewoakpe asi ɖe gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ la ŋu. Nu kae na woʋu tso wo de va afi sia? Aleke Yehowa kpe ɖe wo ŋu wote ŋu ʋu tso wo de va Myanmar? Eye yayra kawo kpɔm wole? Na míakpɔe ɖa.

“MIVA, MÍEHIÃ MƆÐELA GEÐE!”

Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, nɔviŋutsu Kazuhiro, si nye mɔɖela le Japan la, dze kpeŋui dɔ vevie, eyi ɖi me, eye wokplɔe yi kɔdzi. Ðɔkta gblɔ nɛ be mele be wòagaku ʋu o ƒe eve. Nya sia wɔ moyaa na Kazuhiro. Ebia eɖokui be: ‘Aleke mawɔ ayi nu si wɔwɔ doa dzidzɔ nam—si nye mɔɖeɖedɔa dzi?’ Edo gbe ɖa vevie heɖe kuku na Yehowa be wòaʋu mɔ na ye be yeate ŋu ayi mɔɖeɖedɔa dzi.

Kazuhiro kple Mari

Kazuhiro gblɔ be: “Ɣleti ɖeka megbe la, xɔ̃nye aɖe si le subɔsubɔm le Myanmar la se nu si dzɔ ɖe dzinye. Eƒo ka nam hegblɔ nam be: ‘Le Myanmar la, bɔs koŋue amewo ɖona tsɔ yia teƒeteƒewo. Ne èva afi sia la, àte ŋu ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi evɔ mahiã be nàku ʋu o!’ Mebia nye ɖɔkta nenye be mate ŋu ayi aɖanɔ Myanmar. Ewɔ nuku nam be ɖɔktaa ɖo eŋu nam be: ‘Ðɔkta aɖe si tso Myanmar, si bi ɖe ahɔhɔ̃ ŋuti dɔwo me la le Japan fifi laa. Maɖe wò afiae. Ne èʋu yi Myanmar eye wòva dzɔ be dɔa gaho na wò la, ate ŋu alé be na wò.’ Ðɔktaa ƒe nyaŋuɖoɖoa na meƒo nya ta be Yehowa ɖo nye gbedodoɖaa ŋu nam.”

Enumake Kazuhiro ŋlɔ e-mail ɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si le Myanmar heŋlɔ bena ye kple ye srɔ̃ ƒe didie wònye be yewoava wɔ mɔɖeɖedɔa le dukɔa me. Le ŋkeke atɔ̃ pɛ ko megbe la, alɔdzedɔwɔƒea ɖo eŋu nɛ be, “Miva, míehiã mɔɖela geɖe!” Kazuhiro kple srɔ̃a, Mari, wodzra woƒe ʋuwo, woxɔ visa, eye woƒle yameʋu si woaɖo la ƒe tiketwo. Egbea, wole subɔsubɔm le tokunɔgbe ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le Mandalay la me eye wole dzidzɔ geɖe kpɔm. Kazuhiro gblɔ be: “Nuteƒekpɔkpɔ sia na míese le mía ɖokuiwo me be ale si míexɔ Mawu ƒe ŋugbedodo si dze le Psalmo 37:5 dzi se la me gasẽ ɖe edzi. Afi ma gblɔ be: ‘Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me; ɖo ŋu ɖe eŋu, ekema eya ŋutɔ awɔe na wò.’”

YEHOWA ƲU MƆ NA WO

Le ƒe 2014 me la, mɔnukpɔkpɔ su Yehowa Ðasefo siwo le Myanmar la si be woawɔ takpekpe gã tɔxɛ aɖe le dukɔa me. Nɔvi geɖe siwo tso duta la de takpekpe sia. Nɔvi siwo de takpekpea dometɔ ɖekae nye nɔvinyɔnu Monique, si xɔ ƒe 34, si tso Amerika. Egblɔ be: “Esi metrɔ yi mía de le takpekpea megbe la, medo gbe ɖa na Yehowa be wòafia afɔ si maɖe le nye agbe me lam. Azɔ hã, meɖo dze kple dzinyelawo tso nye gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu. Mí katã míese le mía ɖokui me be ele be matrɔ ayi Myanmar, gake exɔ ɣeyiɣi geɖe kple gbedodoɖa edziedzi hafi mete ŋu tso nya me mlɔeba.” Monique ɖe nu si tae la me.

