Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 42

“Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Wɔa Nuteƒe” Na Yehowa

“Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Wɔa Nuteƒe” Na Yehowa

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo wɔa nuteƒe, ame siwo nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe se la nu.”—PS. 119:1, etenuŋɔŋlɔ.

HADZIDZI 124 Míawɔ Nuteƒe Ðaa

NYA VEVIAWO *

Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dzinɔameƒotɔ siwo wolé de gaxɔ me va yi kple esiwo gakpɔtɔ le gaxɔ me le esi wole Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi ta la dometɔ aɖewo (Memama 1-2 lia)

1-2. (a) Nu kae dziɖuɖu aɖewo wɔ na Yehowa ƒe amewo, gake aleke Yehowa ƒe amewo wɔa nui? (b) Nu ka tae míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole mía yome tim hã? (Ƒo nu tso foto si le akpaa dzi ŋu.)

 FIFI laa, woɖo asi míaƒe dɔa dzi alo xe mɔ ɖe enu le dukɔ 30 kple edzivɔ me le xexea me godoo. Le dukɔ mawo dometɔ aɖewo mea, wolé mía nɔviwo de gaxɔ me. Nu ka tae? Womewɔ nu gbegblẽ aɖeke hafi o. Nu si Yehowa di tso wo si koe wowɔ; wosrɔ̃a Biblia, woɖea gbeƒã na amewo, wodea kpekpeawo, eye womedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Togbɔ be woti Yehowa subɔla siawo yome vevie hãa, woyi edzi lé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi * alo wɔ nuteƒe na Yehowa, eye womena ta o. Esia na wole dzidzɔ kpɔm.

2 Ðewohĩ èkpɔ Ðasefo dzinɔameƒotɔ mawo dometɔ aɖewo ƒe fotowo kpɔ eye ède dzesii be wole alɔgbɔnu kom. Ɛ̃, wokpɔa dzidzɔ elabe wonyae be yewoƒe nuteƒewɔwɔ dzea Yehowa ŋu. (1 Kron. 29:17a) Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta. . . . Mitso aseye, eye migli kple dzidzɔ, elabena miaƒe fetu lolo.”—Mat. 5:10-12.

KPƆÐEŊU SI APOSTOLOAWO ÐO ÐI NA MÍ

Petro kple Yohanes ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na Kristotɔ siwo li egbea siwo wokplɔ yi ʋɔnu le woƒe xɔse ta (Kpɔ memama 3-4 lia)

3. Abe ale si wòdze le Dɔwɔwɔwo 4:19, 20 enea, aleke apostoloawo wɔ nui esi woti wo yome, eye nu ka tae wowɔ nu nenema?

3 Nu si le dzɔdzɔm ɖe mía nɔviwo dzi egbea sɔ kple nu si wotu kple apostoloawo le ƒe alafa gbãtɔ me esime wonɔ gbeƒã ɖem tso Yesu ŋu. Ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔa ‘de se na apostoloawo enuenu be woadzudzɔ nuƒoƒo le Yesu ƒe ŋkɔ me.’ (Dɔw. 4:18; 5:27, 28, 40) Aleke apostoloawo wɔ nui? (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 4:19, 20.) Wonya be ame aɖe si kɔ wue ‘de se na yewo be yewoaɖe gbeƒã na dukɔ la eye yewoaɖi ɖase tsitotsito’ tso Kristo ŋu. (Dɔw. 10:42) Petro kple Yohanes ƒo nu ɖe apostoloawo nu dzinɔameƒotɔe gblɔ be yewoaɖo to Mawu tsɔ wu dziɖula mawo eye yewomadzudzɔ nuƒoƒo tso Yesu ŋu o. Ðeko wònɔ abe wonɔ amegã mawo biam be, ‘Mɔ kae miekpɔ asusu be ŋusẽ le yewo si wu Mawu?’

4. Abe ale si Dɔwɔwɔwo 5:27-29 ɖee fia enea, kpɔɖeŋu nyui kae apostoloawo ɖo na Kristotɔ vavãwo katã? Aleke míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua?

