Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 13

Yehowa Akpɔ Tawò

Yehowa Akpɔ Tawò

“Nuteƒewɔlae Aƒetɔ la nye, ana mianɔ te sesĩe, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ la si me.”—2 TES. 3:3.

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae Yesu bia tso Yehowa si be wòakpɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ta?

LE ZÃ mamlɛtɔ si Yesu nɔ anyigba dzi mea, enɔ kuxi siwo me eƒe nusrɔ̃lawo ava to la ŋu bum. Esi Yesu lɔ̃ exɔlɔ̃awo ta la, ebia Fofoa be ‘wòakpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta.’ (Yoh. 17:14, 15) Yesu nyae be, ne yetrɔ yi dziƒo la, Satana Abosam ayi edzi atsi tre ɖe ame sia ame si adi be yeasubɔ Yehowa ŋu. Eya ta ehiã be woakpɔ Yehowa ƒe amewo ta.

2. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu?

2 Yehowa ɖo Via Yesu ƒe gbedodoɖaa ŋu, elabe elɔ̃e. Ne míedzea agbagba be míadze Yehowa ŋua, alɔ̃ míawo hã, eye wòaɖo to gbe siwo míedona ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu akpɔ mía ta la ŋu. Esi Yehowa nye Vifofo si tsɔa ɖe le eme na mí taa, ayi edzi alé be na mí viawo lɔlɔ̃tɔe. Ne mewɔ esia oa, eƒe ŋkɔ aƒo ɖi!

3. Nu ka tae míehiã Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ fifia wu?

3 Míehiã na Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ fifia wu. Wonya Satana tso dziƒo, eye “dzi le ekum vevie.” (Nyaɖ. 12:12) Eflu ame aɖewo siwo tia mía yome wosusui be ‘yewole dɔ kɔkɔe wɔm na Mawu.’ (Yoh. 16:2) Ame siwo mexɔ Mawu dzi se o la tia mía yome elabe míenɔa agbe abe ame akpa gãtɔ ene o. Aleke kee wòɖale o, míevɔ̃na o. Nu ka tae? Elabe Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Nuteƒewɔlae Aƒetɔ la nye, ana mianɔ te sesĩe, eye wòakpɔ mia ta tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (2 Tes. 3:3) Aleke Yehowa kpɔa mía ta? Na míakpɔ mɔ eve ɖa.

YEHOWA NA AƲAWƆNU SIWO AKPE ÐE MÍA ŊU LA MÍ

4. Le Efesotɔwo 6:13-17 ƒe nya nu la, nu kae Yehowa na mí be wòakpɔ mía ta?

4 Yehowa na aʋawɔnu siwo akpɔ mía ta tso Satana si me la mí. (Xlẽ Efesotɔwo 6:13-17.) Aʋawɔnu siawo sẽŋu eye wowɔa dɔ! Gake hafi aʋawɔnu sia nakpɔ mía taa, ele be míado wo katã, eye woanɔ mía ŋu. Nu kae eƒe akpa vovovoawo le tsitre ɖi na? Mina míakpɔe ɖa.

5. Nu kae nye nyateƒe ƒe alidziblanu la, eye nu ka tae wòle be míablae?

5 Nyateƒe ƒe alidziblanu la le tsitre ɖi na nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia la me. Nu ka tae wòle be míabla alidziblanu sia? Elabena Satana nye “aʋatsokafofo.” (Yoh. 8:44) Satana le aʋatso kam fifia menye egbe o, eye wòkplɔ “anyigbadzinɔlawo katã” tra! (Nyaɖ. 12:9) Gake nyateƒe siwo le Biblia me la kpɔa mía ta be wòagable mí o. Aleke míabla alidziblanu sia? Ne míesrɔ̃a nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu, ne míesubɔnɛ “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me,” eye míeɖia anukware le nuwo katã mea, ke míebla alidziblanua.—Yoh. 4:24; Ef. 4:25; Heb. 13:18.

Alidziblanu: Nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nyaa me

6. Nu kae nye dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnua, eye nu ka tae wòle be míadoe?

6 Dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnu la le tsitre ɖi na Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo. Nu ka tae wòle be míado akɔtakpoxɔnu sia? Ale si ko akɔtakpoxɔnu kpɔa asrafo ƒe dzi ta be naneke nagatɔe o la, nenema kee dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnua kpɔa míaƒe kpɔɖeŋudzia alo ame si míenye le ememe la ta be xexea nagakpɔ ŋusẽ gbegble ɖe mía dzi o. (Lod. 4:23) Yehowa di be míalɔ̃ ye eye míasubɔ ye kple dzi blibo. (Mat. 22:36, 37) Satana dzea agbagba be yeafi míaƒe dzi, ne míava lɔ̃ nu siwo le xexea me siwo Yehowa lé fui la. (Yak. 4:4; 1 Yoh. 2:15, 16) Eye ne ema mewɔ dɔ o la, etia mía yome ale be míawɔ nu siwo madze Yehowa ŋu o.

