Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔ Vavãwo Katã Nye Nyanyuigblɔlawo

Kristotɔ Vavãwo Katã Nye Nyanyuigblɔlawo

Kristotɔ Vavãwo Katã Nye Nyanyuigblɔlawo

“Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe!”—PSALMO 96:2.

1. Nyanyui kawoe hiã be amewo nase, eye aleke Yehowa Ðasefowo ɖo gbeƒãɖeɖe nyanyui sia ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖii?

LE XEXE aɖe si me afɔkuwo dzɔna le gbesiagbe me la, enyea akɔfaname ŋutɔ be woanya be aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, dɔwuame, kple ameteteɖeanyi nu ava yi kpuie abe alesi Biblia gblɔe ene. (Psalmo 46:10; 72:3, 7, 8, 12, 16) Le nyateƒe me la, ɖe esia menye nyanyui si hiã be amesiame nase oa? Nenemae Yehowa Ðasefowo bui. Wonya wo le afisiafi be wonye amesiwo ɖea gbeƒã “nu si nyo wu.” (Yesaya 52:7, NW ) Enye nyateƒe be woti Ðasefo geɖe yome le tame si woɖo kplikpaa be yewoagblɔ nyanyuia ta. Gake wotsɔ ɖe le amewo ƒe nyonyo me vevie. Eye dzonɔameme kple dzidodo ka gbegbee nye esi wonya na Ðasefoawo!

2. Susu siwo tae dzo le Yehowa Ðasefowo me la dometɔ ɖeka ɖe?

2 Dzo si le Yehowa Ðasefowo me egbea sɔ kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tɔ. Roma Katoliko nyadzɔdzɔgbalẽ si nye L’Osservatore Romano gblɔ le wo ŋu wòsɔ nyuie be: “Ne Kristotɔ gbãtɔawo nya gbe xɔ nyɔnyrɔ ko la, wosena le wo ɖokui me be enye yewoƒe dɔ be yewoaɖe gbeƒã Nyanyuia. Kluviwo tsɔ nu gblɔ Nyanyuie na amewo.” Nukatae dzo le Yehowa Ðasefowo me vevie abe Kristotɔ gbãtɔ mawo ene? Gbã la, esi nyanyui si woɖea gbeƒãe la tso Yehowa Mawu ŋutɔ gbɔ tae. Ðe susu nyui bubu aɖe aganɔ anyi wu esia? Woƒe gbeƒãɖeɖea nye wɔwɔ ɖe hakpala la ƒe nyawo dzi be: “Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe!”—Psalmo 96:2.

3. (a) Susu evelia ka tae dzo le Yehowa Ðasefowo me ɖo? (b) Nukae ‘Mawu ƒe xɔname’ lɔ ɖe eme?

3 Hakpala la ƒe nyawo ɖo ŋku susu evelia si tae dzo le Yehowa Ðasefowo me dzi na mí. Woƒe gbedasia nye esi naa xɔxɔ. Ame aɖewo wɔa dɔ le dɔdaƒewo, hadomedɔwɔƒewo, ga ŋuti dɔwɔƒewo, kple dɔwɔƒe bubuwo be woakpe ɖe wo hati amegbetɔwo ŋu, eye agbagbadzedze siawo dze na kafukafu. Gake ne wotsɔ nusianu si ame aɖe awɔ na nɔvia asɔ kple ‘Mawu ƒe xɔname’ la, mede eƒe afi aɖeke o. Yehowa ato Yesu Kristo dzi axɔ na ame fafawo tso nuvɔ̃, dɔléle, kple ku si me. Amesiwo wòaɖe vi na la anɔ agbe tegbee! (Yohanes 3:16, 36; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Egbea, xɔxɔ kpe ɖe ‘nukunu’ siwo ŋu nya Kristotɔwo gblɔna ne wole wɔwɔm ɖe nya siawo dzi ŋu be: “Mixlẽ [Mawu] ƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome! Elabena Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ, ŋɔdzi le eŋu ƒo mawuwo katã ta.”—Psalmo 96:3, 4.

