Ðe Wò Nufiafia Ðea Kpea?
Ðe Wò Nufiafia Ðea Kpea?
DZILAWO, hamemegãwo, nyanyuigbeƒãɖelawo—wodi tso wo katã si be woanye nufialawo. Dzilawo fiaa nu wo viwo, hamemegãwo fiaa nu Kristo-hamea me tɔwo, eye nyanyuigbeƒãɖelawo fiaa nu ɖetsɔlemetɔ yeyewo. (Mose V, 6: 6, 7; Mateo 28:19, 20; Timoteo I, 4: 13, 16) Nukae nàte ŋu awɔ be wò nufiafia naɖe kpe wu? Ðekae nye be, àte ŋu asrɔ̃ nufiala bibi siwo woyɔ le Mawu ƒe Nya la me ƒe kpɔɖeŋu kple mɔnu si wozã. Ezra nye nufiala siawo dometɔ ɖeka.
Ezra ƒe Kpɔɖeŋua Sɔsrɔ̃
Ezra nye nunɔla si tso Aron ƒe ƒomea me, amesi nɔ Babilon ƒe 2,500 aɖewoe nye esi va yi. Le ƒe 468 D.M.Ŋ. me la, eyi Yerusalem be yeado tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ le Yudatɔ siwo nɔ afima la dome. (Ezra 7:1, 6, 12, 13) Agbanɔamedzi sia bia be wòafia Mawu ƒe Sea ameawo. Nukae Ezra wɔ tsɔ kpɔ egbɔ be yeƒe nufiafia ɖe kpe? Eɖe afɔ vovovo siwo hiã. De dzesi afɔɖeɖe siawo siwo woŋlɔ ɖe Ezra 7:10:
‘Ezra ŋutɔ [1] dzra eƒe dzi ɖo, [2] bene yeadzro Yehowa ƒe se la me, [3] bene yeawɔ edzi, eye [4] bene yeafia ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye le Israel.’ Mina míadzro afɔɖeɖe siawo dometɔ ɖesiaɖe me kpuie ne míakpɔ nusiwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me.
‘Ezra Ŋutɔ Dzra Eƒe Dzi Ðo’
Abe alesi agbledela zãa kodzi tsɔ dzraa anyigba ɖo gbã hafi ƒãa nu la, nenema ke Ezra tsɔ gbedodoɖa dzra eƒe dzi ɖo be yeaxɔ Mawu ƒe nya. (Ezra 10:1) Ne míagblɔe bubui la, ‘ebi eƒe dzi’ ɖe Yehowa ƒe nufiafia ŋu.—Lododowo 2:2.
Le mɔ ma ke nu la, Biblia gblɔ be Fia Yosafat ‘dzra eƒe dzi ɖo be yeadi nyateƒe Mawu la.’ (Kronika II, 19:3) To vovo na ema la, woɖɔ Israel-ƒome ‘si medzra woƒe dzi ɖo o’ la be “ƒome sẽto dzeaglã.” (Psalmo 78:8) Yehowa kpɔa “dzime ƒe ame ɣaɣla.” (Petro I, 3:4) Ẽ, “afia eƒe mɔ ame fafawo.” (Psalmo 25:9, NW ) Eyata aleke gbegbe wòle vevie be nufiala siwo li egbea nasrɔ̃ Ezra ƒe kpɔɖeŋu, ahadzra woƒe dzi ɖo wòanɔ nɔnɔme nyui me gbã to gbedodoɖa me enye si!
‘Bene Yeadzro Yehowa ƒe Se la Me’
Be Ezra nanye nufiala bibi la, edzro Mawu ƒe Nya la me. Ne wòahiã be nàyi ɖɔkta aɖe gbɔ hena dɔdada la, ɖe màke to nyuie ahaka ɖe edzi be yese nya siwo katã gblɔm wòle la gɔme alo yese atike siwo wòna ye ŋuti mɔfiafia gɔme nyuie oa? Ðikeke mele eme o be àwɔe nenema, elabena wò lãmesẽ ɖo afɔku me. Eyata aleke gbegbe wòhiã geɖe wu enye esi be míaɖo to nya siwo gblɔm Yehowa le na mí, alo mɔfiame siwo nam wòle mí to eƒe Nya Biblia, kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. Ne èbu eŋu kpɔ la, míaƒe agbe ŋue eƒe nuxlɔ̃menyawo ku ɖo! (Mateo 4:4; 24:45-47) Enye nyateƒenya be ɖɔkta ate ŋu awɔ vodada, gake ‘Yehowa ƒe se ya de blibo.’ (Psalmo 19:8) Mahiã gbeɖe be míadi ame evelia aɖe ƒe nukpɔsusu akpe etɔ o.