Monique kple Li

“Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be hafi woaɖe afɔ aɖe la, ‘woabu eŋu kɔnta.’ Eya ta mebia ɖokuinye be: ‘Ðe nye ganyawo ana wòanya wɔ nam be maʋua? Ðe mate ŋu akpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ le dukɔ ma me evɔ mahiã be mazã ɣeyiɣi geɖe ɖe dɔwɔɖui ŋu oa?’” Eyi edzi gblɔ be: “Eteƒe medidi o, mede dzesii be ga si le asinye la made na ʋuʋu ayi xexea ƒe akpa ma o.” Ke aleke wòwɔ hafi te ŋu va ʋu?—Luka 14:28.

Monique gblɔ be: “Gbe ɖeka, nye dɔtɔ gblɔ be yeakpɔm. Mevɔ̃, elabe mesusui be abia tso asinye be madzo le dɔa me. Gake le ema teƒe la, eda akpe nam ɖe dɔ nyui si wɔm mele la ta. Eyome egblɔ nam be yewɔ ɖoɖo be yeana nunana tɔxɛ aɖem, enye ga gbogbo aɖe si wònam ɖe nye dɔ nyui wɔwɔa ta, eye eva dzɔ be ga home si wònam la tututue mehiã!”

Monique le subɔsubɔm le Myanmar tso December ƒe 2014 me. Aleke wòle sesem le eɖokui me esime wòle gbeƒã ɖem le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le? Egblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mele afi sia. Biblia nusrɔ̃vi etɔ̃ le asinye. Wo dometɔ ɖeka xɔ ƒe 67. Ɣesiaɣi si meyi egbɔ la, ekoa alɔgbɔnu hewɔa atuu nam. Esi wòva srɔ̃e be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa la, aɖatsi ge le mo nɛ. Egblɔ nam be: ‘Esiae nye zi gbãtɔ le nye agbe me si mese be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Metsi wu wò boo, gake èfia nu vevitɔ kekeake si mate ŋu asrɔ̃ lam.’ Esia na aɖatsi ge le mo na nye hã. Nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbi nana ame siwo subɔna le afi si hiahiã geɖe wu le la kpɔa dzidzɔ geɖe.” Nyitsɔ laa la, mɔnukpɔkpɔ su Monique si wòde Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua.

Nu bubu aɖe hã si ʋã nɔvi aɖewo be woayi Myanmar ye nye nyatakaka siwo woŋlɔ tso Myanmar ŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2013 Ƒegbalẽa me. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Li, si le eƒe ƒe 30-awo me la le Anyieheɣedzeƒe Asia xoxo. Ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui nɔ esi, gake nu siwo wòxlẽ le Ƒegbalẽa me la ʋãe wòva nɔ eŋu bum nenye be yeate ŋu asubɔ le Myanmar hã. Egblɔ be: “Esime mede takpekpe gã tɔxɛ si wowɔ le Yangon, le ƒe 2014 me la, medo go atsu kple asi aɖe siwo ʋu yi Myanmar ɖanɔ subɔsubɔm le Chinagbedolawo dome. Esi wònye be medoa Chinagbe ta, meɖoe be maʋu ayi aɖakpe asi ɖe Chinagbedolawo ƒe ƒuƒoƒo si le afi ma la ŋu. Nye kple Monique míewɔ ɖoɖoa eye míeʋu yi Mandalay. Yehowa yra mí ame evea míekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ le suku ɖeka ma ke, eye míekpɔ xɔ le nuto ma ke me. Togbɔ be yame xɔa dzo eye nanewo mede ame dzi tututu le dua me o hã la, mele dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me le afi sia. Myanmartɔwo nɔa agbe tsɛ, gake wobua ame eye wolɔ̃na faa zãa woƒe ɣeyiɣi tsɔ ɖoa to sea nya nyuia. Ale si Yehowa le dɔa yram la nana mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Meka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye nam be manɔ Mandalay afi sia.”