Aƒetɔ la ƒe Kpɔɖeŋu

4-6. (a) Susu etɔ̃lia ka tae dzo le Yehowa Ðasefowo me ɖo? (b) Aleke Yesu ɖe dzonɔameme fia ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋui?

4 Susu etɔ̃lia aɖe li si tae dzo le Yehowa Ðasefowo me ɖo. Wowɔna ɖe Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋua dzi. (Petro I, 2:21) Ame deblibo ma tsɔ dzi blibo xɔ dɔdasi si nye be ‘wòahe du nyui ayi na amesiwo wote ɖe anyi.’ (Yesaya 61:1; Luka 4:17-21) Eyata eva zu nyanyuigblɔla. Etsa le Galilea kple Yudea bliboa, henɔ “gbeƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyui.” (Mateo 4:23) Eye esi wònya be ame geɖe axɔ nyanyuia ta la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.”—Mateo 9:37, 38.

5 Le ɖekawɔwɔ kple Yesu ŋutɔ ƒe gbedodoɖa me la, ena hehe ame bubuwo be woava nye nyanyuigblɔlawo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, edɔ eƒe apostolowo ɖeɖe ɖa hegblɔ na wo be: “Ne miele yiyim la, miɖe gbeƒã gblɔ bena: ‘Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!’ ” Ðe wòanye nusi anyo wu be woawɔ ɖoɖowo atsɔ aɖe kuxi siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dzi akpɔtɔa? Alo ɖe wòanyo be woaƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me atsɔ atsi tre ɖe nufitifitiwɔwɔ si bɔ ɣemaɣi la ŋua? Ao. Ðe eteƒe la, Yesu ɖo dzidzenua ɖi na Kristotɔwo katã esime wògblɔ na wo be: “Ne miele yiyim la, miɖe gbeƒã.”— Mateo 10:5-7.

6 Emegbe Yesu dɔ nusrɔ̃lawo ƒe ƒuƒoƒo bubu ɖa be woaɖaɖe gbeƒã be: “Mawufiaɖuƒe la gogo.” Esi wotrɔ gbɔ va ka dzidzedze si wokpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me ta na Yesu la, dzi dzɔe ŋutɔ. Edo gbe ɖa be: “Fofo, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe wo fia vidzĩwo.” (Luka 10:1, 8, 9, 21) Ðeko Yesu ƒe nusrɔ̃la, siwo nye lãɖelawo, agbledelawo, kple bubu siwo katã nye veviedonulawo tsã nɔ abe vidzĩwo ene, ne wotsɔ wo sɔ kple dukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔla nyagbalẽwo. Gake wohe nusrɔ̃laawo be woaɖe gbeƒã nyanyui si ƒo ɖesiaɖe ta.

7. Le Yesu ƒe dziƒo yiyi megbe la, amekawoe eyomedzelawo ɖe gbeƒã nyanyuia na gbã?

7 Le Yesu ƒe dziƒo yiyi megbe la, eyomedzelawo yi edzi ɖe gbeƒã xɔxɔ ƒe nyanyuia. (Dɔwɔwɔwo 2:21, 38-40) Amekawoe woɖe gbeƒãa na gbã? Dukɔ siwo me tɔwo menya Mawu o gbɔe woyia? Ao, teƒe gbãtɔ si wowɔ dɔ lee nye Israel, amesiwo nya Mawu ƒe 1,500 kple edzivɔwo enye ma. Ðe wokpɔ mɔ aɖe gbeƒã le dukɔ aɖe si me wosubɔa Yehowa le xoxo mea? Ẽ. Yesu gblɔ na wo be: “Mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Ehiã be Israel nase nyanyuia abe alesi wòle be dukɔ bubu ɖesiaɖe nasee ene.