Biblia-gbalẽ siwo nye Kronika (si Ezra ŋlɔ do ŋgɔ wònye babla ɖeka) ɖee fia be Ezra nye amesi srɔ̃a nu vevie. Hafi wòaŋlɔ agbalẽ mawo la, ewɔ numekuku tso teƒe geɖe. * Yudatɔ siwo trɔ gbɔ tso Babilon eteƒe medidi o la hiã woƒe dukɔa ƒe ŋutinya ŋuti nuŋlɔɖi. Womenya nu tso woƒe mawusubɔsubɔ ŋuti ɖoɖowo, gbedoxɔa me subɔsubɔdɔ, kple Lewitɔwo ƒe dɔdasiawo ŋu boo o. Woƒe dzidzime ŋuti nuŋlɔɖiwo nyanya nɔ vevie na wo ale gbegbe. Nya mawo nɔ vevie na Ezra etɔxɛe. Vaseɖe esime Mesia la nava la, ele be Yudatɔwo nanye dukɔ ɖeka si le woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi, si si gbedoxɔ, nunɔlawo ƒe ha, kple mɔmefia le. Dzidzɔtɔe la, nyatakaka siwo Ezra ƒo ƒu awɔe be woate ŋu akpɔ ɖekawɔwɔ kple nyateƒe tadedeagua ta.
Aleke nèsrɔ̃a nu ne wotsɔe sɔ kple Ezra tɔ? Biblia la sɔsrɔ̃ veviedodotɔe akpe ɖe ŋuwò nàfia Biblia wòaɖe kpe.
‘Midzro Mawu ƒe Se la Me’ abe Ƒome Ene
Menye ɖokuisinusɔsrɔ̃ koe nye Yehowa ƒe sea me dzodzro o. Ƒomenusɔsrɔ̃ hã nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si me woate ŋu awɔ esia le.
Jan kple Julia siwo nye srɔ̃tɔwo le Netherlands, te nuxexlẽ na wo viŋutsuvi eve tso ŋkeke si dzi wodzi ɖeviawo. Egbea, Ivo xɔ ƒe 15 eye Edo xɔ ƒe 14. Wokpɔtɔ wɔa woƒe ƒomenusɔsrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa. Jan ɖe eme be: “Menye alesi míadzro nyati agbɔsɔsɔ gbogbo aɖe me enye míaƒe taɖodzinu ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ alesi ŋutsuviawo ase nyati si me dzrom míele la mee.” Egblɔ kpee be: “Ŋutsuviawo wɔa numekuku geɖe. Wowɔa nya yeyewo kple Biblia me mewo—ɣeyiɣi si wonɔ anyi, amesi ƒomevi wonye, dɔ si wowɔ, kple bubuawo ŋuti numekuku. Tso esime wosrɔ̃ nuxexlẽ la, wowɔa numekuku le agbalẽwo abe Insight on the Scriptures, nyagɔmeɖegbalẽwo, kple numekugbalẽwo ene me. Esia wɔnɛ be ƒomenusɔsrɔ̃a vivia mía nu wu. Ŋutsuviawo nɔa dzadzraɖoɖi eye wonɔa klalo na nusɔsrɔ̃a ɣesiaɣi.” Viɖe bubu enye be, fifia ŋutsuvi evea siaa ƒe gbegbɔgblɔ sɔsrɔ̃ ŋutetewo yi ŋgɔ wu woƒe sukuxɔmeviwo tɔ gɔ̃ hã.
John kple Tini, siwo hã nye srɔ̃tɔwo le Netherlands, srɔ̃ nu kple wo viŋutsu Esli (si xɔ ƒe 24 fifia eye wòle mɔɖeɖedɔa wɔm le hame bubu me), kple wo vinyɔnu Linda (si xɔ ƒe 20 eye wònye nɔviŋutsu nyui aɖe srɔ̃ fifia). Gake, le esi teƒe be woasrɔ̃ agbalẽ aɖe to nyabiabia kple ŋuɖoɖowo ƒe mɔnua dzi la, wotrɔ ƒomenusɔsrɔ̃a wòsɔ ɖe ɖeviawo ƒe ƒexɔxɔ kple nuhiahiãwo nu. Mɔnu kae wozã?
John ɖe eme be ŋutsuvia kple nyɔnuvia tiana nyati aɖe si do dzidzɔ na wo tso “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” (tso Gbetakpɔxɔ me) kple “Biblia ƒe Nukpɔsusu” (tso Nyɔ! me). Emegbe, wotsɔa nya siwo ŋu woke ɖo la ɖoa ƒomea ŋkume, si wɔnɛ be ƒomenusɔsrɔ̃a nyea dzidzɔ ɣesiaɣi. Le mɔ sia nu la, ɖeviawo va bi ɖe numekukuwɔwɔ kple nusiwo wokpɔ la me dzodzro kple ame bubuwo me. ‘Èdzroa Yehowa ƒe se’ la me kple viwòwoa? Menye wò ŋutɔ wò nufiafiaŋutete koe anyo ɖe edzi o, ke akpe ɖe viwòwo hã ŋu woazu nufiala bibiwo.
