Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàte Ŋu Akpe Ðe Vi ‘Dzego’ Ŋui?

Aleke Nàte Ŋu Akpe Ðe Vi ‘Dzego’ Ŋui?

Aleke Nàte Ŋu Akpe Ðe Vi ‘Dzego’ Ŋui?

“Dzi nadzɔ wò; elabena . . . ebu, eye wogakpɔe.”—LUKA 15:32.

1, 2. (a) Aleke sɔhɛ aɖewo wɔ nu ɖe Kristotɔwo ƒe nyateƒea ŋui? (b) Aleke dzila kple ɖevi siwo le nɔnɔme siawo me ase le wo ɖokui me?

“MELE dodom le nyateƒea me!” Aleke gbegbee wòawɔ nuku na dzila Mawu-vɔ̃la siwo dze agbagba vevie be yewoanyi yewo viwo le Kristotɔwo ƒe mɔ dzi la be woase nya siawo tso wo vi aɖe nu enye si! Sɔhɛ bubuwo ‘ɖea wo ɖokui ɖe aga’ woƒe tamesusuwo magblɔmagblɔe. (Hebritɔwo 2:1) Sɔhɛ siawo dometɔ geɖe ɖi vi nudomegblẽla, si le Yesu ƒe lododoa me, si dzo le fofoa ƒeme heyi ɖagblẽ eƒe domenyinuwo dome le anyigba didi aɖe dzi.—Luka 15:11-16.

2 Togbɔ be kuxi sia mele Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ ŋu o hã la, le wo dometɔ siwo ŋu wòle gome la, akɔfanya aɖeke meli si aɖe woƒe nuxaxa ɖa keŋkeŋ o. Eye nu bubu si dzi míaŋe aɖaba aƒui o enye nuxaxa si me ɖevi dzegoa ŋutɔ hã ato. Eƒe dzitsinya ate ŋu anɔ fu ɖem nɛ le eƒe dzi ƒe gogloeaƒe ke. Le Yesu ƒe lododoa me la, vi nudomegblẽla la ‘trɔ va eɖokui me’ mlɔeba, wònye dzidzɔ na fofoa. Aleke dzilawo kple hamea me tɔ bubuwo ate ŋu akpe ɖe vi dzegowo ŋu be ‘woatrɔ va wo ɖokui mee’?—Luka 15:17.

Nusita Wotsoa Nyame Be Yewoado

3. Susu siwo ta sɔhɛwo tsoa nya me be yewoado le Kristo-hamea me dometɔ aɖewo ɖe?

3 Sɔhɛ akpe alafa geɖewo li siwo subɔa Yehowa kple dzidzɔ le Kristo-hamea me. Ke nukatae sɔhɛ bubuwo dona le eme? Awɔ na wo be nane si yewoate ŋu akpɔ le xexeame le yewo ŋu tom. (Timoteo II, 4:10) Alo woasusui be Yehowa ƒe alẽha si ta wòkpɔna la me nɔnɔ xaxa akpa. Dzitsinya ɖefuname, nyɔnu alo ŋutsu aɖe ƒe nu nyoameŋu si nu sẽ, alo didi be ame ƒe nuwɔna nadze ame hatiwo ŋu hã ate ŋu ana sɔhɛ nado le Yehowa ƒe alẽha la me. Sɔhɛ aɖe ate ŋu adzudzɔ Mawu subɔsubɔ le nusi dze abe edzilawo alo Kristotɔ bubu aɖe ƒe alakpanuwɔwɔ ene ta.

4. Nukae naa sɔhɛwo traa mɔ zi geɖe?

4 Zi geɖe la, ɖevi ƒe aglãdzenuwɔwɔ kple agbenɔnɔ nyea gbɔgbɔmegbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi, enyea nusiwo le eƒe dzi me ɖeɖefia. (Lododowo 15:13; Mateo 12:34) Susu ka ke tae sɔhɛ aɖe tra mɔ ɖo o, zi geɖe nusi he eƒe kuxia vɛ enye be ‘nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ’ mele esi o. (Timoteo II, 3:7) Le esi teƒe be sɔhɛwo nanɔ Yehowa subɔm ɖewoɖewoe la, ele vevie be woatu ƒomedodo kplikplikpli kple eyama ɖo. Nukae akpe ɖe wo ŋu woawɔ esia?