Akɔtakpoxɔnu: Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo

7. Nu kae wòfia be míado dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnua?

7 Ne míewɔna ɖe Yehowa ƒe nudidi siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu dzi la, ke efia be míedo dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtakpoxɔnua. (Ps. 97:10) Ame aɖewo susuna be Yehowa ƒe sewo dzi wɔwɔ sesẽ. Ne míegawɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi o la, ke míeva le abe asrafo aɖe si ɖe eƒe akɔtakpoxɔnu da ɖi le aʋagbedzi, le esi wòsusu be ele kpekpem akpa ta, la ene. Ðe nunya anɔ ema mea? Ame siwo lɔ̃ Yehowa mebua eƒe sewo be wonye “agba o,” ke boŋ wobunɛ be axɔ yewo ɖe agbe.—1 Yoh. 5:3.

8. Nu kae wòfia be míatsɔ dzadzraɖo ɖe ŋutifafa nya nyuia gbɔgblɔ ŋu ado ɖe míaƒe afɔwo?

8 Paulo de dzi ƒo na mí hã be míatsɔ dzadzraɖo ɖe ŋutifafa nya nyuia gbɔgblɔ ŋu do ɖe míaƒe afɔwo. Esia fia be, míanɔ klalo ɣesiaɣi be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe nya nyuia. Ne míeɖe gbeƒã Biblia me gbedeasia na amewo la, edoa ŋusẽ mía ŋutɔ míaƒe xɔse. Ne míekpɔ ale si Yehowa ƒe ame siwo le xexea me godoo dzea agbagba be yewoadi mɔnuwo aɖe gbeƒã nya nyuia la, edea dzi ƒo na mí ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, woɖea gbeƒã le dɔme, le suku, le asitsaƒewo, tso aƒe me yi aƒe me, le asiwo me, na ame siwo womenya o, ne wovae srã ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, eye wodzea agbagba ɖea gbeƒã ne wotsi aƒe me gɔ̃ hã. Ne vɔvɔ̃ ɖo mí eye míedzudzɔ gbeƒãɖeɖea, míava nɔ abe asrafo aɖe si ɖe eƒe afɔkpa da ɖi le aʋagbedzi ene; nu vevi ate ŋu awɔe bɔbɔe. Ne afɔkpa mele afɔ nɛ o la, asesẽ be wòaʋli eɖokui ta ne futɔwo lu ɖe edzi, eye asesẽ nɛ be wòawɔ ɖe eƒe gbeɖela ƒe mɔfiamewo dzi.

Afɔkpa: Dzadzraɖo ɖe nya nyuia gbɔgblɔ ŋu

9. Nu ka tae wòle be míalé xɔse ƒe akpoxɔnu gã la ɖe asi?

9 Xɔse ƒe akpoxɔnu gã la le tsitre ɖi na ale si míexɔ Yehowa dzi se. Míeka ɖe edzi be awɔ eƒe ŋugbedodowo katã dzi. Xɔse ma akpe ɖe mía ŋu ‘míatsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo katã nu.’ Nu ka tae wòle be míatsɔ akpoxɔnu gã sia ɖe asi? Elabe ekpɔa mía ta tso xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo kple alɔmeɖelawo ƒe alɔmeɖenyawo si me. Ne xɔse mele mía si o, eye amewo le nya ƒom ɖe mía nua, manɔ bɔbɔe be míawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi o. Gake ne míetɔ afɔ to wɔ nu si Yehowa di le dɔme alo sukua, ke míelé akpoxɔnua ɖe asi. (1 Pet. 3:15) Ne míegbe dɔ aɖe si ana míakpɔ ga geɖe evɔ míakpɔ vovo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o la, ke míelé akpoxɔnua ɖe asi. (Heb. 13:5, 6) Eye ɣesiaɣi si míeyi edzi subɔ Yehowa togbɔ be wole tsitre tsim ɖe mía ŋu hãa, ke efia be akpoxɔnua le mía ta kpɔm.—1 Tes. 2:2.

