Kristmas Kɔnuwo—Kristotɔwo ƒe Wɔnae Wonyea?
Kristmas Kɔnuwo—Kristotɔwo ƒe Wɔnae Wonyea?
KRISTMAS gaɖo. Nukae wòfia na wò, wò ƒomea, kple wò zɔhɛwo? Gbɔgbɔmenuwo wɔɣi yea, alo azã kple dzidzɔdoɖeameŋuɣi koe wònye? Ɣeyiɣi si wòle be woatsɔ ade ŋugble le Yesu Kristo dzidzi ŋue loo alo esi mele be woatsɔ ɖeke le Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo me o ye wònye?
Ne èle ŋugble dem le biabia mawo ŋu la, ɖo ŋku edzi be Kristmas wɔnawo ato vovo ku ɖe afisi nèle ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Mexico kple Latin Amerika dukɔ bubuwo me la, ŋkɔ si woyɔna nɛ gɔ̃ hã to vovo. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be “woɖe” Eŋlisigbe me ŋkɔ Christmas “tso titinaɣeyiɣi me nya Christes Masse, [si gɔmee nye] Kristo ƒe Misa me.” Gake alesi woyɔnɛ le Latin Amerika dukɔ siawo me be La Navidad, alo Dzidzizã la ku ɖe Kristo ƒe dzidzi ŋuti. Tɔ vie nàde ŋugble le kɔnu aɖewo siwo wowɔna le Mexico ŋu kpɔ. Ðewohĩ esia akpe ɖe ŋuwò nàgbugbɔ ŋku alé ɖe ŋkekenyui sia ŋu.
Dzeƒedizã, “Nunyala Etɔ̃awo,” Kple Dzidzizã Wɔnawo
Azãɖuɖua dzea egɔme le December 16 lia dzi kple dzeƒedizã ɖuɖu. Agbalẽ si nye Mexico’s Feasts of Life gblɔ be: “Enye dzeƒedizãɖuɣi, si nyea ŋkeke asieke dodzidzɔname siwo doa ŋgɔ na Kristmas ƒe Dzodragbe, si woɖuna tsɔ ɖoa ŋku Yosef kple Maria ƒe tsaglãlatsatsa le Betlexem kple esime mlɔeba wova nyo dɔme na wo na dzeƒe wo. Ƒomewo kple xɔlɔ̃wo ƒoa ƒu ɖekae fiẽ sia fiẽ wɔa nusiwo dzɔ do ŋgɔ na Kristo dzidzi ƒe fefewo.”
Le kɔa nu la, ameha aɖewo tsɔa Maria kple Yosef ƒe nɔnɔmewɔwɔwo ɖe asi yia amewo ƒeme hedzia ha tsɔ biaa dzeƒee, alo nusi woyɔna be posada. Aƒea me tɔwo dzia ha tsɔ ɖoa eŋui vaseɖe esime woxɔa amedzroawo. Ekema woɖoa kplɔ̃ na wo, eye ame aɖewo—siwo wotsɔ nu bla mo na eye wolé ati ɖe asi—dzea agbagba be yewoagbã piñata, si nye ze gã aɖe si woɖo atsyɔ̃ na tsɔ ka tsi ɖe yame. Ne wote ŋu gbãe la, azãɖulaawo lɔa nusiwo le eme (kpetikewo, atikutsetsewo, kple nusiawo tɔgbe). Emegbe nuɖuɖu, nunono, haƒoƒo, kple ɣeɖuɖu kplɔnɛ ɖo. Woɖoa posada kplɔ̃ enyi tso December 16 vaseɖe December 23 lia dzi. Le dzinua ƒe ŋkeke 24 lia dzi la, woɖua Nochebuena (Kristmas ƒe Dzodragbe), eye ƒomewo dzea agbagba be yewoaƒo ƒu aɖu fiẽnuɖuɖu tɔxɛ aɖe.
Eteƒe medidina hafi Ƒe Yeye si woɖuna kple kplɔ̃ siwo ɖoƒe howɔwɔ gã aɖe nɔna la ɖona o. Wogblɔna be le January 5 lia ƒe fiẽ me la, Tres Reyes Magos (“nunyala etɔ̃awo”) tsɔa fefenuwo vɛ na ɖeviwo. Woɖoa rosca de Reyes (akpɔnɔ nogoe) kplɔ̃ le January 6 lia dzi tsɔ wua enui. Ne wole akpɔnɔa ɖum la, ame aɖe kpɔa amewɔwɔe sue aɖe si tsi tre ɖi na vidzĩ Yesu le etɔ me. Ezua agba na amesi kpɔe be wòaɖo kplɔ̃ mamlɛa le February 2 lia dzi le eƒeme. (Le teƒe aɖewo la, amewɔwɔe etɔ̃ nɔa eme siwo tsia tre ɖi na “nunyala etɔ̃awo.”) Abe alesi nàkpɔe ene la, ɖeko kplɔ̃ɖoɖo si yia edzi le Kristmas ɖuɣia tsiãna ɖe enu tẽ ko.