Te Ðe Mawu Ŋu Kplikplikpli

5. Nu vevi kae hiã be sɔhɛ natu ƒomedodo ɖo kple Mawu?

5 Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Be sɔhɛ nate ŋu awɔ ema la, ele be woakpe ɖe eŋu wòatu lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ɖo. (Psalmo 34:9) Le gɔmedzedzea me la, ahiã “notsi”—si nye Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo. Gake ne ete vivisese na Mawu ƒe Nya eye “nuɖuɖu sesẽ”—si nye gbɔgbɔ me sidzedze goglowo—te enu vivi la, madidi kura hafi wòaɖo gbɔgbɔmetsitsinyenye gbɔ o. (Hebritɔwo 5:11-14; Psalmo 1:2) Sɔhɛ aɖe si lɔ̃ ɖe edzi be yenyrɔ ye ɖokui ɖe xexemenuwɔnawo me vĩ la va te asixɔxɔ dede gbɔgbɔmedzidzenuwo ŋu. Nukae kpe ɖe eŋu wòtrɔ? Esi woɖo aɖaŋu nɛ be wòaxlẽ Biblia bliboa la, ezɔ ɖe Biblia xexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖo aɖe dzi. Ẽ, Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe le vevie hena ƒomedodo kplikplikpli tutuɖo kple Yehowa.

6, 7. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woatu lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ɖoe?

6 Aleke wòle vevie nye si be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu be woatu lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ɖo! Togbɔ be wowɔa ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi hã la, nyɔnuvi ƒewuivi ɖeka ya dea ha kple gbevuviwo. Egblɔ le woƒe ƒome nusɔsrɔ̃a ŋu be: “Ne Papa bia nyawo la, ɖeko mexlẽa ŋuɖoɖoawo nɛ tẽ le agbalẽa me, nyemefɔa ta dzi kpɔa eŋkume gɔ̃ hã o.” Le esi teƒe be ne wole ƒomenusɔsrɔ̃ wɔm woaƒu du ato nyatia me awu enu la, dzila nyanuwo wɔa nufiafia ƒe aɖaŋu ŋudɔ. (Timoteo II, 4:2) Be nusɔsrɔ̃a navivi ɖevi nu la, ele be wòase le eɖokui me be nusɔsrɔ̃a ka ye. Nukata màbia nukpɔsusu ƒe nyabiabiawo ahana wòaɖe eƒe susu agblɔ o? De dzi ƒo na ɖevia be wòagblɔ alesi wòazã nusi srɔ̃m wòle le eƒe agbenɔnɔ mee. *

7 Gakpe ɖe eŋu la, wɔ Ŋɔŋlɔawo me numedzodzroa wòavivi. Ɣeyiɣi si wòanya wɔ la, na ɖeviawo nawɔ Biblia me nudzɔdzɔwo ƒe wɔwɔfia alo dramawo. Kpe ɖe wo ŋu woakpɔ afisi nudzɔdzɔ si me dzrom miele la dzɔ le kple teƒea ƒe nɔnɔme le susu me. Míate ŋu azã anyigba ƒe nɔnɔmetata alo nyaɖoɖowo hã. Ẽ, woate ŋu ato nuwo kpɔkpɔ le susu me ƒe mɔnu aɖewo dzi awɔ ƒomenusɔsrɔ̃ wòavivi ahanɔ vovovo. Anyo be dzilawo hã nalé ŋku ɖe woa ŋutɔwo ƒe ƒomedodo kple Yehowa ŋu. Ne woa ŋutɔwo te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli la, woate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woawɔ nenema.—Mose V, 6:5-7.