8. Aleke Yehowa Ðasefowo srɔ̃a ƒe alafa gbãtɔ me Yesu yomedzelawo egbeae?

8 Le mɔ ma ke nu la, Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã le anyigba bliboa katã dzi. Wowɔa ɖeka kple mawudɔla si Yohanes kpɔ si “[lé] nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ.” (Nyaɖeɖefia 14:6) Le ƒe 2001 me la, wowɔ dɔa vevie le dukɔ kple anyigbamama 235 me, siwo dometɔ aɖewo wobuna be wonye Kristotɔwo. Ðe wònye nu gbegblẽ be Yehowa Ðasefowo naɖe gbeƒã le teƒe siwo Kristodukɔa ɖo eƒe sɔlemehawo ɖo xoxoa? Ame aɖewo be enye nu gbegblẽ eye ɖewohĩ woabu nyanyuigbɔgblɔdɔ sia gɔ̃ hã be enye “alẽwo fifi.” Gake Yehowa Ðasefowo ɖoa ŋku alesi Yesu se le eɖokui me ɖe eŋɔli me Yudatɔ ɖokuibɔbɔla ŋu dzi. Togbɔ be nunɔlawo nɔ wo si xoxo hã la, Yesu mehe ɖe megbe le nyanyuia gbɔgblɔ na wo me o. Eƒe “dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Ne Yehowa Ðasefowo ke ɖe ame fafa siwo menya nu tso Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu o ŋu la, ɖe wòle be woagbe nyanyuia gbɔgblɔ na amesiawo le esi subɔsubɔha aɖe be ye tɔe wonye ta? Le nuwɔwɔ wòasɔ ɖe Yesu ƒe apostolowo ƒe kpɔɖeŋua nu la, míaɖo eŋu be ao. Ele be woaɖe gbeƒã nyanyuia “afia dukɔwo katã,” ɖeke mato le eme o.—Marko 13:10.

Kristotɔ Gbãtɔwo Katã Gblɔ Nyanyuia

9. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Kristo-hamea me tɔ kawoe kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me?

9 Amekawoe kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me le ƒe alafa gbãtɔ me? Kpeɖodziawo fia be Kristotɔwo katã nye nyanyuigblɔlawo. Agbalẽŋlɔla W. S. Williams gblɔ be: “Ðaseɖiɖi gbadzaa si li enye be Kristotɔ siwo katã nɔ blema Haa me . . . ɖe gbeƒã nyanyuia.” Biblia gblɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi nudzɔdzɔwo ŋu be: ‘Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã ŋutsuwo kple nyɔnuwo taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.’ Ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, kluviwo kple ablɔɖeviwo katã nɔ nyanyuigblɔlawo dome. (Dɔwɔwɔwo 1:14; 2:1, 4, 17, 18; Yoel 3:1, 2; Galatiatɔwo 3:28) Esi yometiti ƒoe ɖe Kristotɔ geɖe nu be woasi le Yerusalem la, “amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyui la gblɔm fia.” (Dɔwɔwɔwo 8:4) “Amesiwo ka hlẽ la” katãe ɖe gbeƒã la, menye ame tiatia ʋɛ aɖewo koe o.

10. Dɔdasi eve kawo dzie wowɔ ɖo hafi wotsrɔ̃ Yuda ƒe nuɖoanyia?

10 Alea wònɔ le ƒe gbãtɔ mawo katã me. Yesu gblɔ ɖi be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Le nya mawo ƒe emevava le ƒe alafa gbãtɔ me me la, woɖe gbeƒã nyanyuia wòde teƒe geɖe hafi Roma-ʋakɔwo tsrɔ̃ Yuda subɔsubɔ kple dunyahenuɖoanyi la. (Kolosetɔwo 1:23) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu yomedzelawo katã wɔ ɖe eƒe sededea dzi be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Kristotɔ gbãtɔwo mexlɔ̃ nu ame fafawo be woaxɔ Yesu dzi ase ko hegblẽ wo ɖi be woalé woawo ŋutɔ ƒe mɔ atsɔ abe alesi egbegbe gbeƒãɖela aɖewo wɔnɛ ene o. Ke boŋ, wofia wo be woava zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo eye woƒo wo nu ƒu ɖe hamewo me, hena hehe wo ale be woawo hã nate ŋu aɖe gbeƒã nyanyuia ahawɔ nusrɔ̃lawo. (Dɔwɔwɔwo 14:21-23) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe kpɔɖeŋu sia dzi egbea.