4 Apostoloawo ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí be “míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo,” eye nenema tututue Kristotɔ vavãwo wɔe tso ɣemaɣi va de asi na egbe. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 5:27-29.) Woƒo apostoloawo le esi woɖoe kplikpaa be yewoawɔ nuteƒe na Mawu ta. Esi woƒo wo vɔa, wodzo le ʋɔnudrɔ̃ƒea nɔ “dzidzɔ kpɔm be wobu yewo be yewodze woado vlo yewo le [Yesu ƒe] ŋkɔ la ta,” eye woyi edzi nɔ gbeƒã ɖem.—Dɔw. 5:40-42.

5. Biabia kawo ŋue míaɖo?

5 Kpɔɖeŋu si apostoloawo ɖo ɖia fɔ biabia aɖewo ɖe te. Le kpɔɖeŋu me: Esi apostoloawo tiae be yewoaɖo to Mawu wu amegbetɔwoa, ɖe womeda le se si le Ŋɔŋlɔawo me be ‘míabɔbɔ mía ɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te’ la dzi oa? (Rom. 13:1) Aleke míate ŋu ‘aɖo to dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo’ abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene, evɔ míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu si nye míaƒe Dziɖula Gãtɔ?—Tito 3:1.

“ŊUSẼTƆWO”

6. (a) Ame kawoe woyɔ le Romatɔwo 13:1 be “ŋusẽtɔwo,” eye nu kae wòle be míawɔ na wo? (b) Nu kae Biblia ɖe fia tso amegbetɔ dziɖulawo ŋu?

6 Xlẽ Romatɔwo 13:1. Nya “ŋusẽtɔwo” si le kpukpui sia me fia dziɖula siwo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi. Ele be Kristotɔwo nabɔbɔ ɖe wo te. Dziɖula siawo kpɔa egbɔ be nuwo zɔ nyuie le dukɔa me, wokpɔa egbɔ be amewo wɔ se dzi, eye wokpɔa Yehowa ƒe amewo ta ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. (Nyaɖ. 12:16) Eya ta Biblia de se na mí be míaxe adzɔ na wo, míadzɔ nu na wo, míavɔ̃ wo eye míabu wo. (Rom. 13:7) Esi Yehowa ɖe mɔ tae ŋusẽ le dziɖula mawo si ɖo. Yesu na esia me kɔ nyuie esi Roma Nutodziɖula Pontio Pilato nɔ gbe biamee. Esi Pilato gblɔ be ŋusẽ le ye si be yeaɖe asi le Yesu ŋu alo yeana woawuia, Yesu gblɔ nɛ be: “Ŋusẽ aɖeke kura manɔ asiwò ɖe dzinye o, negbe ɖe wona wò tso dziƒo.” (Yoh. 19:11) Abe Pilato enea, ŋusẽ ka kee le dziɖula kple dunyahela siwo li egbea si o, seɖoƒe li nɛ.

7. Nɔnɔme kawo mee mele be míaɖo to dziɖulawo le o, eye nu kae wòle be woanya?

7 Kristotɔwo wɔna ɖe dziɖuɖua ƒe sewo dzi ne wometsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o ko. Ne amegbetɔwo bia tso mía si be míawɔ nane si Mawu lé fui alo míadzudzɔ nane si Mawu be míawɔ la wɔwɔa, mele be míaɖo to wo o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ woabia tso ɖekakpuiwo si be woawɔ aʋa na dukɔa. * Alo ɖewohĩ woaɖo asi míaƒe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo dzi eye woade se be míagaɖe gbeƒã alo awɔ kpekpewo azɔ o. Ne dziɖulawo zã woƒe ŋusẽ le mɔ gbegblẽ nu alea, eye woti Kristo ƒe nusrɔ̃lawo yomea, ele be woanyae be woabu akɔnta na Mawu. Yehowa le wo kpɔm!—Nyagb. 5:8.