8. Aleke gbedodoɖa kpena ɖe ame ŋu wòtena ɖe Mawu ŋui?

8 Gbedodoɖa hã kpena ɖe ame ŋu wòtena ɖe Mawu ŋu kplikplikpli. Nyɔnuvi aɖe si le gegem ɖe eƒe ƒewuiwo me se le eɖokui me be yemete ŋu le tiatia wɔm le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple ye xɔlɔ̃ siwo si yeƒe dzixɔsewo mele o dome o. (Yakobo 4:4) Nukae wòwɔ tso eŋu? Eʋu nya me be: “Zi gbãtɔe nye ema medo gbe ɖa na Yehowa kple ŋkubiã tso nye seselelãme ŋu.” Ewu nyaa nu be woɖo yeƒe gbedodoɖaa ŋu mlɔeba esime yeva kpɔ xɔlɔ̃ dze le Kristo-hamea me si yegblɔa yeƒe dɔmenya na. Esi wòse le eɖokui me be Yehowa nɔ mɔ fiam ye ta la, ete ƒomedodo tutuɖo kple Mawu. Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu to asitɔtrɔ le woa ŋutɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu be wòanyo ɖe edzi me. Ne ƒomea ƒo ƒu le gbe dom ɖa la, dzilawo ate ŋu agblɔ woƒe seselelãme ale be wo viwo ate ŋu akpɔ kadodo si le wo dzilawo kple Yehowa dome adze sii.

Gbɔ Dzi Ði Gake Nàsẽ Ŋu

9, 10. Kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo ɖi esime wògbɔ dzi ɖi blewuu na Israel-vi dzegoawo?

9 Ne sɔhɛ aɖe te mɔ tatra la, ɖewohĩ ate kpɔ anɔ eɖokui ɖem ɖe aga eye edzilawo adze agbagba be yewoaɖo dze kplii tso gbɔgbɔmenuwo ŋu gake wòagbe. Nukae dzilawo ate ŋu awɔ le nɔnɔme sesẽ sia tɔgbe me? Bu nusi Yehowa wɔ tso blema Israel ŋu la ŋu kpɔ. Enɔ te ɖe Israel-vi ‘kɔlialiatɔwo’ nu ƒe 900 kple edzivɔ sɔŋ hafi ɖe asi le wo ŋu keŋkeŋ be woalé woƒe godzemɔa atsɔ. (Mose II, 34:9; Kronika II, 36:17-21; Romatɔwo 10:21) Togbɔ be wonɔ Yehowa “tetekpɔ dzi ɖaa” hã la, ‘ekpɔ nublanui’ na wo. “Eɖoa asi eƒe dɔmedzoe dzi zi geɖe, eye meɖea asi le eƒe dziku katã ŋu o.” (Psalmo 78:38-42) Vodada aɖeke menɔ alesi Mawu wɔ nu kpli woe ŋu o. Dzila lɔ̃amewo srɔ̃a Yehowa hegbɔa dzi ɖi ne ɖevia metrɔ enumake esime wole agbagba dzem be yewoakpe ɖe eŋu o.

10 Be woagbɔ dzi blewuu alo woagbɔ dzi ɖi, mefia be “woanɔ fu kpem ɖaa o”; efia be woagana mɔkpɔkpɔ katã nabu ɖe ame be nɔnɔme si he nuxaxa vɛ la ava ka ɖe eme o. Yehowa ɖo alesi woagbɔ dzi blewuu ƒe kpɔɖeŋu ɖi. Exɔ ŋgɔ dɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe Israel-viwo “enuenu.” Yehowa ‘kpɔ nublanui na eƒe amewo’ togbɔ be ‘woyi edzi ɖe alɔme le eƒe ame dɔdɔawo ŋu hedo vlo eƒe nyawo’ hã. (Kronika II, 36:15, 16) Eƒo koko na Israel-viawo be: “[Taflatse] amesiame netrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi.” (Yeremya 25:4, 5) Ke hã, Yehowa meɖe asi le eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu o. Woxlɔ̃ nu Israel-viawo be ‘woatrɔ ɖe’ Mawu kple eƒe mɔwo ŋu ‘ake.’

11. Aleke dzilawo ate ŋu agbɔ dzi ɖi blewuu gake ahasẽ ŋu le nuwɔwɔ kple ɖevi si tra mɔ mee?

11 Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewuu ƒe kpɔɖeŋua ne wometsɔ dzitsitsi ɖe asi le ɖevi si tra mɔ la ƒe nya me o. Ne mɔkpɔkpɔ mebu ɖe wo o la, woate ŋu axɔ ŋgɔ awɔ nusi ana dzeɖoɖo ƒe kadodo nakpɔtɔ anɔ woa kplii dome alo agbugbɔ aɖoe te. Togbɔ be woalé gɔmeɖose dzɔdzɔewo me ɖe asi hã la, woate ŋu aƒo koko na ɖevia “enuenu” be wòatrɔ ava nyateƒemɔa dzi.