Akpoxɔnu: Ale si míexɔ Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo dzi se

10. Nu kae nye xɔxɔ ƒe gakuku la, eye nu ka tae wòle be míaɖɔe?

10 Xɔxɔ ƒe gakuku lae nye mɔkpɔkpɔ si Yehowa na mí. Mɔkpɔkpɔ mae nye be yeaɖo eteƒe na ame siwo wɔa yeƒe lɔlɔ̃nu eye ne woku hãa yeava fɔ wo ɖe tsitre. (1 Tes. 5:8; 1 Tim. 4:10; Tito 1:1, 2) Ale si ko gakuku kpɔa asrafo ƒe ta ta la, nenemae mɔkpɔkpɔ kpɔa míaƒe susuwo ta. Le mɔ ka nu? Mɔkpɔkpɔ ma kpena ɖe mía ŋu míetsɔa míaƒe susu ɖoa Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi eye wòkpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Aleke míaɖɔ gakuku siae? Míewɔa esia ne míebua nuwo ŋu abe ale si Mawu bua woe ene. Le kpɔɖeŋu me, míedaa míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Mawu dzi, ke menye ɖe kesinɔnu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o dzi o.—Ps. 26:2; 104:34; 1 Tim. 6:17.

Gakuku: Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa

11. Nu kae nye gbɔgbɔ la ƒe yi, eye nu ka tae wòle be míalée ɖe asi?

11 Gbɔgbɔ la ƒe yi lae nye Mawu ƒe Nya, Biblia. Ŋusẽ le yi sia ŋu be wòaklo nu le alakpanyawo dzi eye wòana amewo navo tso alakpanufiafiawo kple nuwɔna gbegblẽwo me. (2 Kor. 10:4, 5; 2 Tim. 3:16, 17; Heb. 4:12) Mawu ƒe habɔbɔa kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ kpena ɖe mía ŋu míesrɔ̃a ale si míazã yi sia nyuie. (2 Tim. 2:15) Tsɔ kpe ɖe akpoxɔnu blibo sia ŋu la, Yehowa gakpɔa mía ta le mɔ bubu aɖe nu. Le mɔ ka nu?

Yi: Mawu ƒe Nya, Biblia

MENYE MÍAWO ÐEÐE KOE LE AVUA WƆM O

12. Nu bubu kae míegahiã, eye nu ka tae?

12 Asrafo bibi nyae be ye ɖeka yemate ŋu adze ŋgɔ futɔwo o; yehiã ye nɔvi bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu. Nenema kee míawo ɖeɖe mímate ŋu anɔ te ɖe Satana kple eyomedzelawo nu o; míehiã mía nɔviwo ƒe kpekpeɖeŋu. Yehowa na “nɔviwo ƒe habɔbɔ” si akpe ɖe mía ŋu la mí.—1 Pet. 2:17.

13. Le Hebritɔwo 10:24, 25 ƒe nya nua, vi kawoe kpekpeawo dede ɖena na mí?

13 Mɔ aɖe si dzi Yehowa tona kpena ɖe mía ŋue nye ne míedea kpekpeawo. (Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.) Ne dzi ɖe le mía ƒo abe ale si wòdzɔna ɖe mí katã dzi ɣeaɖewoɣi enea, kpekpeawo ate ŋu ado ŋusẽ mí. Mía nɔviwo ƒe nyaŋuɖoɖowo doa ŋusẽ mí. Biblia me nuƒoawo kple dɔdeasi vovovoawo doa ŋusẽ mí, eye wokpena ɖe mía ŋu míeɖonɛ kplikpaa be míasubɔ Yehowa. Eye dze siwo míeɖona do ŋgɔ na kpekpeawo kple kpakpa vɔ megbe dea dzi ƒo na mí. (1 Tes. 5:14) Azɔ hã, kpekpeawo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu eye esia nana míekpɔa dzidzɔ. (Dɔw. 20:35; Rom. 1:11, 12) Kpekpeawo gaɖea vi na mí le mɔ bubuwo nu. Ekpena ɖe mía ŋu be ale si míefiaa nu amewo ganyona ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃a ale si míazã Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui la nyuie. Eya ta dzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu nyuie. Le kpekpeawo mea, ɖo to nyuie. Wɔ nu siwo nèsrɔ̃ le kpekpeawo me ŋu dɔ. Ne èwɔa nu siawo la, ànye “Kristo Yesu ƒe asrafo nyui.”—2 Tim. 2:3.

