ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI
Ignaz Semmelweis
AƑETƆ Ignaz Semmelweis nye ame si ame geɖe menya o, ke hã eƒe dɔ ɖea vi na ƒome geɖe egbea. Wodzii le dugã si nye Buda (si woyɔna fifia be Budapest) le Hungary, eye wòxɔ yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ le atikewɔnyawo me le dugã si nye Vienna ƒe yunivɛsiti le ƒe 1844 me. Esi wòva zu nufialagã aɖe ƒe kpeɖeŋutɔ le kɔdzi si wodzia vi le le Vienna le ƒe 1846 me la, ede dzesi kuxi gã aɖe si nye asrã ƒomevi aɖe si wua funɔ siwo va dzi vi ƒe 13 le alafa me.
Ame geɖe do susu vovovo siwo gbɔ dɔlélea anya tso la ɖa, ke hã, wo dometɔ aɖeke mete ŋu kpɔ ta nɛ o. Agbagba siwo katã wodze be woaɖe funɔwo ƒe kuku dzi akpɔtɔ la medze edzi o. Esi aƒetɔ Semmelweis yi edzi nɔ tame bum tso ale si vidadawo sea veve hekunae ŋu la, eɖoe kplikpaa be yeadi nu si gbɔ dɔlélea tso ahaxe mɔ nɛ.
Vidzidzidɔwɔƒe evee le kɔdzi si aƒetɔ Semmelweis wɔa dɔ le, eye edze gaglã be funɔ siwo kuna le vidziƒe gbãtɔ sɔa gbɔ wu funɔ siwo kuna le vidziƒe evelia. Vovototo si le vidziƒe eve siawo domee nye be wofia nu sukuvi siwo ava nye ɖɔktawo le vidzidzidɔwɔƒe gbãtɔ eye wofiaa vixexe le evelia me. Ke nu ka gbɔe wòtso be amewo kuna le vidzidzidɔwɔƒe gbãtɔ wu evelia? Aƒetɔ Semmelweis ku nu geɖe me tso nu vovovo siwo gbɔ dɔlélea anya tso ŋu gake gbeɖegbeɖea koe.
Le ƒe 1847 me la, aƒetɔ Semmelweis kpɔ nane si ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔ ta na kuxia. Eƒe dɔwɔhati si ganye exɔlɔ̃ si ŋkɔe nye Jakob Kolletschka xɔ abi esime wònɔ ame kuku aɖe dom kpɔ si wɔe be dɔlékuiwo to abia me ge ɖe lãme nɛ si na wòku. Esi aƒetɔ Semmelweis nɔ dodokpɔ si wowɔ tso nu si wu exɔlɔ̃a xlẽm la, ekpɔe be le mɔ aɖe nu la, dɔléle si wui la sɔ kple dɔléle si nɔa funɔawo wum. Eya ta aƒetɔ Semmelweis ƒo nya ta be ɖewohĩ “aɖi” aɖe si le ame kukuwo ŋue nɔa funɔawo wum. Ekpɔe be ɖɔkta kple sukuvi siwo doa ame kukuwo
kpɔna edziedzi hafi yia vixeƒea la tsɔa dɔlékuiawo tsoa ame kukuawo ŋu eye funɔwo xɔa dɔa tso wo gbɔ le manyamanya me ne wole wo dom kpɔ! Funɔ siwo vana vidzidzidɔwɔƒe evelia mekuna dea gbãtɔ nu o elabena vixela siwo wɔa dɔ le vidzidzidɔwɔƒe evelia ya mewɔa dɔ le ame kukuwo ŋu o.Aƒetɔ Semmelweis de se enumake be ele vevie be woanɔ asi klɔm, eye woazã atike siwo wua nugbagbevi suesuesuewo hã atsɔ anɔ asi klɔm hafi ado funɔwo kpɔ. Nu siwo do tso eme la wɔ nuku ŋutɔ: ale si funɔwo kunae dzi ɖe kpɔtɔ kura tso 18.27 le alafa me le April me va ɖo 0.19 le alafa me le ƒea ƒe nuwuwu.
“Taɖodzinu si le nu si mefiana ŋue nye be wòakpe ɖe vidzidzidɔwɔƒewo ŋu be woakpɔ nyɔnuwo ta na wo srɔ̃wo kple vidadawo ta na wo viwo.”—Ignaz Semmelweis
Menye ame sia amee da asi ɖe nu si ŋu aƒetɔ Semmelweis ke ɖo la dzi o. Nu si ŋu wòke ɖo tso nu si gbɔ funɔwo ƒe ku tsona la tsi tre ɖe eƒe tatɔ ƒe nufiafia si ku ɖe nu si le kua hem vɛ la ŋu, Semmelweis ƒe tɔtete ɖe nu siwo ŋu wòke ɖo dzi ku dzi na eƒe tatɔa. Ema wɔe be mlɔeba la, dɔ va ge le aƒetɔ Semmelweis si le Vienna kɔa dzi si na wòtrɔ yi Hungary. Le afi sia la, eva nye dɔdzikpɔla le funɔwo dzi kpɔƒe le St. Rochus Kɔdzi, le dugã si nye Pest me eye esi wònaa ɖɔktawo klɔa asi hafi kpɔa funɔwo gbɔ ta la, funɔwo ƒe kuku dzi ɖe kpɔtɔ kura.
Le ƒe 1861 me la, eŋlɔ nu tso eƒe dɔa ŋu ɖe agbalẽ si nye Nu Si Gbɔ Funɔwo Ƒe Ku Tsona Kple Ale Si Woalé Enu (ele Eŋlisigbe me). Nublanuitɔe la, amewo mekpɔ vevienyenye si le nu si ŋu wòke ɖo la ŋu o hena ƒe geɖe. Ema wɔe be ame gbogbo aɖewo siwo woate ŋu axɔ ɖe agbe hafi la ku nublanuitɔe.
Wova kpɔe emegbe be aƒetɔ Semmelweis hã le ame siwo gbɔ wòtso be wova wɔ atike siwo wua nugbagbevi suesuesue siwo dea dɔ lãme na ame la dome. Nu siwo ŋu wòke ɖo na wova kpɔe be nugbagbevi suesuesue siwo ŋku mate ŋu akpɔ o gɔ̃ hã ate ŋu ade dɔ lãme na ame. Eya hã wɔ akpa aɖe hafi wova nyae be nugbagbevi suesuesuewo tea ŋu dea dɔ lãme na ame eye enye nu “ɖedzesi aɖe le atikewɔnyawo me.” Ewɔ nuku be ƒe 3,000 do ŋgɔ la, Mose ƒe Sea, si va nye Biblia ƒe akpa aɖe na mɔfiame ku ɖe nu si ame awɔ ne eka asi ame kuku ŋu la ŋu.