Ðe Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavã?
Ðe Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavã?
GEORGE doa gbe na amesiame kple dzidzɔ. Ebua agbe be enye nunana xɔasi aɖe si ŋu wòle be yeakpɔ dzidzɔ ɖo. Dzidzɔme si wònye kple kakaɖedzinɔamesi si wòtsɔ bua nu ŋui ɖe dzesi le eŋu—vevietɔ esime wòdze amegãkuku me fuwɔamewo me toto gɔme. Vaseɖe esime wòku la, wodze si George be enye amesi dzi dzɔna. Ðe dzi dzɔa wò abe George enea? Ðe nèbua gbesiagbe ƒe ŋkeke abe nunana si ŋu wòle be yeakpɔ dzidzɔ ɖo enea? Alo ɖe wò gbesiagbe mɔkpɔkpɔwo ŋu bubu nana mètsɔa ɖeke le neneke me o alo ètsia dzimaɖi gɔ̃ hã? Ðe nane le wò dzidzɔkpɔkpɔ me gblẽma?
Nya si gɔme míeɖe be dzidzɔkpɔkpɔ la fia anyinɔnɔ nyuie ƒe nɔnɔme aɖe si te ŋu nɔa anyi didina va ɖo afi aɖe. Edzena le seselelãme siwo tso ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu ŋu dzi va ɖo dzidzɔ deto si nu sẽ kpɔkpɔ dzi, kple dzɔdzɔmedidi be nɔnɔme sia nayi edzi ɖaa la me. Ðe dzidzɔkpɔkpɔ sia ƒomevi li nyateƒea?
Egbea nusi amewo susunae nye be ne wonye kesinɔtɔ ko la, woakpɔ dzidzɔ. Ame miliɔn geɖe tsoa hloloe le agbagbadzedze vevie be yewoazu kesinɔtɔwo me. Le esia wɔwɔ me la, ame geɖe tsɔa woa ŋutɔwo kple ame bubuwo dome ƒomedodowo kpakple agbe me nu vevi bubuwo saa vɔe. Abe anyidi siwo le du dzi le kɔ ŋu ene la, amesiawo tsia dzi ɖe nuwo ŋu ɣeawokatãɣi, eye ɣeyiɣi aɖeke menɔa wo si ɖe ŋugbledede ŋu alo na wo nɔewo ŋu bubu o. Eyata eme kɔ be Los Angeles Times me nyatakaka aɖe gblɔ be “dzi ko yimee blanuilélawo ƒe xexlẽme le, eye ƒe si amewo xɔna hafi dzea [blanuiléle] gɔme la dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. . . . Blanuilélenutsitikewo
nye atike siwo woƒlena wu la dometɔ ɖeka.” Ame miliɔn geɖe noa atike siwo nu wode se ɖo alo wodzea agbagba be yewoatsɔ ahasesẽnono atsi yewoƒe kuxiwo nui. Ame aɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe nuwɔna siwo gblẽa ga dome la me ne wolé blanui. Britaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Guardian gblɔ be le numekuku aɖe me la, “nyɔnuwoe nye amesiwo te ŋu ƒoa wo ɖokui ɖe nuƒeƒle yakayaka me wu. Wosɔ gbɔ wu ŋutsu siwo ɖia asi ne wolé blanui la zi gbɔ zi etɔ̃.”Gake dzidzɔ vavã menye nu wokpɔna le fiase, ahanono, atikezazã, abuidodo, alo ga si le ame si me o. Dzidzɔkpɔkpɔ menye nu wodzrana o; nunana faa ye wònye. Afikae míate ŋu akpɔ nunana xɔasi sia le? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.