Ne Woɖe Ðevi le Hamea Me

12. Agba kae le dzilawo dzi ku ɖe ɖevi si le wo gbɔ evɔ woɖee le hamea me la ŋu?

12 Ke ne ɖevi aɖe si le edzilawo gbɔ wɔ nuvɔ̃ gã eye le eƒe dzimematrɔmatrɔ ta woɖee le hamea me ya ɖe? Esi ɖevia le edzilawo gbɔ ta la, ekpɔtɔ nye woƒe agbanɔamedzi be woafia nui eye woana hehee le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe Nya. Aleke woate ŋu awɔ esiae?—Lododowo 6:20-22; 29:17.

13. Aleke dzilawo ate ŋu adze agbagba aɖo ɖevi si da vo ƒe dzi gbɔe?

13 Anya wɔ—le nyateƒe me la, anyo wu—be woana nufiame kple amehehe sia le woa kplii ɖeɖe ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔɣi. Ele be dzilaawo nakpɔ nu ayi ŋgɔ agbɔ ɖevia ƒe agbe sesẽa ŋu ahadze agbagba anya nusi le eƒe dzi me. Aleke eƒe gbɔgbɔmedɔlélea nu sẽe? (Lododowo 20:5) Ðe woate ŋu aɖo eƒe dzi ƒe bɔbɔeƒea? Ŋɔŋlɔ kawoe woate ŋu azã wòaɖe vi? Apostolo Paulo na kakaɖedzi mí be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Ẽ, dzilawo ate ŋu awɔ nu geɖe wu gbɔgblɔ na wo via dzaa ko be wòagawɔ nugbegblẽa ake o. Woate ŋu adze agbagba aɖoe mɔ dzi ahakpe ɖe eŋu wòahaya.

14. Afɔ kae wòle be sɔhɛ si da vo naɖe gbã be wòadzra woa kple Yehowa dome ƒomedodo ɖo, eye aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe ɖevia ŋu be wòaɖe afɔ mae?

14 Ehiã be sɔhɛ si da vo nagbugbɔ dzra woa kple Yehowa dome ƒomedodo ɖo. Afɔ gbãtɔ si wòaɖee nye be ‘wòatrɔ ahagbugbɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 3:19; Yesaya 55:6, 7) Ne dzilawo le kpekpeɖeŋu nam ɖevi si le wo ƒeme, si tsi tre ɖe mawunya ŋu be wòatrɔ dzime la, ele be ‘woaɖu wo ɖokui dzi le nɔnɔme vɔ̃ me, eye woaxlɔ̃ nui ‘le dzigbɔɖeanyi me.’ (Timoteo II, 2:24-26) Ehiã be ‘woaka ŋku me nɛ’ le Biblia ƒe nukpɔsusu nu. Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘woaka ŋku me’ gɔme hã be “woaɖe nu me eme nakɔ.” (Nyaɖeɖefia 3:19; Yohanes 16:8) Eyata be woaka ŋku me bia be woaɖe nu me wòade to si ana ɖevia nakpɔ alesi nusi wɔm wòle nye nuvɔ̃e adze sii. Ele eme be nusia wɔwɔ mele bɔbɔe o ya. Afisi wòasɔ le la, dzilawo ate ŋu aɖo wo vi dzego la ƒe dzi gbɔ, ne wozã Ŋɔŋlɔ siwo sɔ tsɔ ɖe nu me nɛ. Ele be woadze agbagba akpe ɖe eŋu wòakpɔ alesi wòhiã be ‘wòalé fu vɔ̃ ahalɔ̃ nyui’ la adze sii. (Amos 5:15) Ðewohĩ ‘aganyɔ avo tso Abosam, si lée aboyo la ƒe mɔ̃ me.’

