Blema Israel-viwo Wɔ Aʋa Geɖe, Nu Ka Tae Míawo Míewɔa Aʋa O?
“NE MIA dometɔ aɖe gbe be yemawɔ aʋa kple France alo England oa, míawu mi katã.” Aleae Nazi srafo aɖe blu ɖe Yehowa Ðasefo aɖewo ta esime Xexemeʋã Evelia nɔ edzi yim. Togbɔ be Nazi srafo siwo lé tu ɖe asi nɔ afi ma hãa, Ðasefoawo dometɔ aɖeke melɔ̃ be yeada le Yehowa ƒe se dzi o. Dzi nɔ wo ƒo ŋutɔ! Nudzɔdzɔ sia ɖe ale si mí Yehowa Ðasefowo míebua aʋawɔwɔe fia; míewɔa aʋa o. Ne amewo tsɔ ku do ŋɔdzi na mí gɔ̃ hãa, míedea akpa aɖeke dzi o.
Gake ame geɖe siwo be Kristotɔwoe yewonye medaa asi ɖe míaƒe nyametsotsoa dzi o. Woxɔe se be Kristotɔ ate ŋu awɔ aʋa aʋli eƒe dukɔ ta eye ele be wòawɔe hã. Ðewohĩ woagblɔ be, ‘Blema Israel-viwo nye Mawu ƒe dukɔ eye wowɔ aʋa, ke nu ka tae mele be Kristotɔwo nawɔ aʋa egbea o?’ Aleke nàɖo nya sia ŋu? Àte ŋu aɖe eme be blema Israel-viwo ƒe nɔnɔmea to vovo na Mawu ƒe amewo tɔ egbea. Na míadzro nu si na woto vovoa dometɔ atɔ̃ me.
1. MAWU ƑE AMEWO KATÃ NƆ DUKƆ ÐEKA ME
Le blemaa, Yehowa tia dukɔ ɖeka be woanye yeƒe amewo—eyae nye Israel. Eyɔ Israel-viwo be yeƒe “nunɔamesi tɔxɛ le dukɔ bubuwo katã dome.” (2 Mose 19:5) Azɔ hã Mawu na wo anyigba aɖe koŋ. Eya ta esi Mawu de se na Israel-viwo be woakpe aʋa kple dukɔ bubuwoa, menye wo hati Yehowa subɔlawoe wokpe aʋa kple alo wu le aʋa mawo me o. *
Egbea, Yehowa subɔlawo tso “dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖ. 7:9) Eya ta, ne Mawu ƒe amewo yi aʋaa, woava wɔ aʋa kple Yehowa subɔla bubuwo alo awu wo gɔ̃ hã.
2. YEHOWAE NA ISRAEL-VIWO YI AƲA
Le blemaa, Yehowa ŋutɔe tsoa nya me le ɣeyiɣi si wòle be Israel-viwo nayi aʋa kple susu si tae la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mawu de se na Israel-viwo be woaho aʋa ɖe Kanaantɔwo ŋu. Elabe wosubɔa gbɔgbɔ vɔ̃wo, woƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nyɔŋuwo me, eye wotsɔa ɖeviwo saa vɔe. Yehowa de se na Israel-viwo be woatsrɔ̃ ame mawo ɖa le anyigba si ƒe ŋugbe wòdo na wo dzi, ale be woagasrɔ̃ wo o. (3 Mose 18:24, 25) Esi Israel-viwo va xɔ Ŋugbedodonyigbaa vɔa, Mawu bia tso wo si ɣeaɖewoɣi be woawɔ aʋa atsɔ aʋli dukɔa ta tso futɔwo si me. (2 Sam. 5:17-25) Gake Yehowa meɖe mɔ na Israel-viwo kpɔ be woatso le wo ɖokui si ko ayi aʋa o. Ne wowɔe alea, vɔ̃ koe dona tso eme.—4 Mose 14:41-45; 2 Kron. 35:20-24.
Egbea, Yehowa mebia tso amewo si be woawɔ aʋa o. Dukɔwo wɔa aʋa tsɔ dia wo ɖokui tɔ ke menye nu si Mawu di o. Woyia aʋa be yewoaxɔ anyigba geɖe, yewoakpɔ ga geɖe, alo yewoakpɔ ŋusẽ geɖe. Ke ame siwo gblɔna be yewole aʋa wɔm le Mawu ƒe ŋkɔ me be yewoatsɔ akpɔ yewoƒe subɔsubɔ ta alo awu Mawu ƒe futɔwo ya ɖe? Yehowa ŋutɔ akpɔ esubɔla vavãwo ta le aʋa aɖe si adzɔ kpuie me. Biblia yɔ aʋa ma be Armagedon. (Nyaɖ. 16:14, 16) Le aʋa ma mea, Mawu azã eƒe dziƒoʋakɔwo ɖeɖe ko, ke menye esubɔla siwo nye amegbetɔwo o.—Nyaɖ. 19:11-15.
3. ISRAEL-VIWO MEWU AME SIWO ÐEE FIA BE YEWOXƆ YEHOWA DZI SE O
Le blemaa, Israel srafowo kpɔ nublanui na ame siwo ɖee fia be yewoxɔ Mawu dzi se, eye wowu ame siwo Yehowa drɔ̃ ʋɔnui be wodze na ku la ɖeɖe ko. Le kpɔɖeŋu me: Togbɔ be Yehowa de se be Israel-viwo natsrɔ̃ Yeriko dua hãa, wokpɔ Rahab kple eƒe ƒomea ta le Rahab ƒe xɔse si wòɖe fia ta. (Yos. 2:9-16; 6:16, 17) Emegbe wokpɔ nublanui na Gibeontɔwo le esi woɖee fia be yewovɔ̃a Mawu ta.—Yos. 9:3-9, 17-19.