8. Vovototo kae le ale si Biblia ɖɔ dziɖulawo kple ale si wòɖɔ Yehowae dome, eye nu ka tae esia nyanya le vevie?

8 Biblia yɔ dziɖulawo be “ŋusẽtɔwo,” elabe wole ɖoƒe kɔkɔ eye ŋusẽ le wo si wu ame bubuwo. Gake ema mefia be woƒe ŋusẽ alo ɖoƒe ƒo ɖe sia ɖe ta o. Ame aɖe li si ƒo nuwo katã ta; eyae nye Yehowa Mawu. Biblia yɔe zi gbɔ zi ene sɔŋ be “Nuwokatãtaƒola.”—Dan. 7:18, 22, 25, 27.

“NUWOKATÃTAƑOLA”

9. Nu kawoe nyagblɔɖila Daniel kpɔ le ŋutega me?

9 Nyagblɔɖila Daniel kpɔ ŋutega siwo ɖee fia be Yehowa ƒe ŋusẽ ƒo xexemedziɖuɖuwo katã ƒe ŋusẽ ta. Gbãa, Daniel kpɔ lã wɔadã ene siwo le tsitre ɖi na xexemeŋusẽ siwo nɔ anyi le blema kple esi le dzi ɖum egbe. Woawoe nye Babilon, Medo-Persia, Hela, kpakple Roma kple Anglo-Amerika si do tso Roma me. (Dan. 7:1-3, 17) Eyome Daniel kpɔ Yehowa Mawu wòbɔbɔ nɔ fiazikpui dzi le dziƒo, eye woɖi ʋɔnu. (Dan. 7:9, 10) Egakpɔ nu bubu aɖe si wòle be wòanye nuxlɔ̃ame na dziɖulawo egbea.

10. Le Daniel 7:13, 14, 27 ƒe nya nua, ame kawoe Yehowa na ŋusẽ be woaɖu anyigba dzi, eye nu kae esia fia mí tso eŋu?

10 Xlẽ Daniel 7:13, 14, 27. Mawu xɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ le amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã si eye wòtsɔe na ame siwo dze wu eye ŋusẽ le wo si wu. Woawoe nye ame kawo? Woawoe nye Yesu Kristo, ame si woɖɔ be ele “abe amegbetɔvi ene” kple ame 144,000 siwo woyɔ be “Nuwokatãtaƒola la ƒe ame kɔkɔewo.” Ame siawo aɖu fia “tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Dan. 7:18) Edze ƒãa be Yehowae nye “Nuwokatãtaƒola” la, elabe eya ko sie ŋusẽ le be wòawɔ nu ma.

11. Nya kae Daniel gblɔ si ɖee fia be Yehowa ƒe ŋusẽ ƒo ɖe sia ɖe ta?

11 Nu si Daniel kpɔ le ŋutega me la wɔ ɖeka kple nya aɖe si wògblɔ va yi tso “dziƒo ƒe Mawu la” ŋu be: “Eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi.” Egblɔ hã be: “Dziƒoʋĩtɔ lae nye Dziɖula si kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye ame si dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ nana.” (Dan. 2:19-21; 4:17) Ðe wòdzɔ kpɔ be Yehowa ɖe dziɖula aɖewo le zi dzi alo tsɔ dziɖuɖu na ame bubuwoa? Ɛ̃, edzɔ zi geɖe!

Yehowa xɔ fiaɖuƒea le Belsazar si tsɔ na Mediatɔwo kple Persiatɔwo (Kpɔ memama 12 lia)