14. Mɔ bubu ka dzie Yehowa gatona kpena ɖe mía ŋu?

14 Azɔ hã, mawudɔla sesẽ miliɔn gbogbo aɖewo hã kpena ɖe mía ŋu. Bu nu si gbegbe mawudɔla ɖeka pɛ ate ŋu awɔ ŋu kpɔ! (Yes. 37:36) Azɔ bu nu si gbegbe mawudɔla miliɔn gbogbo mawo ate ŋu awɔ ŋu kpɔ. Ame alo gbɔgbɔ vɔ̃ aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe Yehowa ƒe aʋakɔ sẽŋu la nu o. Ne Yehowa le esubɔla wɔnuteƒe ɖeka pɛ dzi la, esɔa gbɔ wu futɔ siwo katã tso ɖe eŋu. (Ʋɔn. 6:16) Nya sia nye nyateƒe! Eya ta na nya sia nanɔ susu me na wò ne dɔwɔhati aɖe, sukuhati aɖe, alo ƒometɔ aɖe si mesubɔa Yehowa o la gblɔ nya aɖe alo wɔ nane si na vɔvɔ̃ ɖo wò. Ðo ŋku edzi be, menye wò ɖekae le avua wɔm o. Yehowa ye le mɔ fiam wò.

YEHOWA AYI EDZI AKPƆ MÍA TA

15. Abe ale si Yesaya 54:15, 17 gblɔe enea, nu ka tae ame aɖeke mate ŋu atɔ te Mawu ƒe amewo be woagaɖe gbeƒã o?

15 Susu geɖewo li siwo tae Satana ƒe xexea alé fu mí. Míedea nu dunyahehe me kura o, eye míewɔa aʋa o. Míeɖea gbeƒã Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe Fiaɖuƒea be eya koe ahe ŋutifafa vɛ, eye míewɔna ɖe eƒe se dzɔdzɔeawo dzi. Míekloa nu le xexea dzi ɖula dzi be enye aʋatsokala vɔ̃ɖi kple amewula. (Yoh. 8:44) Eye míeɖea gbeƒã be madidi o, woatsrɔ̃ Satana ƒe xexea. Ke hã, Satana kple eyomedzelawo mate ŋu atɔ te gbeƒãɖeɖedɔa o. Ke boŋ, míawɔ nu sia nu si míate ŋui anɔ Yehowa kafum! Togbɔ be ŋusẽ le Satana si hãa, mete ŋu xe mɔ be Fiaɖuƒegbedeasia nagaɖo amewo gbɔ le xexea me godoo o. Mate ŋui o, elabe Yehowa le mía ta kpɔm.—Xlẽ Yesaya 54:15, 17.

16. Aleke Yehowa axɔ na eƒe amewo le xaxa gãa me?

16 Nu kae adzɔ kpuie? Le xaxa gãa mea, Yehowa axɔ na eƒe amewo le mɔ ɖedzesi eve aɖewo nu. Gbãa, axɔ na esubɔla wɔnuteƒewo ne ena anyigbadzifiawo tso ɖe Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔhawo ŋu be yewoatsrɔ̃e. (Nyaɖ. 17:16-18; 18:2, 4) Emegbe, axɔ na eƒe amewo ne ele Satana ƒe xexea ƒe akpa susɔea tsrɔ̃m ɖa le Armagedon-ʋaa me.—Nyaɖ. 7:9, 10; 16:14, 16.

17. Ne míeku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ la, vi kae wòɖena na mí?

17 Ne míeku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ la, Satana mate ŋu awɔ naneke si agblẽ nu le mía ŋu tegbee o. Satana boŋue woatsrɔ̃ ɖa tegbee. (Rom. 16:20) Eya ta, do aʋawɔnu bliboa eye nàna wòanɔ ŋuwò! Mègatee kpɔ be ye ɖeka yeawɔ aʋa sia o. Kpe ɖe nɔviwòwo ŋu. Eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Ne èwɔ nu siawoa, ke àte ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒoa ado ŋusẽ wò eye wòakpɔ tawò.—Yes. 41:10.

HADZIDZI 149 Aʋadziɖuɖu Ƒe Ha

^ mm. 5 Biblia do ŋugbe be Yehowa akpe ɖe mía ŋu eye wòakpɔ mía ta. Le nyati sia mea, míaɖo biabia siawo ŋu: Nu ka tae wòle be woakpɔ mía ta? Aleke Yehowa kpɔa mía ta? Eye nu kae wòle be míawɔ be Yehowa nakpɔ mía ta?