15. Akpa kae gbedodoɖa wɔna le vodala ƒe ƒomedodo kple Yehowa dzadzraɖo me?

15 Be ame nadzra woa kple Yehowa dome ƒomedodo ɖo la, gbedodoɖa le vevie ŋutɔ. Gake mele be ame aɖeke ‘naɖe kuku ɖe’ ame aɖe si dea ha kple Kristo-hamea tsã ƒe nuvɔ̃ si wɔm wòle gaglã dzimematrɔmatrɔe la ta o. (Yohanes I, 5:16, 17; Yeremya 7:16-20; Hebritɔwo 10:26, 27) Ke hã dzilawo ate ŋu abia Yehowa be wòana nunya yewo yewoatsɔ akpɔ nɔnɔmea gbɔe. (Yakobo 1:5) Ne sɔhɛ si woɖe le hamea me ɖe dzimetɔtrɔ fia gake ‘dzideƒo mele esi ɖe tete ɖe Mawu ŋu’ o la, dzilawo ate ŋu ado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu be wòatsɔ ɖevia ƒe vodada akee la, ke Eƒe lɔlɔ̃nu neva eme. (Yohanes I, 3:21) Ele be gbedodoɖa siawo sese nakpe ɖe ɖevia ŋu wòakpɔe adze sii be Yehowa nye Mawu nublanuikpɔla. *Mose II, 34:6, 7; Yakobo 5:16.

16. Aleke míate ŋu akpe ɖe ɖevi siwo woɖe le hamea me ƒe ƒometɔwo ŋui?

16 Ne woɖe ɖevi xɔnyɔnyrɔ le hamea me la, ele be hamea me tɔwo ‘nadzudzɔ hadede kplii.’ (Korintotɔwo I, 5:11; Yohanes II, 10, 11) Esia akpe ɖe eŋu be ‘wòatrɔ va eɖokui me’ eye wòagbugbɔ va Mawu ƒe alẽha si ta kpɔm wòle la me mlɔeba. (Luka 15:17) Gake eɖatrɔ va loo alo meɖatrɔ va o, hamea me tɔwo ate ŋu ade dzi ƒo na ɖevi si woɖe le hamea me ƒe ƒometɔwo. Mí katã míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔ aɖe ‘vevesese ɖe ame ti’ afia eye míaƒe ‘dɔme natrɔ’ ɖe wo ŋu.—Petro I, 3:8, 9.

Alesi Ame Bubuwo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

17. Nukae wòle be wòanɔ susu me na hamea me tɔwo ne wole agbagba dzem be yewoakpe ɖe sɔhɛ si le mɔ tram ŋu?

17 Ke sɔhɛ si womeɖe le Kristo-hamea me o evɔ wògbɔdzɔ le xɔse me ya ɖe? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne ŋutinu ɖeka le fu kpem la, ŋutinuwo katã kpea fu [ɖe eti].” (Korintotɔwo I, 12:26) Ame bubuwo ate ŋu atsɔ ɖe le sɔhɛ sia me vevie. Gake ŋuɖɔɖo hiã se ɖe afi aɖe, le esi sɔhɛ si dze dɔ le gbɔgbɔ me ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe sɔhɛ bubuwo dzi ta. (Galatiatɔwo 5:7-9) Le hame aɖe me la, ame tsitsi siwo si tameɖoɖo nyui le eye wodi be yewoakpe ɖe sɔhɛ aɖewo siwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ŋu la kpe wo va kplɔ̃ɖoƒe aɖee be woadzi ha aɖu ɣe ɖekae. Togbɔ be sɔhɛawo xɔ amekpekpea eye wose vivi le wɔnaawo me hã la, woƒe ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe wo nɔewo dzi va na wodzudzɔ hadede kple hamea mlɔeba. (Korintotɔwo I, 15:33; Yuda 22, 23) Menye hadomekpekpe si me gbɔgbɔmemɔfiafia aɖeke mele o ye akpe ɖe ɖevi si dze dɔ ŋu be eƒe lãme nasẽ o, ke hadede si akpe ɖe eŋu wòatu dzodzro ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu boŋue. *

18. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe lododoa me vi nudomegblẽla la fofo ƒe nɔnɔmee?