Le ɣeyiɣi siawo me la, nacimiento (Dzidzizã
dzi wɔnawo) ye xɔa nɔƒe gbãtɔ. Woawoe nye kawo? Le dutoƒo kple sɔlemewo kpakple aƒewo me siaa la, wozãa nɔnɔmewɔwɔwo (gãtɔwo alo sueawo) siwo wotsɔ ati alo tsu wɔ la wɔa wɔwɔfiawoe. Wonyea Yosef kple Maria siwo dze klo ɖe lãwo ƒe nuɖunu si me vidzĩa le la ƒe nɔnɔmewɔwɔ. Zi geɖe la, alẽkplɔlawo kple Los Reyes Magos (“nunyalawo”) hã kpena ɖe eŋu. Woɖoa nuwo abe lãnyiƒee wole ene eye lã aɖewo hã nɔa eme. Gake nusi ŋu woléa ŋku ɖo koŋue nye vidzĩ si wodzi yeyee, si woyɔna le Spaingbe me be el Niño Dios (Ðevi Mawu). Wote ŋu daa vidzĩ sia ɖe afima le Kristmas ƒe Dzodragbe.Ŋkuléle Ðe Yesu Dzidzi ƒe Kɔnuwo Ŋu Nyuie
The Encyclopedia Americana gblɔ le azã si woyɔna le xexeame ƒe teƒe geɖe be Kristmas ŋu be: “Kɔnu siwo va zu Kristmas kɔnuwo fifia la menye Kristmas kɔnuwo tsã o ke boŋ wonye kɔnu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli kple amesiwo menye Kristotɔwo o ƒe kɔnu siwo dzi Kristo-ha la va da asi ɖo. Saturnalia, si nye Romatɔwo ƒe azã aɖe si woɖuna le December titina ƒe wɔnawoe wokpɔ tsɔ le Kristmas ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kɔnuwo dometɔ geɖe wɔmee. Le kpɔɖeŋu me, azã sia mee woɖe aglotutu gãwo, nunana amewo, kple bosomikaɖiwo sisi tsoe.”
Wogawɔa kɔnu bubuwo kpena ɖe Yesu Dzidzi ƒe kɔnu mawo ŋu le Latin Amerika dukɔwo me. Ðewohĩ àbia be, ‘Afikae wokpɔ wo tsoe?’ Le nyateƒe me la, ame geɖe siwo dina be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafia dzi nyae be Aztectɔwo ƒe kɔnuwoe kɔnuawo dometɔ aɖewo nye. Mexico City ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ El Universal gblɔ be: “Subɔsubɔha vovovowo me tɔwo ƒe nunɔla nubialawo zã azã siwo Indiatɔwo ƒe kɔnuwo bia be woaɖu si wɔ ɖeka kple esiwo Katolikotɔwo ɖuna le woƒe subɔsubɔ me wòde wo dzi, eyata wozã nusia tsɔ do woƒe mawunyagbɔgblɔ kple dutamawunyadɔgbededɔa ɖe ŋgɔe. Wotsɔ azã siwo woɖuna na Kristotɔwo ƒe mawuwo ɖo azã siwo woɖuna na woƒe mawuwo do ŋgɔ na Spaintɔwo ƒe vava teƒe, woto
Europatɔwo ƒe azãwo kple nuwɔnawo vɛ na wo, eye wotsɔ Indiatɔwo ƒe azãwo hã kpe ɖe eŋu, si he xɔsetsakatsaka si me Mexicotɔwo ƒe nuwɔnawo ŋutɔŋutɔ dze le vɛ.”The Encyclopedia Americana ɖe nu me be: “Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi Yesu Dzidzi ƒe fefewo va zu Kristmas ɖuɖu ƒe akpa aɖe o . . . Wogblɔ be Francis Kɔkɔe ye to Yesu dzidzi ɖe lãwo ƒe nuɖunu me la wɔwɔ fia le sɔlemeha la me vɛ.” Wowɔ Kristo ƒe dzidzi ƒe fefe siawo le sɔlemewo esime dutatɔwo va dze Mexico dzi ɖuɖu gɔme teti. Francis ƒe saɖaganunɔlawoe wɔ ɖoɖo sia kple susu be yewoafia Yesu Dzidzi ŋuti nudzɔdzɔwo Indiatɔwo. Emegbe dzeƒedizã ɖuɖu va bɔ. Eɖanye susu kae wotsɔ dze egɔmee o, alesi woɖua dzeƒedizã lae egbea la ɖe nusi wònye fia. Ne èle Mexico le azã sia ɖuɣi la, àte ŋu akpɔ nane si dzi El Universal ƒe nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe tɔ asii la alo nàse egɔme: “Dzeƒedizã la si nye mɔ si dzi wotona tsã ɖoa ŋku mɔ si Yesu dzilawo zɔ henɔ afisi woadzi Ðevi Mawu la ɖo dim la va zu ahamumu, nugbɔmewɔwɔ, nutsuɖuɖu, toflokonuwo wɔwɔ, kple nu vlo geɖe wɔgbe egbea.”