11. Amekawoe le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖe nyanyui si ƒo ɖesiaɖe ta na ameƒomea me?

11 Yehowa Ðasefo aɖewo wɔ ɖe kpɔɖeŋu si Paulo, Barnaba, kple ame bubuwo ɖo le ƒe alafa gbãtɔ me dzi zu dutanyanyuigblɔlawo le dzronyigbawo dzi. Woƒe dɔa le vi ɖem nyateƒe, le esi womeƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe me alo tra mɔ tso gbeƒãɖeɖe nyanyuia ƒe dɔ si wode wo si la gbɔ o ta. Wowɔ ɖe Yesu ƒe se si wòde dzi be: “Ne miele yiyim la, miɖe gbeƒã.” Gake Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ menye dutanyanyuigblɔlawo le dzronyigbawo dzi o. Wo dometɔ geɖe wɔa dɔ tsɔ kpɔa wo ɖokui dzii, eye bubuwo gakpɔtɔ le suku. Ðewo le viwo hem. Gake Ðasefowo katã gblɔa nyanyui si wosrɔ̃ la na ame bubuwo. Ðeviwo kple tsitsiawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, siaa tsɔa dzidzɔ wɔna ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃amenya dzi be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o.” (Timoteo II, 4:2) Abe amesiwo do ŋgɔ na wo le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, ‘womedzudzɔa nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti o.’ (Dɔwɔwɔwo 5:42) Wole gbeƒã ɖem nyanyui si ƒo ɖesiaɖe ta na amegbetɔƒomea.

Dzimetɔtrɔ na Ame alo Nyanyuigbɔgblɔ Yea?

12. Nukae nye dzimetɔtrɔ na amewo, eye aleke wobunɛ azɔ?

12 Le egbeŋkekeawo me la, ame aɖewo gblɔna be dzimetɔtrɔ na amewo nye nu gbegblẽ. Agbalẽ aɖe si Xexeme Sɔlemehawo ƒe Habɔbɔ ta gɔ̃ hã ƒo nu tso “dzimetɔtrɔ na amewo ƒe nuvɔ̃nyenye” ŋu. Nukatae? Catholic World Report gblɔ be: “Nutsotso si tsoa Orthodɔkstɔwo gbɔ edziedzi va wɔe be wova bua ‘dzimetɔtrɔ na amewo’ be enye amewo tɔtrɔ akpasesẽe.”

13. Amewo tɔtrɔ gbegblẽ ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe?

13 Ðe dzimetɔtrɔ na amewo nye nu gbegblẽa? Ate ŋu anyee. Yesu gblɔ be agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe dzimetɔtrɔ na amewo gblẽa nu le amesiwo wotrɔna la ŋu. (Mateo 23:15) Le nyateƒe me la, “ame tɔtrɔ akpasesẽe” mesɔ o. Le kpɔɖeŋu me, blemaŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be, esime Maccabeetɔ John Hyrcanus ɖu Idumtɔwo dzi la, “eɖe mɔ na wo be woanɔ wode dukɔ me ne wonya tso aʋa helɔ̃ be yewoawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo dzi ko.” Ne Idumtɔwo di be yewoanɔ Yudatɔwo ƒe dziɖuɖu te la, ele be woaƒo wo ɖokui ɖe Yuda subɔsubɔ me. Blemaŋutinyaŋlɔlawo gblɔ na mí be le ƒe alafa enyilia M.Ŋ. me la, Charlemagne ɖu Saxontɔ trɔ̃subɔla siwo le dziehe Europa dzi hezi wo dzi ŋutasesẽtɔe be woatrɔ azu woƒe hametɔwo. * Gake nyateƒetoto kae le Saxontɔwo alo Idumtɔwo ƒe dzimetɔtrɔa me? Le kpɔɖeŋu me, aleke Mose ƒe Se si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la nɔ na Idumtɔwo ƒe Fia Herodes—amesi dze agbagba be yeawu vidzĩ Yesu?—Mateo 2:1-18.

14. Aleke Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedela aɖewo zinɛ ɖe amewo dzi be woatrɔ dzimee?

14 Ðe wozia dzimetɔtrɔ ɖe ame dzi egbea? Ðewo le nenema le mɔ aɖewo nu. Woka nya ta be Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedela aɖewo tsɔ dutasukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖoa amesiwo wodina be yewoatrɔ la ŋkume. Alo wonaa sitsoƒedila siwo dɔ le wuwum nɔa anyi sea mawunya vaseɖe nuwuwu keŋkeŋ hafi naa nuɖuɖu aɖe wo. Le nya aɖe si wogblɔ le Orthodɔks Bisiɔpwo ƒe Takpekpe si wowɔ le ƒe 1992 me nu la, “wozãa ŋutilãmenuwo kple ŋutasẽnu vovovowo ɣeaɖewoɣi tsɔ trɔa dzime na amewoe.”

15. Ðe Yehowa Ðasefowo trɔa dzime na amewo le gɔmesese si le nyaa ŋu egbea nua? Ðe eme.

15 Amewo dzi zizi be woatrɔ woƒe mawusubɔsubɔ mesɔ o. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo mewɔa nu alea o. * Eyata wometrɔa dzime na amewo le gɔmesese si le nyaa ŋu egbea la nu o. Ke boŋ woɖea gbeƒã nyanyuia na amesiame abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔe ene. Wotoa Biblia-nusɔsrɔ̃ dzi kpea amesiame si lɔ̃na faa be sidzedze geɖe wu nasu ye si la. Ðetsɔlemetɔ siawo srɔ̃na alesi woaxɔ Mawu kple eƒe tameɖoɖowo dzi ase sesĩe to Biblia me sidzedze vavã si su wo si dzi. Esia wɔnɛ be woyɔa Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, be woakpɔ xɔxɔ. (Romatɔwo 10:13, 14, 17) Ne amewo axɔ nyanyuia alo womaxɔe o la nye woa ŋutɔwo ƒe nya. Dzizizi aɖeke mele eme o. Ne ɖee dzizizi kpe ɖe eŋu la, viɖe manɔ amewo tɔtrɔ ŋu o. Be ame ƒe subɔsubɔ nadze Mawu ŋu la, ele be wòatso dzi me faa.—Mose V, 6:4, 5; 10:12.

Nyanyuigbɔgblɔ le Egbeŋkekeawo Me

16. Aleke Yehowa Ðasefowo ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa dzi ɖe edzi le egbeŋkekeawo mee?

16 Le egbeŋkekeawo katã me la, Yehowa Ðasefowo ɖe gbeƒã Fiaɖuƒenya nyuia wònye Mateo 24:14 ƒe emevava si lolo wu. Dɔwɔnu vevi si wozãna le woƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa mee nye Gbetakpɔxɔ magazine la. * Esi wota Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔwo le ƒe 1879 me la, 6,000 koe wotana le gbegbɔgblɔ ɖeka me. Le ƒe 2001 me, si nye ƒe 122 kple edzivɔwo megbe la, woma 23,042,000 le gbegbɔgblɔ 141 me. Nusi gbɔ dzidziɖedzi sia tsoe nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔ si wodzi ɖe dzi. Tsɔ gaƒoƒo akpe ʋɛ si wozãna ƒe sia ƒe le nyanyuigbɔgblɔdɔa me le ƒe alafa 19 lia me la sɔ kple gaƒoƒo 1,169,082,225 siwo wozã ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le ƒe 2001 me kpɔ. Bu Biblia-nusɔsrɔ̃ 4,921,702 si wowɔ ɣleti sia ɣleti le mama dedie nu ŋu kpɔ. Dɔ nyui gã ka gbegbee nye si wowɔ! Eye Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedonula 6,117,666 ye wɔe.