‘Bene Yeawɔ Edzi’
Ezra tsɔ nusiwo wòsrɔ̃ wɔ dɔe. Le kpɔɖeŋu me, anye be nuwo dze edzi nɛ esime wònɔ Babilon. Ke hã esi wòkpɔ be yeate ŋu akpe ɖe yeƒe amewo ŋu le duta la, etsɔ nudzedziname gbenɔnɔ le Babilon ɖɔli Yerusalem-du si gbɔ didi, togbɔ be enyae be yeado go nɔnɔme madeamedziwo, kuxiwo, kple afɔkuwo gake. Edze ƒã be menye Biblia me sidzedze ko dim Ezra nɔ o, ke boŋ enɔ klalo be yeawɔ ɖe nusiwo yesrɔ̃ dzi hã.—Timoteo I, 3:13.
Emegbe esi Ezra nɔ Yerusalem la, eɖee fia hã be yewɔa nusiwo yesrɔ̃ henɔ fiafiam la dzi. Esia dze ƒã esi wòse be Israel-ŋutsuwo nɔ nyɔnu trɔ̃subɔlawo ɖem. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be ‘edze eƒe awu kple awu ʋlaya, enyɔ eƒe taɖa eƒe ge eye wòbɔbɔ nɔ anyi de kɔ to vaseɖe fiẽ.’ ‘Ŋu kpee gɔ̃ hã be wòawu mo dzi’ na Yehowa.—Ezra 9:1-6.
Aleke gbegbe alesi wòsrɔ̃ Mawu ƒe Sea kpɔ ŋusẽ ɖe edzii nye esi! Ezra nya nu dziŋɔ siwo ameawo ƒe tomaɖomaɖo ahe vɛ la nyuie. Ame ʋɛ aɖewo koe Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la nye. Ne wote srɔ̃ɖeɖe tso dukɔwo dome la, woava tsaka kple trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo la mlɔeba, eye subɔsubɔ dzadzɛ ate ŋu abu keŋkeŋ le anyigba dzi!
Dzidzɔtɔe la, Ezra ƒe vɔvɔ̃ deto kple dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo la ʋã Israel-viwo woɖɔ woƒe mɔwo ɖo. Woɖe asi le duta-nyɔnu siwo woɖe la ŋu. Le ɣleti etɔ̃ me la, wowɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã la katã. Ezra ŋutɔ ƒe nuteƒewɔwɔ le Mawu ƒe Sea dzi wɔwɔ me wɔe be eƒe nufiafia ɖe kpe ŋutɔ.
Nenema ke wòle egbea hã. Vifofo Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Menye nya siwo nègblɔ na ɖeviwo dzie wowɔna o; ke boŋ nusiwo nèwɔna wokpɔnae woawo hã wɔna!” Nenema ke wòdzɔna le Kristo-hamea hã me. Hamemegã siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui ate ŋu akpɔ mɔ be hamea me tɔwo awɔ ɖe yewo ƒe nufiafiawo dzi.
‘Bene Yeafia Ðoɖowo Kple Dzɔdzɔenyenye le Israel’
Susu bubu gali si ta Ezra ƒe nufiafia ɖe kpe ɖo. Mefia eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo o, ke boŋ efia ‘ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye.’ Emawoe nye Yehowa ƒe ɖoɖowo alo sewo. Eƒe nunɔlanyenye ƒe agbanɔamedzie esia nye. (Maleaxi 2:7) Efia dzɔdzɔenyenye hã, eye wòɖo kpɔɖeŋu ɖi to wɔwɔ ɖe nusi wòfiana dzi to eɖoɖo kplikpaa be yeawɔ nusi sɔ hedzɔ le dzidzenu si woɖo ɖi la nu. Ne amesiwo le ŋusẽnɔƒe ɖe dzɔdzɔenyenye fia la, enana be kelili nɔa anyi, eye wòɖea vi ɖaa. (Lododowo 29:4) Nenema ke Kristotɔ hamemegãwo, dzilawo, kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo srɔ̃a Mawu ƒe Nya la nyuie ana gbɔgbɔmekelili nanɔ anyi ne wole Yehowa ƒe ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye fiam le hamea me, le woƒe ƒomewo me, kple ne wole wo fiam ɖetsɔlemetɔwo.
Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be wò nufiafia aɖe kpe wu ne èsrɔ̃ nuteƒewɔla Ezra ƒe kpɔɖeŋua bliboe oa? Eyata, ‘dzra wò dzi ɖo, dzro Yehowa ƒe se la me, wɔ edzi, eye fia Yehowa ƒe ɖoɖowo kple dzɔdzɔenyenye.’—Ezra 7:10.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 11 Woate ŋu akpɔ nyatakaka siawo tsoƒe 20 sɔŋ le agbalẽ si nye Insight on the Scriptures, Volume 1, axa 444-5, si Yehowa Ðasefowo ta me.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]
NUKAE NA EZRA ƑE NUFIAFIA ÐE KPE?
1. Edzra eƒe dzi ɖo wònɔ nɔnɔme nyui me
2. Edzro Yehowa ƒe Se la me
3. Eɖo nusiwo wòsrɔ̃ dzi wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui
4. Esrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo vevie, dee dɔwɔwɔ me eye wòfiae amewo