Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Klẽ Ðe Eƒe Amewo Dzi
Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Klẽ Ðe Eƒe Amewo Dzi
“Yehowa lanye wò kekeli tegbee.”—YESAYA 60:20.
1. Aleke Yehowa yraa eƒe ame wɔnuteƒewoe?
“YEHOWA ƒe dukɔ ƒe nu nyo eŋu, etsɔa xɔname ɖoa atsyɔ̃ na hiãtɔwo.” (Psalmo 149:4) Aleae hakpala si nɔ anyi le blema gblɔ, eye ŋutinya ɖo kpe nya siawo ƒe nyateƒenyenye dzi. Ne Yehowa ƒe amewo wɔ nuteƒe la, eléa be na wo, enaa nu dzea edzi na wo, eye wòkpɔa wo ta. Le blemaɣeyiɣiwo me la, ena woɖua woƒe futɔwo dzi. Egbea la, edoa ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me eye wòdea dzi ƒo na wo be woakpɔ ɖeɖe to Yesu ƒe vɔsa dzi. (Romatɔwo 5:9) Ewɔa esia na wo elabena woƒe nu nyo eŋu.
2. Togbɔ be Mawu ƒe amewo doa go tsitretsiɖeŋu hã la, dzideƒo kae le wo si?
2 Nyateƒee, le xexe si me viviti xɔ aƒe ɖo me la, amesiwo nɔa “agbe ɖe mawusosroɖa nu” ado go tsitretsiɖeŋu godoo. (Timoteo II, 3:12) Ke hã Yehowa kpɔna tsitretsiɖeŋulawo, eye wòxlɔ̃a nu wo be: “Dukɔ kple fiaɖuƒe, siwo be, yewomade ta tewò o la nu ayi, eye woatsrɔ̃ anyigba dzi dukɔ mawo gbidigbidi.” (Yesaya 60:12) Egbea la, tsitretsiɖeŋu vana le mɔ vovovowo nu. Le dukɔ aɖewo me la, tsitretsiɖeŋulawo dzena agbagba be yewoaɖo asi Kristotɔ vavãwo ƒe tadedeagu si wotsɔna naa Yehowa dzi alo axe mɔ ɖe enu. Le bubuwo me la, zazɛ̃nyahelawo dzea Yehowa subɔlawo dzi eye wotɔa dzo woƒe nunɔamesiwo. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa gblɔ nusi ado go tso nusianu si woawɔ be woatsɔ atsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu me vava ŋu me. Tsitretsiɖeŋulawo ado kpo nu. Amesiwo wɔa avu kple Zion, to avuwɔwɔ kple via siwo le eteƒe le anyigba dzi me la, makpɔ dzidzedze o. Ðe nya sia si tso Mawu, Yehowa gbɔ medea dzi ƒo na ame oa?
Woyra Wo Geɖe Wu Alesi Wokpɔ Mɔ Nɛ
3. Aleke wowɔ Yehowa ƒe tadeagulawo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo kple dzidzedze si kpɔm wole ƒe kpɔɖeŋue?
3 Nyateƒeae nye be le nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me la, Yehowa yra eƒe amewo geɖe wu alesi wokpɔ mɔ nɛ. Vevietɔ wu la enɔ atsyɔ̃ ɖom na eƒe tadeaguƒe kple emenɔla siwo ŋu eƒe ŋkɔ le la vivivi. Le Yesaya ƒe nyagblɔɖia nu la, egblɔ na Zion be: “Woahe Libanon ƒe atsyɔ̃, sesewu, fɔfɔli kple kpomi siaa vɛ na wò, ne natsɔ aɖo atsyɔ̃ na nye kɔkɔeƒe ƒe nɔƒe, eye nade bubu nye afɔ nɔƒe ŋu.” (Yesaya 60:13) To siwo dzi ave dodowo le la nyea nukpɔkpɔ dzeani. Eyata ave dodowo nye kpɔɖeŋu siwo sɔ na atsyɔ̃ɖoɖo si me Yehowa ƒe tadeagulawo le kple dzidzedze si kpɔm wole.—Yesaya 41:19; 55:13.