Egbea, ne dukɔwo le aʋa wɔmaa wowua ame siwo ɖee fia be yewoxɔ Mawu dzi se kple ame siwo menye asrafowo o gɔ̃ hã.
4. ELE BE ISRAEL-VIWO NAWƆ ÐE MAWU ƑE SEWO KU ÐE AƲAWƆWƆ ŊU DZI
Le blemaa, Yehowa bia tso Israel srafowo si be woawɔ ɖe se siwo yede ku ɖe aʋawɔwɔ ŋua dzi. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣia, Mawu biana tso wo si be woagblɔ “ŋutifafaɖoɖo siwo li” na du si ŋu woho aʋa ɖoa gbã. (5 Mose 20:10) Azɔ hã, Yehowa di tso Israel srafowo si be woanɔ dzadzɛ eye woawɔ ɖe yeƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo dzi. (5 Mose 23:9-14) Togbɔ be dukɔ bubuawo ƒe asrafowo dɔa nyɔnu siwo le du siwo dzi woɖua me gbɔ sesẽe hãa, Yehowa meɖe mɔ na Israel-viwo be woawɔ nenema o. Le nyateƒe mea, ne wokpɔ nyɔnu aɖe le aboyomeawo dome si ƒe nu lé dzi na wo gɔ̃ hãa, ele be woalala ɣleti ɖeka hafi aɖee.—5 Mose 21:10-13.
Egbea, dukɔ geɖewo de asi agbalẽ te be yewoawɔ ɖe aʋawɔwɔ ŋuti se aɖewo dzi. Togbɔ be wowɔ esia be yewoatsɔ akpɔ dumevi siwo menye asrafowo o ta hãa, nublanuitɔea, wodana le se mawo dzi zi geɖe.
5. MAWU WƆ AƲA NA EƑE DUKƆA
Le blemaa, Yehowa wɔ aʋa na Israel-viwo eye ewɔ nukunu zi geɖe tsɔ kpe ɖe wo ŋu woɖu dzi. Le kpɔɖeŋu me, aleke Yehowa kpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu Yeriko dua dzi? Yehowa gblɔ na Israel-viwo be ‘woado aʋaɣli’ eye esi wowɔe nenemaa, ‘glia mu dze anyi’ si na wote ŋu xɔ dua bɔbɔe. (Yos. 6:20) Ke aleke wowɔ ɖu Amoritɔwo dzi? “Yehowa na tsikpe gãwo dza tso dziƒo ɖe wo dzi . . . Le nyateƒe me la, ame siwo tsikpeawo wu sɔ gbɔ wu ame siwo Israel-viwo wu kple yi.”—Yos. 10:6-11.
Egbea, Yehowa mewɔa aʋa na anyigba dzi dukɔ aɖeke o. Eƒe Fiaɖuƒea, si ƒe Fiae nye Yesu “menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.” (Yoh. 18:36) Satana si nye vɔ̃ɖitɔ lae kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã dzi. Eye aʋa dziŋɔ siwo amegbetɔwo wɔ la ɖo kpe esia dzi.—Luka 4:5, 6; 1 Yoh. 5:19.
KRISTOTƆ VAVÃWO NYE ŊUTIFAFAWƆLAWO
Abe ale si míeva kpɔe enea, míaƒe nɔnɔmea to vovo na blema Israel-viwo tɔ kuraa. Gake menye susu siawo ɖeɖe ta koe míeyia aʋa o. Susu bubuwo gali. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔe be le ŋkeke mamlɛawo mea, ame siwo yeafia nui la ‘magasrɔ̃ aʋawɔwɔ’ kaka ahayi ewɔ ge hã o. (Yes. 2:2-4) Kristo hã gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo manye “xexea ƒe akpa aɖeke o”; womade akpa aɖeke dzi le xexea ƒe aʋawɔwɔwo me o.—Yoh. 15:19.
Kristo gade dzi ƒo na eyomedzelawo be woawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Efia wo be woatsri nɔnɔme siwo hea dziku, ameléleɖedɔme, kple aʋawɔwɔ vanɛ. (Mat. 5:21, 22) Azɔ hãa, efia eyomedzelawo be woanye “ame siwo wɔa ŋutifafa” eye woalɔ̃ woƒe futɔwo.—Mat. 5:9, 44.
Ke mí ame ɖekaɖekawo hã ɖe? Anɔ eme be mímadi be míayi aʋa ya o, gake ɖe míebua mía nɔvi aɖewo be wonye míaƒe futɔwo, alo ɖea nɔnɔme siwo ate ŋu ahe dzre kple mama ava hamea me fianaa? Mina míaku kutri vevie aɖe nɔnɔme mawo tɔgbi ɖa le mía me.—Yak. 4:1, 11.
Míeƒoa mía ɖokui ɖe dukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo me o, ke boŋ míekua kutri vevie be ŋutifafa kple lɔlɔ̃ nanɔ mía dome. (Yoh. 13:34, 35) Mina míaɖoe kplikpaa be míagade akpa aɖeke dzi o, esime míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Yehowa ava ɖe aʋawɔwɔwo katã ɖa tegbee.—Ps. 46:9.
^ Edzɔ ɣeaɖewoɣi be Israel-to aɖewo wɔ aʋa kple to bubuwo, gake esia medze Yehowa ŋu o. (1 Fia. 12:24) Gake edzɔ le go aɖewo me be Yehowa da asi ɖe aʋa mawo dometɔ aɖewo dzi le esi to aɖewo mewɔ nuteƒe nɛ o alo wowɔ nu vɔ̃ siwo nye ŋkubiãnya ta.—Ʋɔn. 20:3-35; 2 Kron. 13:3-18; 25:14-22; 28:1-8.