Esime dutadziɖuɖu ɖu Mexico dzie Yesu ƒe dzidzizã dzi wɔnawo dze egɔme, esime wowɔa wɔwɔfia siawo le sɔlemewo. Togbɔ be ame aɖewo bunɛ be enye nusi nya kpɔ hã la, ɖe wòsɔ kple nusi tututu Biblia gblɔa? Biabia vevi aɖee nye sia. Esi amesiwo woyɔ be nunyala etɔ̃awo—amesiwo le nyateƒe me la, wonye ɣletivimefakalawo—yi ɖasrã Yesu kple eƒe ƒomea kpɔ la, womeganɔ lãkpɔ me o. Ɣeyiɣi gbogbo aɖe va yi, eye ƒomea nɔ aƒeme. Adzɔ dzi na wò be nàde dzesi esia me ɖeɖe le nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la me le Mateo 2:1, 11. Àkpɔe hã be Biblia meyɔ ɣletivimefakala siwo de la ƒe xexlẽme o. *
Le Latin Amerika dukɔwo me la, Santa Claus ye wotsɔ ɖo nunyala etɔ̃awo teƒe. Ke hã abe alesi wowɔnɛ le dukɔ bubuwo me ene la, dzila geɖewo ɣlaa fefenuwo ɖe aƒeme. Ekema le January 6 lia ƒe ŋdi la, ɖeviawo dia wo, abe nunyala etɔ̃awoe tsɔ wo vɛ ene. Ɣeyiɣi sia nye fefenudzralawo ƒe gawɔɣi, eye ame aɖewo to nusi dzianukwaretɔwo buna be enye dzidzɔdodoɖenuŋu ko dzi zu kesinɔtɔwo. Ame gbogbo aɖewo megaxɔa nyakpakpa siwo wogblɔna le nunyala etɔ̃awo ŋu la dzi sena o, ɖevi sue aɖewo gɔ̃ hã megaxɔnɛ sena o. Togbɔ be mele dzi dzɔm na ame aɖewo be amewo le asi ɖem le nyakpakpa sia dzixɔxɔse ŋu o hã la, nukae nèsusu be amewo awɔ le nyakpakpa si me wolé ɖe asi le esi wòzu kɔnyinyi eye wòdea asitsatsa dzi ta ko ŋu?
Kristotɔ gbãtɔwo meɖu Kristmas, alo Yesu dzidzizã o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ le nya sia ŋu be: “Ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-ha la meɖu azã sia o, elabena nusi Kristotɔwo wɔnae nye be woaɖu ame veviwo ƒe kuzã ke menye woƒe dzigbezã o.” Biblia gblɔ be trɔ̃subɔlawoe ɖua dzigbezãwo, menye Mawu subɔla vavãwo o.—Mateo 14:6-10.
Gake esia mefia be viɖe mele nusɔsrɔ̃ kple ŋkuɖoɖo nusiwo dzɔ ŋutɔŋutɔ le Mawu ƒe Vi la dzidzi dzi ŋu o. Gɔmesese kple nusɔsrɔ̃ veviwo le Biblia ƒe nuŋlɔɖi si ŋu kakaɖedzi le me na amesiwo katã di be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu.
Yesu Dzidzi Ŋutinya si Le Biblia Me
Àkpɔ nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le ku ɖe Yesu ƒe dzidzi ŋu le Mateo kple Luka ƒe Nyanyuiawo me. Woɖee fia be mawudɔla Gabriel srã ɖetugbi aɖe si meɖe srɔ̃ o si ŋkɔe nye Maria kpɔ le Galilea du si nye Nazaret me. Gbedasi kae wòtsɔ yii? “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒea dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.”—Luka 1:31-33.
Gbedasi sia wɔ nuku na Maria ŋutɔ. Esi srɔ̃ menɔ esi o ta egblɔ be: “Aleke nusia lava mee, esi nyemenya ŋutsu o mahã?” Mawudɔla la ɖo eŋu be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi. Esi Maria kpɔe dze sii be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye sia la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye, ava me nam le wò nya la nu.”—Luka 1:34-38.
Mawudɔla aɖe gblɔ vidzidzi wɔnuku sia ŋutinya na Yosef ale be megagbe Maria o, elabena nusiae wònɔ ɖoɖo wɔm be yeawɔ esi wòse nu tso Maria ƒe fufɔfɔ ŋuti. Elɔ̃ be yeaxɔ Mawu ƒe Vi la nyinyi ƒe agbanɔamedzi la.—Mateo 1:18-25.
Emegbe Kaisaro Augusto de se aɖe si ƒoe ɖe Yosef kple Maria nu be woazɔ mɔ tso Nazaret le Galilea ayi Betlexem le Yudea, si nye wo tɔgbuiwo de, be woaŋlɔ wo ŋkɔ. “Esi wole afima la, eva ve eme be, eƒe ŋkeke la de be, wòadzi vi. Eye wòdzi ŋutsuvi, si nye eƒe ŋgɔgbevi, eye wòxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu me; elabena womekpɔ teƒe le amedzrodzeƒe o.”—Luka 2:1-7.
Luka 2:8-14 gblɔ nusi kplɔe ɖo be: “Alẽnyilawo le nuto ma ke me le gbedzi, eye wole woƒe alẽha ŋuti dzɔm le zã me. Eye Aƒetɔ ƒe dɔla aɖe tsi tre ɖe wo gbɔ, eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ƒo xlã wo, eye wovɔ̃ ŋutɔŋutɔ. Eye dɔla la gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Elabena kpɔ ɖa, meva dzidzɔ gã ŋutinya gblɔ ge fia mi, esi lanye na dukɔ blibo la katã; elabena wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe le Dawid dua me. Eye esia anye dzesi na mi; Miakpɔ vidzĩ, si woxatsa avɔ ɖe eŋu, eye wòmlɔ lãnuɖunu me. Eye kasia dziƒoʋakɔha gã aɖe kpe ɖe mawudɔla la ŋuti, wole Mawu kafum le gbɔgblɔm bena: Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.”
Ɣletivimefakalaawo
Mateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be ɣletivimefakalawo tso Ɣedzeƒe va Yerusalem va nɔ afisi wodzi Yudatɔwo ƒe Fia la le dim. Fia Herodes di vevie be yeanya nu tso nya sia ŋu—gake menye kple susu nyui o. “Esi wòdɔ wo ɖo ɖe Betlexem la, egblɔ bena: Miheyi ɖadi ɖevi la vevie; eye ne miekpɔe la, migava ka eta nam bena, nye hã mayi aɖade ta agu nɛ.” Ɣletivimefakalaawo ke ɖe ɖevia ŋu eye “woʋu woƒe nuwo nu hetsɔ nunanawo, sika, kotoklobo kple lifi nɛ.” Gake womegagbugbɔ yi Herodes gbɔ o. “Mawu gbe nya na wo le drɔ̃eƒe be, womagagbugbɔ ayi Herodes gbɔ o.” Mawu to mawudɔla aɖe dzi gblɔ nusiwo ƒe tame Herodes ɖo la na Yosef. Eyata Yosef kple Maria tsɔ wo vi la si yi Egipte. Eyome esi Fia sẽŋuta Herodes di be yeaɖe Fia yeye sia ɖa la, ede se be woawu ŋutsuviwo le Betlexem nutoa me. Ŋutsuvi kawo? Esiwo xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o.—Mateo 2:1-16.
Nukae Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Nuŋlɔɖia Me?