YEHOWA SEA MÍAƑE GBEDODOÐAWO

Nɔvi geɖe siwo yi ɖale subɔsubɔm le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le la kpɔ ale si gbegbe gbedodoɖa ɖea vii. Bu Jumpei si xɔ ƒe 37, kple srɔ̃a, Nao, si xɔ ƒe 35 ŋu kpɔ. Wonɔ subɔsubɔm le tokunɔgbe hame aɖe me le Japan. Nu ka tae woʋu yi Myanmar? Nɔviŋutsu Jumpei gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye ƒe taɖodzinue wònye xoxoxo be míayi aɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le le dutadukɔ aɖe me. Nɔviŋutsu aɖe si nɔ míaƒe tokunɔgbe hamea me le Japan la ʋu yi Myanmar. Togbɔ be ga boo menɔ mía si o hã la, míawo hã míeʋu yi Myanmar le May 2010 me. Esi míeɖo la, nɔvi siwo nɔ Myanmar la xɔ mí kple dzidzɔ!” Aleke wòle sesem le eɖokui me tso gbeƒãɖeɖe le tokunɔgbedolawo ƒe anyigbamamaa me ŋu? Egblɔ be: “Ame geɖe tsɔ ɖe le nya nyuia me. Ne míeɖe video siwo le tokunɔgbe me fia tokunɔwo la, ewɔa nuku na wo. Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míetso nya me heva le Yehowa subɔm le afi sia!”

Nao kple Jumpei

Aleke nuwo va nɔ na Jumpei kple Nao le ganyawo gome? Jumpei gblɔ be: “Le ƒe etɔ̃ megbe la, míezã ga siwo míedzra ɖo la katã kloe eye ga menɔ mía si míatsɔ axe xɔfetu na ƒe si kplɔe ɖo o. Nye kple srɔ̃nye míedo gbe ɖa vevie zi geɖe. Kasia, míexɔ lɛta tso alɔdzedɔwɔƒea, si me wobia tso mía si le be míadze ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi ƒe dɔa gɔme! Míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye míekpɔe be megblẽ mí ɖi o. Ele be lém na mí le goawo katã me.” Nyitsɔ laa la, Jumpei kple srɔ̃a Nao hã de Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua.

YEHOWA ƲÃ AME GEÐE ƑE DZI

Nu kae ʋã Nɔviŋutsu Simone, si nye Italytɔ, si xɔ ƒe 43 kple srɔ̃a Anna, si nye New Zealandtɔ, si xɔ ƒe 37 la woʋu yi Myanmar? Anna gblɔ be: “Myanmar ŋuti nyatakaka siwo le ƒe 2013 Ƒegbalẽa me ye ʋã mí!” Simone gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míeva le Myanmar. Agbea le tsɛ wu le afi sia, eye metea ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe le Yehowa ƒe dɔa me. Ale si Yehowa le be lém na mí esi míele subɔsubɔm le afi si hiahiã geɖe le la na míele dzidzɔ kpɔm.” (Ps. 121:5) Anna gblɔ be: “Nyemekpɔ dzidzɔ alea kpɔ le nye agbe me o. Míele agbe tsɛ nɔm. Nye kple srɔ̃nye míekpɔa vovo ɖe mía nɔewo ŋu wu tsã, eye mía dome va le kplikplikpli wu. Xɔlɔ̃ nyuiwo hã su mía si. Amewo mebua nazã ɖe Ðasefowo ŋu le afi sia o, eye wotsɔa ɖe le nya nyuia me ale gbegbe!” Le mɔ ka nu?

Simone kple Anna

Anna gblɔ be: “Gbe ɖeka, meɖi ɖase na ɖetugbui aɖe si le yunivɛsiti dem la le asi me, eye mewɔ ɖoɖo kplii be míagado go ake. Esi míedo go la, ekplɔ exɔlɔ̃ aɖe vae. Esi míegado go ake la, egakplɔ bubuwo ɖe asi vae. Ɣebubuɣi la, ekplɔ ame siwo gasɔ gbɔ wu ema vae. Fifia, mele nu srɔ̃m kple wo dometɔ atɔ̃.” Simone gblɔ be: “Ame siwo le anyigbamamaa me la kɔa mo ɖe ame eye wodina be yewoanya nu geɖe. Wo dometɔ geɖe tsɔ ɖe le nya nyuia me. Ðeko ɣeyiɣi meli míasrɔ̃ nu kple ame siwo tsɔ ɖe le eme la katã o.”