4. Nukae “kɔkɔeƒe” la kple “[Yehowa] ƒe afɔ nɔƒe” la fia, eye aleke woɖo atsyɔ̃ na woe?
4 Nukae “kɔkɔeƒe” kple “[Yehowa] ƒe afɔ nɔƒe” si woyɔ le Yesaya 60:13 la fia? Nya siawo fia Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe xɔxɔnu, si nye ɖoɖo si dzi woato asubɔe to Yesu Kristo dzi. (Hebritɔwo 8:1-5; 9:2-10, 23) Yehowa gblɔ tame si wòɖo be yeaɖo atsyɔ̃ na gbɔgbɔmegbedoxɔ ma to amewo nuƒoƒoƒu tso dukɔwo me be woava de ta agu le afima me. (Xagai 2:7) Do ŋgɔ la, Yesaya ŋutɔ kpɔ amehawo tso dukɔwo katã me ɖo ta Yehowa ƒe tadedeagu ƒe to si wodo ɖe dzi la gbɔ. (Yesaya 2:1-4) Le ƒe alafa nanewo megbe la, woɖe ŋutega fia apostolo Yohanes si me wòkpɔ “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” Amesiawo tsi tre ɖe “Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 15) Esi nyagblɔɖi siawo le eme vam le míaƒe ŋkekea me ta la, míete ŋu le Yehowa ƒe aƒe la ƒe atsyɔ̃ɖoɖo teƒe kpɔm.
5. Tɔtrɔ gã ka teƒee Zion ƒe viwo kpɔ?
5 Tɔtrɔ gã ka gbegbee nye esi si ahe nu nyuiwo ava na Zion! Yehowa gblɔ be: “Esi teƒe be woagblẽ wò ɖi, woagbe wò nya, eye ame aɖeke mato mewò ayi o la, matsɔ wò awɔ atsyɔ̃e tegbee kple dzidzɔ na ƒomeawo katã.” (Yesaya 60:15, NW ) Le xexemeʋa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, wogblẽ “Mawu ƒe Israel” la ɖi ɣeyiɣi aɖe nyateƒe. (Galatiatɔwo 6:16) Ese le eɖokui me be ‘wogblẽ ye ɖi kura,’ elabena via siwo nɔ anyigba dzi la mete ŋu se nusi Mawu di be woawɔ la me keŋkeŋ o. Emegbe le ƒe 1919 me la, Yehowa gbɔ agbe esubɔla amesiaminawo, eye tso ɣemaɣi dzi la, eyra wo nukutɔe kple gbɔgbɔmenuwo. Gawu la, ɖe ŋugbe si wodo le kpukpui sia me la mena ame ƒe dzi dzea eme oa? Yehowa abu Zion ‘atsyɔ̃ nui.’ Ẽ, Zion ƒe viwo, kple Yehowa ŋutɔ akpɔ dzidzɔ ɖe Zion ŋu. Anye nusi ŋu woakpɔ “dzidzɔ” ɖo, eye woatso aseye ɖe eŋu geɖe. Eye manye ɣeyiɣi kpui aɖe ko o. Amenuveve si me Zion le, abe alesi wòle dzedzem le via siwo le anyigba dzi gome ene ŋu la, anɔ anyi ‘tso dzidzime yi dzidzime.’ Enu mayi akpɔ gbeɖe o.
6. Aleke Kristotɔ vavãwo wɔa dukɔwo ƒe nu xɔasiwo ŋudɔe?
Yesaya 60:16) Aleke Zion ‘no dukɔwo ƒe notsii’ heno “fiawo ƒe noe”? Wono wo le gɔmesesea nu be Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ zã dukɔwo ƒe nu xɔasiwo tsɔ do tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ. (Yohanes 10:16) Ga siwo wodzɔna faa na wote ŋu le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ gã aɖe wɔm le dukɔwo dome. Egbegbe mɔ̃ɖaŋununya zazã nunyatɔe na wote ŋu le Bibliawo kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tam ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖe me. Biblia ƒe nyateƒea li na ame geɖe egbea wu tsã. Ame siwo tso dukɔ gbogbowo me va le ekpɔm be Yehowa, si gbugbɔ esubɔla amesiaminawo ƒle tso gbɔgbɔmeboyo me la, nye Xɔnametɔ vavã.