Menye Mawu vavã la subɔlawoe ɣletivimefakala siwo va srã wo kpɔ—ame nenie woɖanye o—la nye o. Biblia gɔmeɖeɖe si nye La Nueva Biblia Latinoamérica (ƒe 1989 Tɔ) gblɔ le eƒe etenuŋɔŋlɔ me be: “Nunyala Etɔ̃awo menye fiawo o, ke boŋ wonye trɔ̃subɔlawo ƒe afakalawo kple nunɔlawo.” Wova le woƒe ɣletivimenyanya, si nye woƒe subɔsubɔ nuwɔna, la nu. Ne ɖe Mawu di be yeafia mɔ wo ayi ɖe ɖevia
gbɔe la, anye ne ekplɔ wo yi teƒea tututu si mahiã be woayi Yerusalem ahayi Herodes ƒe fiasã me gbã o. Emegbe Mawu de nu nyaa me tsɔ trɔ woƒe mɔe be wòtsɔ kpɔ ɖevia tae.Le Kristmas dzi la, wotsɔa gliwo kple vividodoɖenuŋu blua afɔ na nusi nye vevitɔ le ŋutinya sia me: be ɖe wodzi vidzĩ sia be wòava zu Fia gã aɖe, abe alesi wogblɔe na Maria kple na alẽkplɔlawoe ene. Yesu Kristo meganye vidzĩ alo ɖevi gɔ̃ hã o. Eyae nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe, si aɖe dziɖuɖu siwo katã tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu ɖa kpuie la, ƒe Fia si le dzi ɖum, eye akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ. Emae nye Fiaɖuƒe si míebiana le Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la me.—Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10.
To nya si mawudɔlaa gblɔ na alẽkplɔlawo dzi la, míesrɔ̃e be xɔxɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi na amesiwo katã di be yewoase nyanyuia. Amesiwo ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la va zua ‘amegbetɔ siwo si nɔnɔme nyuiwo le.’ Ŋutifafa le xexeame katã ƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukuwo li le Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒea me, gake ele be amewo nalɔ̃ be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ðe nusiwo yia edzi le Kristmasɖuɣi sɔ na nusia wɔwɔa, eye ɖe amewo ɖenɛ fiana ɣemaɣi be didi sia le yewo mea? Dzianukwaretɔ geɖe siwo di be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiafiawo dzi la kpɔe be ŋuɖoɖoa dze ƒã.—Luka 2:10, 11, 14.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 13 Mele be míaŋe aɖaba aƒu numeɖeɖe bubu dzi o: Le Mexicotɔwo ƒe Yesu dzidzizã fefea me la, woyɔa vidzĩa be “Ðevi Mawu” le gɔmesese sia nu be Mawua ŋutɔe va dzɔ vidzĩ wodzi ɖe anyigba dzi. Gake Biblia gblɔ le Yesu ŋu be Mawu ƒe Vi si wodzi ɖe anyigba dzie wònye; menye eya kee ganye Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, alo sɔ ta kplii o. Bu nyateƒe si le esia ŋu kpɔ, si woŋlɔ ɖe Luka 1:35; Yohanes 3:16; 5:37; 14:1, 6, 9, 28; 17:1, 3; 20:17.
[Aɖaka si le axa 4]
AWƆ NUKU NA AME AÐEWO
Agbalẽŋlɔla Tom Flynn ŋlɔ alesi wòƒo nya tae le ƒe geɖe ƒe numekuku wɔwɔ le Kristmas ŋu vɔ megbe ɖe eƒe agbalẽ si nye The Trouble With Christmas me be:
“Trɔ̃subɔsubɔ kɔnu siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli mee kɔnu gbogbo aɖewo siwo míewɔna le Kristmas ɖuɖu me la dzɔ tso. Hadomegbenɔnɔ, gbɔdɔdɔ, alo xexemenunya ƒe gɔmesese aɖewo le kɔnu siawo dometɔ aɖewo ŋu siwo ate ŋu ana be egbegbe gbalẽnyala siwo dekɔnuwo kua dzi na naɖe asi le kɔnyinyiawo ŋu ne wova se afisi wodzɔ tso la gɔme nyuie wu.”—Axa 19.
Esi Flynn gblɔ nyatakaka gbogbo aɖe si ɖo kpe eƒe nyawo dzi vɔ la, egbugbɔ va nya vevi si le eme la gbɔ be: “Nusiwo wɔ mo yaa wu le Kristmas ŋu dometɔ ɖekae nye alesi gbegbe eme nuwɔna siwo nye Kristotɔwo tɔ la le ʋɛ ŋutɔe. Ne míenya ɖe nuwɔna siwo do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia le eme vɔ ko la, esiwo kpɔtɔ la dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo va le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia megbe, tsɔ wu be wòanye nusi dzɔ tso Kristotɔwo dome.”—Axa 155.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Gbeƒã si woɖe tso Yesu ƒe dzidzi ŋu la ɖe akpa si wòava wɔ fia be enye Fia si Mawu tia