Sachio kple Mizuho

Ke afɔ kawoe nɔviawo ɖe hafi te ŋu tso nya me heʋu yi Myanmar? Nɔvinyɔnu Mizuho, si tso Japan la, gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye, Sachio, míenɔ didim vevie be míayi aɖasubɔ le dukɔ si me gbeƒãɖela geɖe wu hiã le la me—gake dukɔ ka mee míayi? Esi míexlẽ Myanmar ŋuti nyatakaka si le ƒe 2013 Ƒegbalẽa me la, nɔviwo ƒe nuteƒekpɔkpɔawo wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe be míeva nɔ eŋu bum nenye be anya wɔ na mí be míaɖasubɔ le Myanmar hã.” Sachio hã gblɔ be: “Míeɖoe be míazɔ mɔ ayi Myanmar ƒe dugã si nye Yangon, kwasiɖa ɖeka, be míakpɔ ale si teƒea le. Afi ma nɔnɔ ŋkeke ʋɛ mawo na kakaɖedzi su mía si be ele be míaʋu ayi.”

ÐE NÀTE ŊU AWƆ ÐE AMEYƆYƆA DZIA?

Jane, Danica, Rodney, kple Jordan

Rodney kple srɔ̃a Jane, siwo tso Australia, siwo le woƒe ƒe 50-awo me kpakple wo viŋutsu, Jordan, kple wo vinyɔnu, Danica, le subɔsubɔm le Myanmar tso ƒe 2010 me. Rodney gblɔ be: “Didi si le amewo me be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la wɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe. Made dzi ƒo na ƒome bubuwo be woadze agbagba aɖasubɔ le teƒewo abe Myanmar ene.” Nu ka tae? Eyi edzi gblɔ be: “Ʋuʋu va afi sia wɔe be ƒomedodo kplikplikpli si wu gbɔgbɔ la va le míaƒe ƒomea kple Yehowa dome! Egbea sɔhɛ geɖe vuna ɖe woƒe asitelefonwo, woƒe ʋuwo kple woƒe dɔwɔɖui kple nu bubuwo ŋu. Gake mía viwo ya le gbe yeye srɔ̃m veviedodotɔe ale be yewoazãe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Wodzea agbagba be yewoanya ale si yewoadzro nya me kple ame siwo menya Biblia la o, kple ale si yewoaɖo nya ŋu le hame ƒe kpekpewo me, eye wole nu dodzidzɔname bubuwo hã wɔm le Yehowa subɔsubɔ me.”

Oliver kple Anna

Nɔviŋutsu Oliver, si tso Amerika, si xɔ ƒe 37 la gblɔ nu si tae wòle subɔsubɔmɔnu sia kafum na ame bubuwo la ale: “Yehowa subɔsubɔ le teƒe si nyemenya tututu o, kple nɔnɔme si memam me o la ɖe vi geɖe nam. Esi meʋu le mía de la, esia kpe ɖe ŋunye megava ka ɖe Yehowa dzi geɖe wu eye meɖoa ŋu ɖe eŋu le nɔnɔme ɖe sia ɖe me si me mekpɔ ɖokuinye le me. Subɔsubɔ kple nɔvi siwo nyemenya tsã o siwo hã xɔ nu siwo dzi mexɔ se la kpe ɖe ŋunye mekpɔe be naneke mele xexe sia me si gale vevie de Mawu Fiaɖuƒea nu o.” Egbea, Oliver kple srɔ̃a, Anna, gakpɔtɔ le gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe na Chinagbedola siwo le dukɔa me.

Trazel

Nɔvinyɔnu Trazel, si tso Australia, si xɔ ƒe 52 la le subɔsubɔm le Myanmar tso ƒe 2004. Egblɔ be: “Made dzi ƒo na nɔvi siwo nɔnɔmeawo aɖe mɔ na la vevie be woayi aɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Meva kpɔe be ne didia li be míawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me la, Yehowa yrana ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Nyemebui kpɔ be nuwo ava nɔ nam alea gbegbe o. Nu bubu aɖeke megali si aɖe vi nam ahana nye dzi nadze eme wu esia o.”

Neva eme be nɔvi siwo le subɔsubɔm le afi si hiahiã geɖe le le Myanmar la ƒe dzimenya vevi siawo nade dzi ƒo na wò nàdae kpɔ nenye be àte ŋu ayi aɖakpe ɖe amewo ŋu le anyigbamama siwo me hiahiã geɖe le la me. Ɛ̃, nɔvi siawo le mía yɔm sesĩe be, “Míeɖe kuku, mitso ƒu va Myanmar, ne miakpe ɖe mía ŋu!”