17. (a) Alakpamawu kawoe wosubɔna egbea? (b) Gbe ka kee ame ɖadona o, dukɔ ka me tɔe ame ɖanye o, alo ɖoƒe ka kee ɖale ame si o, nukae wòle be amesiame nanya?

17 Hakpala la gblɔ be: “Dukɔwo ƒe mawuwo katã nye nu dzodzrowo; ke Yehowa ye wɔ dziƒo.” (Psalmo 96:5) Le egbe ƒe xexeame la, dulɔ̃lɔ, dukɔ teƒenɔnuwo, ame ŋkutawo, ŋutilãmenuwo, kple kesinɔnuwo gɔ̃ hã zu nusiwo wosubɔna. (Mateo 6:24; Efesotɔwo 5:5; Kolosetɔwo 3:5) Mohandas K. Gandhi gblɔ ɣeaɖeɣi kpɔ be: “Meka ɖe edzi vevie be . . . yeaɖi Kristotɔwoe le Europa egbea. Kesinɔnuwo subɔmee wole ŋutɔŋutɔ.” Nyateƒea enye be, ehiã be woase nyanyuia le afisiafi. Ehiã be amesiame, gbe ka kee wòɖadona o, dukɔ ka ke me tɔe wònye o, alo ɖoƒe ka kee ɖale esi o, nase nu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Míadi be amewo katã nawɔ ɖe hakpala la ƒe nyawo dzi be: “Mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, mitsɔe na Yehowa! Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ.” (Psalmo 96:7, 8) Yehowa Ðasefowo kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ale be woate ŋu atsɔ bubu nɛ alesi dze. Eye amesiwo xɔnɛ la kpɔa viɖe geɖe. Viɖe kawoe wokpɔna? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 The Catholic Encyclopedia, gblɔ be le subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖoɣia me la, mɔfiamenya si dzi wonɔ te ɖo zi subɔsubɔ ɖe amewo dzi akpasesẽtɔe enye: Cuius regio, illius et religio (Ne míagblɔe la, egɔmee nye: “Amesiame si le dukɔa dzi ɖum lae wɔa eme subɔsubɔ ŋu nyametsotsowo hã.”)

^ mm. 15 Le United States Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Kpɔa Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Nyawo Gbɔ ƒe kpekpe aɖe si wowɔ le November 16, 2000, dzi me la, kpekpea me nɔla aɖe gblɔ vovototo si le amesiwo dina be yewoazi tɔtrɔ wɔwɔ ɖe amewo dzi kple dɔ si Yehowa Ðasefowo wɔna dome. Wode dzesii be ne Yehowa Ðasefowo ɖe gbeƒã na amewo la, wowɔa esia le mɔ aɖe nu be amea ate ŋu agblɔ kpuie be “Nya ma medo dzidzɔ nam o” eye wòtua ʋɔa.

^ mm. 16 Magazine la ƒe tanya bliboa enye Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae Yehowa Ðasefowo nye nyanyuigblɔla siwo me dzo le?

• Nukatae Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã le afisiwo Kristodukɔa ɖo sɔlemehawo le gɔ̃ hã?

• Nukatae Yehowa Ðasefowo menye dzimetrɔla na amewo le gɔmesese si le nyaa ŋu egbea la nu o?

• Aleke Yehowa Ðaseƒowo ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔa tsii le egbeŋkekeawo mee?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yesu nye nyanyuigblɔla si me dzo nɔ eye wòna hehe ame bubuwo be woawɔ dɔ ma ke

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ƒe alafa gbãtɔ me hamea me tɔwo katã kpɔ gome le nyanyuigbɔgblɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Amewo dzi zizi be woatrɔ woƒe mawusubɔsubɔ mesɔ o