12. Gblɔ ale si Yehowa ɖe fia aɖewo le zi dzi le blema ƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

12 Yehowa ɖee fia zi geɖe be yekpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ dziɖulawo katã dzi. Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ ŋu kpɔ. Egipte-fia Farao wɔ Yehowa ƒe amewo kluviwo eye wògbe gbidii be yemaɖe asi le wo ŋu o. Gake Yehowa ɖe wo tso Farao si me eye wòna wònyrɔ ɖe Ƒudzĩa me. (2 Mose 14:26-28; Ps. 136:15) Babilon-fia Belsazar ɖo kplɔ gã aɖe eye “[wòdo eɖokui] ɖe dzi ɖe dziƒowo ƒe Aƒetɔ la ŋu” eye ‘wòkafu mawu dzodzro siwo nye klosalo kple sika’ le esi teƒe be wòakafu Yehowa. (Dan. 5:22, 23) Gake Mawu bɔbɔ fia dadala ma ɖe anyi. “Zã ma me ke” wowui eye wotsɔ fiaɖuƒea na Mediatɔwo kple Persiatɔwo. (Dan. 5:28, 30, 31) Palestina-fia Herodes Agripa Gbãtɔ na wowu apostolo Yakobo eye wòde apostolo Petro gaxɔ me be yeava wu eya hã. Gake Yehowa gblẽ eƒe ɖoɖoa me. “Yehowa ƒe dɔla ƒoe” ƒu anyi wòku.—Dɔw. 12:1-5, 21-23.

13. Gblɔ ale si Yehowa ɖu fia gbogbo siwo wɔ ɖeka la dzi ƒe kpɔɖeŋu.

13 Yehowa ɖee fia be, ne dziɖula gbogbo aɖewo wɔ ɖeka si wɔe be wogakpɔ ŋusẽ ɖe edzi hãa, yeƒe ŋusẽ ƒo wo tɔ ta sãsãsã. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa wɔ aʋa na Israel-viwo si na woɖu Kanaan-fia 31 siwo wɔ ɖeka tso ɖe wo ŋu dzi, eye woxɔ Ŋugbedodonyigbaa ƒe akpa aɖewo. (Yos. 11:4-6, 20; 12:1, 7, 24) Yehowa kpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu Fia Ben-Hadad kple Siria-fia 32 bubu siwo wɔ aʋa kple Israel-viwo la hã dzi keŋkeŋ.—1 Fia. 20:1, 26-29.

14-15. (a) Nya kae Fia Nebukadnezar kple Fia Dario gblɔ tso Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu? (b) Nya kae hakpalaa gblɔ tso Yehowa kple eƒe dukɔ ŋu?

14 Yehowa ɖee fia enuenu be yee nye Nuwokatãtaƒola la! Esime Babilon-fia Nebukadnezar mebɔbɔ eɖokui na Yehowa, Ame si dze na kafukafu o, ke boŋ wòtsɔ ‘eƒe ŋusẽ, ŋutete kple gãnyenye’ nɔ adegbe ƒomaa, Mawu na wòdze aɖaʋa. Esi Nebukadnezar ƒe mo va kɔa, ‘ekafu [Yehowa,] Dziƒoʋĩtɔ la’ be “eƒe dziɖuɖu nye dziɖuɖu mavɔ . . . Ame aɖeke mate ŋu axe mɔ nɛ . . . o.” (Dan. 4:30, 33-35) Esi wotsɔ Daniel de dzatawo ƒe do me le eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ta eye Yehowa ɖeea, Fia Dario de se be: “Woavɔ̃ Daniel ƒe Mawu la ahadzo nyanyanya le eŋkume. Elabena eyae nye Mawu gbagbe la kple Ame si li tegbee, eƒe fiaɖuƒe matsrɔ̃ gbeɖe o, eye eƒe dziɖuɖu li tegbee.”—Dan. 6:7-10, 19-22, 26, 27.

15 Hakpalaa gblɔ be: “Yehowa gblẽ dukɔwo ƒe adaŋudedewo me; etɔtɔ dukɔwo ƒe ɖoɖowo me.” Egblɔ kpee be: “Dzidzɔtɔwoe nye dukɔ si ƒe Mawu Yehowa nye, dukɔ si wòtia be wòanye ye ŋutɔ ye tɔ.” (Ps. 33:10, 12) Esia nye susu nyui aɖe si ta wòle be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa!

