Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ÐE WOWƆEA?

Ale Si Wowɔ Ƒumelã Aɖewo Ƒe Gowo

Ale Si Wowɔ Ƒumelã Aɖewo Ƒe Gowo

ƑUMEBƆBƆWO ƒe gowo kple adzawo ƒe gowo (alo gatsuƒliwo) ye kpena ɖe wo ŋu wonɔa agbe le nɔnɔme sesẽwo me, eye wonɔa te ɖe ale si atsiaƒua nɔa wo nyamam la nu. Ale si woƒe goawo kpɔa wo ta nyuie la ʋã mɔ̃ɖaŋununyalawo wole nu me kum tso woƒe dzedzeme vovovoawo kple ale si goawo le ŋu kple susu be yewoata ʋu siwo woawɔ kple xɔ siwo woatu be woate ŋu akpɔ amewo ta.

Bu nya siawo ŋu kpɔ: Mɔ̃ɖaŋununyalawo lé ŋku ɖe goawo dometɔ eve siwo nye gbadzɛtɔ kple lɔbɔetɔ ƒe dzedzemewo ŋu.

Le gbadzɛtɔ gome la, wode dzesii be ale si fliwo tso eƒe nugbɔ va wu enu ɖe kpeƒea ye wɔe be ŋusẽ va le kpeƒea ŋu wu. Gake le lɔbɔetɔ gome la, ale si fliawo gɔdɔ̃ to eŋu wɔe be ŋusẽ va le eƒe nugbɔ si keke wu la ŋu. Le gbadzɛtɔ kple lɔbɔetɔ siaa gome la, zi geɖea ne nane lɔ goa la, sesẽƒea kpɔa eta si wɔnɛ be nu vevi mewɔa lã si le goa me la o.

Numekulawo hã do ƒumelã siawo ƒe go kple esiwo ɖi esiawo siwo wowɔ le kɔmpiuta dzi la kpɔ. Nu si wova de dzesii ye nye be, ale si wowɔ ƒumelã siawo ƒe gowo nukutɔe la na wosesẽ wu esiwo wowɔ le kɔmpiuta dzi la zi gbɔ zi eve.

Esi agbalẽ aɖe (Scientific American) nɔ nu ƒom tso nu siwo ŋu woke ɖo le numekukua me ŋu la, egblɔ be: “Ne èva le ʋu siwo wowɔ ɖe ƒumelã siawo ƒe go ƒe nɔnɔme nu ƒe ɖe kum gbe ɖeka la, anya kpɔ ŋutɔ eye àkpɔe be ɖe wowɔe be wòakpɔ emenɔlawo ta.”

Nu kae nèsusu? Ðe ƒumelã siawo ƒe goawo dzɔ le wo ɖokui sia? Alo Wɔla lae wɔea?