18 Ne sɔhɛ si do le hamea me gava Fiaɖuƒe Akpataa me ake alo va takpekpe aɖe la, bu alesi wòase le eɖokui me ŋu kpɔ. Ðe mele be míaɖe wòezɔdoname ƒe nɔnɔme si Yesu ƒe lododoa me vi nudomegblẽla la fofo ɖe fia la afia oa? (Luka 15:18-20, 25-32) Ƒewuivi aɖe si do le Kristo-hamea me eye emegbe wòva nutome gã takpekpe aɖe gblɔ be: “Mesusu be ame aɖeke malɔ̃ ate ɖe ame abe nye ene ŋu o, gake nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo te ɖe ŋunye hedo wòezɔ nam. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Egadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ake eye emegbe wòxɔ nyɔnyrɔ.

Alɔ Megaku Wò O

19, 20. Nukatae wòle be nɔnɔme nyui nanɔ mía si tso ɖevi si dze go ŋu?

19 Ebia dzigbɔɖi be woakpe ɖe vi ‘dzego’ ŋu be ‘wòagatrɔ va eɖokui me’ eye ate ŋu anye gbetɔame na dzilawo kple ame bubuwo. Gake alɔ megaku wò o. “Menye ɖe [Yehowa le] wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” (Petro II, 3:9) Ŋɔŋlɔawo me kakaɖedzi le mía si be Yehowa di be amewo natrɔ dzime ahanɔ agbe. Le nyateƒe me la, edo ŋgɔ wɔ ɖoɖo lé avu le woa kple amegbetɔwo dome. (Korintotɔwo II, 5:18, 19) Eƒe dzigbɔɖi wɔe be ame miliɔn geɖe trɔ va wo ɖokui me.—Yesaya 2:2, 3.

20 Ekema ɖe mele be dzilawo nawɔ Ŋɔŋlɔawo me mɔnu ɖesiaɖe si anya wɔ ŋudɔ akpe ɖe wo vi si dze go ŋu be wòatrɔ va eɖokui me oa? Le Yehowa sɔsrɔ̃ me la, gbɔ dzi ɖi blewuu nàɖe afɔ siwo hiã be nàkpe ɖe viwò ŋu be wòatrɔ va Yehowa gbɔ. Lé Biblia ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi sesĩe, eye nàdze agbagba aɖe Yehowa ƒe nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, kple nunya afia ahado gbe ɖa nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò. Abe alesi ko aglãdzela sẽdzime geɖe xɔ Yehowa ƒe amekpekpe lɔlɔ̃tɔe be woatrɔ va ye gbɔe ene la, viwò ŋutsu alo nyɔnu dzego la hã ate ŋu atrɔ va Mawu ƒe alẽha si ta kpɔm wòle la me.—Luka 15:6, 7.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Hena alesi woafia nu ɖeviwo wòaɖe vi ŋuti ɖaŋuɖoɖo bubuwo la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 1, 1999, axa 13-17.

^ mm. 15 Mele be woado gbe ɖa alea ɖe ɖevi si woɖe le hamea me ta gaglã le hamea ƒe kpekpewo me o, elabena ame bubuwo manya nu tso amesi woɖe le hamea me ƒe nɔnɔmea ŋu o.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, October 15, 1979, axa 31.

^ mm. 17 Hena aɖaŋuɖoɖo tso nya sia koŋ ŋu la, kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! June 22, 1972, axa 13-16; September 22, 1996, axa 21-3.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nuka gbɔe wòate ŋu atso be sɔhɛwo nado le hamea me?

• Aleke woate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woatu ƒomedodo kple Yehowa ɖoe?

• Nukatae wòhiã be dzilawo nagbɔ dzi ɖi blewuu gake woasẽ ŋu le kpekpeɖeŋu nana ɖevi dzegowo me?

• Aleke hamea me tɔwo ate ŋu akpe ɖe ɖevi dzego ŋui be wòatrɔ agbɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dzilawo ƒe gbedodoɖa si tso dzi me ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woakpɔ ƒomedodo si le dzilaawo kple Yehowa dome adze sii

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mawu ƒe Nya xexlẽ hiã vevie hena ƒomedodo kplikplikpli tutuɖo kple Yehowa

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Do wòezɔ na ɖevi dzego ne ‘wòtrɔ va eɖokui me’

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðe afɔ siwo hiã nàkpe ɖe viwò ŋu wòatrɔ va Yehowa gbɔ