6 Azɔ ɖo to nase ŋugbe bubu si Mawu gado. Yehowa ƒo nu na Zion be: “Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ne nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ, Yakob ƒe ŋusẽtɔ enye wò ɖela.” (Ŋgɔyiyiwɔwɔ le Hakplɔɖoɖo Me
7. Ŋgɔyiyi ɖedzesi kae Zion ƒe viwo kpɔ?
7 Yehowa ɖo atsyɔ̃ na eƒe amewo le mɔ bubu nu. Ena wokpɔ ŋgɔyiyi le hakplɔɖoɖowo me. Míexlẽ le Yesaya 60:17 be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” Sika tsɔtsɔ ɖo akɔbli teƒe nye ŋgɔyiyiwɔwɔ, eye nenemae wòle le nu bubu siwo woyɔ la hã gome. Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, Mawu ƒe Israel ƒe hakplɔɖoɖo le nyonyom ɖe edzi le ŋkeke mamlɛawo katã me. Bu kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.
8-10. Ƒo nu tso asitɔtrɔ siwo wowɔ le hakplɔɖoɖo ŋu tso ƒe 1919 me.
8 Do ŋgɔ na ƒe 1919 la, hamemegãwo kple wo teƒenɔla siwo hamea tianae kpɔa Mawu ƒe amewo ƒe hamewo dzi, eye wo katã wonye amesi hamea me tɔwo tiana le demokrasimɔ nu. Tso ƒe ma dzi la, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ɖo subɔsubɔdɔnunɔla le hame ɖesiaɖe me be wòakpɔ gbeadzisubɔsubɔdɔwo dzi. (Mateo 24:45-47) Gake ɖoɖo sia mekpɔ dzidzedze tututu le hame aɖewo me o elabena hamemegã siwo wotia la dometɔ aɖewo mekpe asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu bliboe o. Eyata le ƒe 1932 me la, wogblɔ na hamewo be woadzudzɔ hamemegãwo kple wo teƒenɔlawo tiatia. Le ema teƒe la, woatia subɔsubɔkɔmiti be wòawɔ dɔ kple subɔsubɔdɔnunɔla la. Nuwɔwɔ nenema nɔ abe “akɔbli” tsɔtsɔ ɖo “ati” teƒe ene—ŋgɔyiyiwɔwɔ gã aɖee vavã!
9 Le ƒe 1938 me la, hame siwo le xexeame katã ɖoe kplikpaa be yewoaxɔ ɖoɖo siwo ŋu wotrɔ asi le, wònye hakplɔɖoɖo si nyo wu, si sɔ kple kpɔɖeŋu si le Ŋɔŋlɔawo me. Wotsɔ hame dzi kpɔkpɔ de asi na hamesubɔla kple subɔla bubuwo, eye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe dzikpɔkpɔ tee woɖoa wo katã le. Akɔdada megali o! To mɔ sia dzi la, wova ɖoa ame le hamea me le teokrasimɔ nu. Esia va le abe “gayibɔ” tsɔtsɔ ɖo “kpewo” teƒe alo “sika” tsɔtsɔ ɖo “akɔbli” teƒe ene.
10 Tso ɣemaɣi dzi la, nuwo nɔ nyonyom ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1972 me la wokpɔe be ne hamemegãwo ƒe ha si me tɔwo wotia le teokrasimɔ nu kpɔ hamea dzi le dɔwɔwɔ aduadu kple wo nɔewo me eye hamemegã ɖeka aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe bubuawo dzi o la, anyo wu eye wòsɔ kple alesi wokpɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe hamea dzii. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anɔ ƒe eve enye esi va yi la, wogawɔ ŋgɔyiyi bubu aɖe. Wowɔ asitɔtrɔ le dɔwɔha siwo woɖo le se nu dzi kpɔkpɔ ŋu, si wɔe be Dziɖuha la te ŋu trɔ susu ɖe Mawu ƒe amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu bliboe wu eye womagatsɔ senya siwo fɔna ɖe te gbesiagbe anɔ fu ɖem na woƒe susu o.
11. Amekae na wole tɔtrɔwo wɔm le hakplɔɖoɖowo ŋu le Yehowa ƒe amewo dome, eye nukawoe tɔtrɔ siawo he vɛ?
11 Amekae na nuwo le nyonyom ɖe edzi alea? Eyae nye Yehowa Mawu. Eyae gblɔ be: ‘Mahe sika vɛ.’ Eya kee yi edzi gblɔ be: “Matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” Ẽ, Yehowae le mɔ fiam eƒe amewo. Asitɔtrɔ le hakplɔɖoɖo ŋu si ŋu nya wogblɔ ɖi la nye mɔ bubu si dzi wòle atsyɔ̃ ɖom na eƒe amewo le. Eye esia wɔe be Yehowa Ðasefowo le yayra kpɔm le mɔ geɖe nu. Míexlẽ le Yesaya 60:18 be: “Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o, eye àyɔ wò gliwo be ‘xɔname’ kple wò agbowo be ‘kafukafu.’ ” Nya nyui kawoe nye esi! Gake aleke wona wova emee?
12. Nukawoe na ŋutifafa va xɔ aƒe ɖe Kristotɔ vavãwo dome?
12 Kristotɔ vavãwo kpɔa Yehowa sinu vevie hena nufiame kple mɔfiame xɔxɔ, eye Yesaya gblɔ nusi ado tso eme ɖi be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.” (Yesaya 54:13) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ wɔa dɔ ɖe eƒe amewo dzi, eye gbɔgbɔa ƒe kutsetsea dometɔ ɖekae nye ŋutifafa. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ŋutifafa si le Yehowa ƒe amewo dome na wonye sitsoƒe le ʋunyaʋunya xexe sia me. Ŋutifafa si me wole, si tso lɔlɔ̃ si le Kristotɔ vavãwo si na wo nɔewo me la, nye agbenɔnɔ le xexe yeyea me ƒe kpɔɖeŋu. (Yohanes 15:17; Kolosetɔwo 3:14) Ðikekemanɔmee la, edzɔa dzi na mía dometɔ ɖesiaɖe eye míedi be míawɔ míatɔ sinua be ŋutifafa ma nanɔ anyi, si nyea nusi hea kafukafu kple bubu vɛ na mía Mawu eye wònye nu vevitɔwo dometɔ ɖeka si na míele gbɔgbɔmeparadiso me!—Yesaya 11:9.
Yehowa ƒe Kekelia Ayi Dzi Anɔ Keklẽm
13. Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be madzɔ gbeɖe be Yehowa ƒe kekeli nagbe keklẽ ɖe eƒe amewo dzi o?
13 Ðe Yehowa ƒe kekelia ayi dzi anɔ keklẽm ɖe eƒe amewo dzia? Ẽ! Míexlẽ le Yesaya 60:19, 20 be: “Ɣe maganye kekeli na wò le ŋkeke me azɔ o, eye dzinu magaɖi na wò, be xexeme nakɔ o; ke boŋ Yehowa anye wò kekeli tegbee, eye wò Mawu anye wò atsyɔ̃ɖoɖo. Wò ɣe magaɖo to azɔ o, eye wò dzinu magaɖo xɔ o, elabena Yehowa lanye wò kekeli tegbee, eye wò nuxaɣi nu va yi.” Esi gbɔgbɔ me aboyomewo ƒe “nuxaɣi” va yi le ƒe 1919 me ko la, Yehowa ƒe kekeli yi edzi nɔ keklẽm ɖe wo dzi. Ƒe 80 kple edzivɔ enye esia la, Yehowa gakpɔtɔ le ŋudzedze kpɔm ɖe wo ŋu esi wòna eƒe kekeli le keklẽm ɖe wo dzi ta. Eye enu matsi o. Le eƒe tadeagulawo ta la, mía Mawu “magaɖo to” abe ɣe ene o alo “magaɖo xɔ” abe dzinu ene o. Ðe ema teƒe la, aklẽ ɖe wo dzi tegbee. Dzideƒonamenya wɔnuku ka gbegbee nye si wònye na mí amesiwo le xexe doviviti sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me!
14, 15. (a) Mɔ kawo nue Mawu ƒe amewo katã le “dzɔdzɔe” le? (b) Ku ɖe Yesaya 60:21 ŋu la, emevava tɔxɛ kae alẽ bubuawo kpɔa mɔ na?
14 Azɔ se ŋugbe bubu si Yehowa do ku ɖe Zion teƒenɔla siwo le anyigba dzi, si nye Mawu ƒe Israel ŋu ɖa. Yesaya 60:21 gblɔ be: “Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ, eye anyigba anye wo tɔ tegbee, nye atibɔmeti fẽ kple nye asinudɔwɔwɔ, si ade bubu ŋunye la, wonye.” Esime wogaɖo Kristotɔ amesiaminawo te le ƒe 1919 me hena dɔwɔwɔ la, wozu ƒuƒoƒo tɔxɛ aɖe. Le nuvɔ̃ ƒe xexe si dze gaglã me la, wotso “afia na wo” be wole dzɔdzɔe to xɔse sẽŋu si le wo si ɖe Kristo Yesu ƒe tafevɔsa me la ta. (Romatɔwo 3:24; 5:1) Ekema abe Israel-vi siwo woɖe tso aboyome le Babilon ene la, woxɔ “anyigba” aɖe, si nye gbɔgbɔmenyigba, alo dɔwɔwɔ ƒe nɔnɔme, si me wonɔa gbɔgbɔmeparadiso me le. (Yesaya 66:8) Gbɔgbɔmeparadiso ƒe atsyɔ̃ si le anyigba ma ŋu mabu akpɔ gbeɖe o, elabena Mawu ƒe Israel la manye nuteƒemawɔlawo abe blema Israel ene o. Woƒe xɔse, dzidodo, kple dzonɔameme ayi dzi ade bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu tegbee.
Yeremya 31:31-34) Etso afia na wo be wole dzɔdzɔe hebua wo be wonye ‘viawo’ eye wòwɔa nu kple wo abe ɖe wode blibo ene. (Romatɔwo 8:15, 16, 29, 30) Wotsɔ woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo hã ƒe nuvɔ̃wo ke wo to Yesu ƒe vɔsaa dzi, eye abe Abraham ene la, wotso dzɔdzɔenyenye ƒe afia na wo be wonye Mawu xɔlɔ̃ ɖe woƒe xɔse ta. “Wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, zɔhɛ alẽ bubu siawo gale mɔ kpɔm na yayra vevi bubu aɖe. Ne wotsi agbe to “xaxa gã la” me alo ne wofɔ wo ɖe tsitre vɔ megbe la, woakpɔ nya siwo le Yesaya 60:21 ƒe emevava ŋutɔŋutɔ teƒe si me anyigba katã azu paradiso. (Nyaɖeɖefia 7:14; Romatɔwo 4:1-3) Ɣemaɣi la, “ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11, 29.
15 Amesiwo katã le gbɔgbɔmedukɔ ma me la va le nubabla yeyea me. Woŋlɔ Yehowa ƒe sewo ɖe wo katã ƒe dziwo me, eye Yehowa tsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo to Yesu ƒe tafevɔsa dzi. (Wogale Dzidzim Ðe Edzi
16. Ŋugbe ɖedzesi kae Yehowa do, eye aleke wòva emee?