AƲA MAMLƐTƆ

Dukɔwo ƒe ƒuƒoƒoa maɖi naneke le Yehowa ƒe aʋakɔa ŋkume o (Kpɔ memama 16-17 lia)

16. Nu kae míeka ɖe edzi be Yehowa awɔ le “xaxa gã” la me, eye nu ka tae? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

16 Va se ɖe fifia, míekpɔ nu siwo Yehowa wɔ va yi. Ke nu kae wòawɔ le etsɔme? Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa axɔ na esubɔla wɔnuteƒewo le “xaxa gã” si gbɔna me. (Mat. 24:21; Dan. 12:1) Awɔ esia ne dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si Biblia yɔ be Gog si tso Magog la dze Mawu ƒe amewo dzi vɔ̃ɖitɔe le xexea me godoo. Ne dukɔ 193 siwo le Dukɔ Ƒoƒuawo me la katã wɔ ɖeka tso ɖe Mawu ƒe amewo ŋu hãa, womaɖi naneke le Nuwokatãtaƒola la kple eƒe dziƒoʋakɔa ŋkume o! Yehowa gblɔ be: “Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋkume; ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.”—Eze. 38:14-16, 23; Ps. 46:10.

17. Nu kae adzɔ ɖe anyigbadzifiawo dzi, eye nu kae adzɔ ɖe ame siwo wɔa nuteƒe na Yehowa dzi?

17 Ne Gog tso ɖe Mawu ƒe amewo ŋua, afi mae wòakpɔe le be ze wu ze. Yehowa atsrɔ̃ “anyigba blibo la dzi fiawo” le Armagedon-ʋaa me. (Nyaɖ. 16:14, 16; 19:19-21) Esia megbea, “ame dzɔdzɔewo koe anɔ anyigba la dzi, eye ame siwo wɔa nuteƒe asusɔ ɖe edzi.”—Lod. 2:21, etenuŋɔŋlɔ.

ELE BE MÍAYI EDZI AWƆ NUTEƑE

18. Nu kae Kristotɔ vavã geɖe lɔ̃ fãa be yewoawɔ, eye nu ka tae? (Daniel 3:28)

18 Tso keke blema kea, Kristotɔ vavã geɖewo lɔ̃ faa de woƒe ablɔɖe kple agbe afɔku me le esi wolɔ̃ Yehowa, woƒe Dziɖulagã la ta. Woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Kristotɔ mawo le abe Hebrivi etɔ̃ siwo wolé de kpodzo bibi me le woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ta eye wòɖe wo la ene.—Xlẽ Daniel 3:28.

19. Nu ka dzie Yehowa anɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu eƒe amewo, eye nu kae wòle be míawɔ?

19 Hakpala David ƒo nu tso nu si tae wòle vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa Mawu ŋu. Egblɔ be: “Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo. Oo Yehowa, tso afia nam le nye dzɔdzɔenyenye nu, le nye fɔmaɖimaɖi la nu.” (Ps. 7:8) Egblɔ hã be: “Na nuteƒewɔwɔ kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ nakpɔ tanye.” (Ps. 25:21) Nu vevitɔ si míate ŋu awɔ le agbe mee nye be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, nu ka kee ɖadzɔ o! Ne míewɔe alea, míase le mía ɖokui me abe hakpalaa ene esi wògblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo wɔa nuteƒe. Ame siwo nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe se la nu.”—Ps. 119:1, etenuŋɔŋlɔ.

HADZIDZI 122 Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋãe!

^ Biblia gblɔ na Kristotɔwo be woaɖo to ŋusẽtɔwo, si fia xexemedziɖuɖuwo. Gake dziɖuɖu aɖewo tsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu vevie. Aleke wòanya wɔ be míaɖo to dziɖulawo, evɔ míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

^ NYAMEÐEÐE: Fɔmaɖimaɖi me lelé ɖe asi bia be míawɔ nuteƒe na Yehowa eye míanɔ eƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi dodokpɔ ka kee ɖava mía dzi o. Le nyati sia mea, míaɖe nya ma gɔme kpuie ko be nuteƒewɔwɔ.

^ Kpɔ nyati si nye “Blema Israel-viwo Wɔ Aʋa Geɖe, Nu Ka Tae Míawo Míewɔa Aʋa O?” le Gbetakpɔxɔ sia me.