Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ame Eve Ƒo Ʋɔ na Mí”

“Ame Eve Ƒo Ʋɔ na Mí”

“Ame Eve Ƒo Ʋɔ na Mí”

“ƑE EVEE nye sia si mía vinyɔnuvi ku le mía gbɔ wònye vevesese helĩhelĩ na mí.” Aleae wodze lɛta aɖe si dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Progrès me, si wota le Saint-Étienne, France, la gɔmee.

“Ɣleti etɔ̃e Mélissa xɔ esime dɔvɔ̃ aɖe si nye trisomy 18 dze edzi. Nudzɔɖeamedzi wɔnublanui sia tɔgbe nu mefana na ame keŋkeŋ o. Togbɔ be Katolikotɔwoe wonyi míi hã la, míebiana le susu me ɣesiaɣi be ‘Mawu, ne èli vavã la, nukatae nèna nusia dzɔ ɖe mía dzi ɖo?’” Eme kɔ ƒã be vidada si ŋlɔ lɛta sia lé blanui eye wɔna vɔ le eŋu. Eyi lɛtaa dzi be:

“Le nudzɔdzɔ sia megbe kpuie la, ame eve ƒo ʋɔ na mí. Mekpɔ wo dze sii enumake be Yehowa Ðasefowoe wonye. Menɔ klalo be mawɔe ne woatrɔ adzo bubutɔe, gake nye ŋku kli agbalẽ gbadza si nam wole la. Nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ŋue wòku ɖo. Eyata meɖoe be mana zikpui wo kple susu be maɖee fia wo be woƒe nyaa mele eme o. Mebu le ta me be ne woagblɔ fukpekpe ŋu nya la, fu si nye ƒomea kpe la wu gbɔgblɔ eye míese nya siwo nye ‘Mawue tsɔe na, eye Mawue gaxɔe’ ʋuu woti to na mí. Ðasefoawo nɔ mía gbɔ wu gaƒoƒo ɖeka. Woɖo tom hefa nam vevie, eye esi wonɔ dzodzom la, nye dzi dze eme ale gbegbe eye melɔ̃ ɖe edzi be woagava srãm kpɔ. Ƒe evee nye esia. Nyemezu Yehowa Ðasefo o, gake medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo, eye medea woƒe kpekpewo zi alesinu mate ŋui.”