16 Le Yesaya ta 60 ƒe kpukpui mamlɛa me la, míakpɔ ŋugbe mamlɛ si Yehowa do axlẽ le afima. Egblɔ na Zion be: “Ame suewo azu akpe, eye ame ʋɛwo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” (Yesaya 60:22) Yehowa le eƒe nyawo dzi wɔm le míaƒe ŋkekea me. Esime wogaɖo amesiaminawo te hena dɔwɔwɔ le ƒe 1919 me la, womede ha o—‘ame suewoe’ wonye vavã. Woƒe xexlẽme va dzi ɖe edzi esi wokplɔ gbɔgbɔ me Israel-vi bubuwo va kpee. Emegbe alẽ bubuawo va nɔ zi ƒom ɖe wo ŋu bibibi le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Ŋutifafa si le Mawu ƒe amewo dome, si nye gbɔgbɔmeparadiso si le woƒe “anyigba” dzi la he dzianukwaretɔ geɖe vɛ ale gbegbe be “ame ʋɛwo” va zu “dukɔ sesẽ” nyateƒe. Fifia la, “dukɔ” sia—si nye Mawu ƒe Israel kpakple ‘amedzrovi’ adzɔgbeɖela miliɔn ade kple edzivɔ la—sɔ gbɔ sasasã wu xexemedukɔ geɖe me tɔwo. (Yesaya 60:10) Eƒe dukɔmeviawo kpɔa gome le Yehowa ƒe kekelia keklẽ me, eye ema wɔe be wo katã wonya kpɔna le eŋkume.
17. Aleke Yesaya ta 60 lia me dzodzro wɔ dɔ ɖe dziwòe?
17 Nyateƒee, Yesaya ta 60 lia me nya veviwo me dzodzro doa ŋusẽ ame ƒe xɔse. Efaa akɔ na mí be míanya be Yehowa nya do ŋgɔ xoxoxo be yeƒe amewo ayi ɖe gbɔgbɔmeboyo me eye woagaɖo wo te emegbe. Ewɔa mo yaa hã be Yehowa kpɔ tadeagulawo ƒe dzidziɖedzi gã si le eme vam le míaƒe ŋkekea me do ŋgɔ xoxoxo. Gawu la, aleke gbegbee wòfaa akɔ na ame enye esi be míanya be Yehowa magblẽ mí ɖi o! Aleke gbegbee wònye dzideƒonamenya kple lɔlɔ̃ ɖeɖe fia be “dugã” la ƒe agbowo anɔ ʋuʋu ɖi be wòaxɔ amesiwo ƒe ‘nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’! (Dɔwɔwɔwo 13:48) Yehowa ayi edzi aklẽ ɖe eƒe amewo dzi. Zion akpɔtɔ anye atsyɔ̃ esime viawo na woƒe kekeli le keklẽm ɖe edzi ɖaa. (Mateo 5:16) Ðikekemanɔmee la míeɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ Mawu ƒe Israel ŋu kplikplikpli eye míalé mɔnukpɔkpɔ si le mía si be míaɖe Yehowa ƒe kekeli afia la me ɖe asi sesĩe!
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Dzideƒo kae le mía si ne míedo go tsitretsiɖeŋu?
• Aleke Zion ƒe viwo ‘no dukɔwo ƒe notsii’?
• Mɔ kawo nue Yehowa ‘he akɔbli vɛ ɖe ati teƒe’?
• Nɔnɔme eve kawo dzie wote gbe ɖo le 60:17, 21?
• Aleke “ame suewo” zu ‘dukɔ sesẽe’?
[Biabiawo]
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 18]
YESAYA ƑE NYAGBLƆÐI—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã
Wogblɔ nyati sia ƒe nya veviwo le nuƒo aɖe si woƒo le ƒe 2001 kple 2002 “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpewo me. Le nuƒoa ƒoƒo vɔ megbe le teƒe geɖe la, nuƒolaa ɖe agbalẽ yeye si ƒe tanyae nye Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã, Babla Evelia ɖe go. Woɖe Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã, Babla Gbãtɔ ɖe go le ƒe si va yi me. Agbalẽ yeye sia si woɖe ɖe go na be Yesaya ƒe agbalẽa me kpukpui ɖesiaɖe kloe me dzodzro tsitotsito li azɔ. Babla siawo le kpekpem ɖe mía ŋu ŋutɔ be míaƒe nugɔmesese kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yesaya ƒe nyagblɔɖi siwo doa ŋusẽ xɔse ŋu la le to dem ɖe edzi.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
‘Yehowa tsɔa ɖeɖekpɔkpɔ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe amewo’ le tsitretsiɖeŋu sesẽwo me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]
Mawu ƒe amewo zãa dukɔwo ƒe kesinɔnu xɔasiwo tsɔ doa tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Yehowa tsɔ ŋgɔyiyi kple ŋutifafa yra eƒe amewo