Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa—Nukae Wònye?
Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa—Nukae Wònye?
NUKAE vaa wò susu me ne èse ŋkɔ “fiẽnuɖuɖu la”? Leonardo da Vinci (1452-1519) ƒe nutata aɖe si le Milan, Italy, si nya kpɔna na ame geɖe ale gbegbe lae ava susu me na ame geɖe. Nya lae nye be Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa nye nyati dodzidzɔname aɖe na nutalawo, agbalẽŋlɔlawo, kple hadzilawo le ƒe alafaawo me.
Gake nukae nye Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa, eye gɔmesese kae le eŋu na amesiwo le agbe le ƒe alafa 21 lia me? Numekugbalẽwo kple nyagɔmeɖegbalẽwo agblɔ na wò be Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa, si woyɔna hã be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua, nye nu, si Yesu Kristo kple eƒe apostolowo ɖu le fiẽ si do ŋgɔ na eƒe vɔsakua me. Esi wònye fiẽnu mamlɛ si Yesu ɖu kple eyomedzela wɔnuteƒewo ta la, wolɔ̃a eyɔyɔ be Fiẽnuɖuɖu Mamlɛa. Eye esi wònye Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔe ɖoe anyi ta la, esɔ be woayɔe be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu.
Le ƒe alafaawo me la, ame geɖe tsɔ woƒe agbe sa vɔe ɖe taɖodzinu siwo wobu be viɖe le wo ŋu la ta. Amesiawo dometɔ aɖewo ƒe kua ɖe vi na ame aɖewo hena ɣeyiɣi aɖe. Gake aleke kee vɔsaku mawo adze na kafukafui o, womate ŋu atsɔ wo dometɔ aɖeke asɔ kple asixɔxɔ si le Yesu Kristo ƒe kua ŋu kura o. Gawu la, ame aɖeke ƒe ku mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi le xexeame katã le ameƒomea ƒe ŋutinya wɔnublanuia me o. Nukatae?
Be míaɖo biabia ma ŋu eye be wòakpe ɖe ŋuwò nànya gɔmesese si le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu na wò la, míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo.