Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wodi Mɔ Xaxɛ La

Wodi Mɔ Xaxɛ La

Wodi Mɔ Xaxɛ La

ANYE ƒe 550 kloe nye sia la, ame aɖewo siwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la ƒe ƒuƒoƒo sue aɖewo siwo nɔ Prague, Chelčice, Vilémov, Klatovy kple dugã bubu siwo le dukɔ si woyɔna fifia be Czech Republic me la dzo le woƒe aƒewo me. Wova nɔ teƒe aɖe si gogo kɔƒedu si nye Kunwald, le bali aɖe me le Bohemia ƒe dzieheɣedzeƒe, afisi wotu xɔ suesue aɖewo ɖo, de agble, xlẽ woƒe Bibliawo le, heyɔ wo ɖokuiwo be Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ alo Unitas Fratrum le Latingbe me.

Ameƒomevi vovovowoe nɔ ʋuʋula siawo dome. Wonye agbledelawo, ame ŋkutawo, Yunivɛsitiviwo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo, amesiwo katã si taɖodzinu ɖeka nɔ. Woŋlɔ be: “Míedoa gbe ɖa na Mawu Ŋutɔŋutɔ, heɖea kuku nɛ be Wòaɖe nusi nye Eƒe lɔlɔ̃nu ŋutɔŋutɔ le nuwo katã me afia mí. Míedi be míazɔ Eƒe mɔwo dzi.” Le nyateƒe me la, Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ sia, alo Czech Nɔviawo, abe alesi wova yɔ wo emegbe ene, di ‘mɔ xaxɛ si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me.’ (Mateo 7:13, 14) Biblia me nyateƒe kawo ŋue woke ɖo? Aleke woƒe dzixɔsewo to vovo tso esiwo dzi wolɔ̃ ɖo ɣemaɣi gbɔe, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ?

Womase Ŋuta O—Womana Ta O

Subɔsubɔha geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa 15 lia ƒe domedome la wɔ akpa aɖe le Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ la ɖoɖo anyi me. Wo dometɔ ɖeka enye Waldotɔwo, si nye habɔbɔ aɖe si nɔ anyi tso ƒe alafa 12 lia me ke. Gbã la, Waldotɔwo ɖe wo ɖokuiwo ɖa le Roma Katolikotɔnyenye,

si nye Dukɔa ƒe subɔsubɔha le Titina Europa la ŋu. Gake emegbe la, wogava xɔ Katoliko nufiafia aɖewo dzi se. Ƒuƒoƒo bubu si kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi enye Hustɔwo, amesiwo nye Jan Hus yomedzelawo. Subɔsubɔha sia mee Czechtɔ geɖe nɔ, gake ɖekawɔwɔ aɖeke menɔ wo me o. Akpa ɖeka nɔ tsitre tsim ɖe hadomenyawo ŋu, esime akpa evelia ya nɔ subɔsubɔhaa ŋudɔ wɔm tsɔ nɔ dunyahenyawo dom ɖe ŋgɔ. Ƒuƒoƒo siwo xɔ Kristo ƒe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖu ɖe anyigba dzi dzi se kpakple Biblia-nyala siwo le dua me kple esiwo le duta hã kpɔ ŋusẽ ɖe Nɔviawo dzi.

Peter Chelčický (ƒe 1390-1460 lɔƒo), amesi nye Czechtɔ Biblia-nyala kple Ðɔɖɔɖowɔla, nya Waldotɔwo kple Hustɔwo ƒe nufiafiawo nyuie. Mewɔ ɖeka kple Hustɔwo o elabena woƒe ha la va te ŋutasẽnuwo wɔwɔ, eye etrɔ ɖa le Waldotɔwo ŋu elabena womenɔ wɔwɔm ɖe woƒe nufiafiawo dzi o. Efia nu be mele be Kristotɔ nawɔ aʋa o. Esee le eɖokui me be ele be Kristotɔ nawɔ ɖe “Kristo ƒe se la” dzi, eɖanye nuka kee ado tso esia wɔwɔ me o. (Galatiatɔwo 6:2; Mateo 22:37-39) Le ƒe 1440 me la, Chelčický ŋlɔ eƒe nufiafiawo ɖe agbalẽ si nye Net of the Faith (Xɔse ƒe Dɔwɔwɔwo Dzraɖoƒe) me.

Chelčický ƒe nufiafiawo kpɔ ŋusẽ ɖe Gregory, sɔhɛ aɖe si tso Prague, si nɔ anyi le agbalẽnyala Chelčický ƒe ɣeyiɣia me dzi ale gbegbe be wòdo go le Hustɔwo ƒe haa me. Le ƒe 1458 me la, Gregory de dzi ƒo na ƒuƒoƒo suesue aɖewo siwo me tɔwo nye Hustɔwo tsã la aɖaŋutɔe be woagblẽ woƒe aƒewo ɖi le Czech-dukɔa ƒe teƒe geɖe. Wonɔ amesiwo dze eyome yi Kunwald kɔƒedua me, afisi woɖo subɔsubɔha yeye anyi le la dome. Emegbe Waldotɔwo ƒe ƒuƒoƒo siwo nɔ Czech-dukɔa kple Germany va wɔ ɖeka kpli wo le afima.

Nusiwo Dzɔ Va Yi la Gɔmesese

Tso ƒe 1464 vaseɖe 1467 la, ƒuƒoƒo yeye sia si nɔ dzidzim ɖe edzi kabakaba la ɖo sɔlemeha ƒe aɖaŋudeha geɖe ɖe Kunwald nutoa me heda asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa geɖe siwo dzi wotu woƒe subɔsubɔha yeyea ɖo dzi. Woŋlɔ tameɖoɖo kplikpaa siwo katã dzi woda asi ɖo la tsitotsito ɖe agbalẽ vovovo siwo woyɔna fifia be Acta Unitatis Fratrum (Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ ƒe Dɔwɔwɔwo) me. Acta la na wosea nusiwo dzɔ va yi la gɔme, henaa wokpɔa nusiwo dzi Nɔviawo xɔ se la dzea si nyuie. Lɛtawo, nuƒo siwo me nyawo woŋlɔ da ɖi, kple nya siwo woʋli le wo nɔewo dome gɔ hã ƒe nuŋlɔɖiwo nɔ agbalẽawo me.

Acta la gblɔ tso Nɔviawo ƒe dzixɔsewo ŋu be: “Míeɖoe kplikpaa be míatu míaƒe hakplɔɖoɖo to Biblia Xexlẽ moveviɖoɖotɔe kple to mía Aƒetɔ la kple apostolo kɔkɔeawo ƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe ŋugbledede, ɖokuibɔbɔ kple dzigbɔgbɔ blewu, míaƒe futɔwo lɔlɔ̃, nu nyui wɔwɔ na wo kple nyui didi na wo, kple gbe dodo ɖa ɖe wo ta me.” Nuŋlɔɖiawo ɖee fia hã be Nɔviawo ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me le gɔmedzedzea me. Wozɔna eveveve, eye nyɔnuwo kpɔ dzidzedze le mawunyadɔgbedededɔa me le nutoa me. Nɔviawo be yewomanye dziɖuɖumegãwo o, womekaa atam o, womeƒo wo ɖokui ɖe asrafodɔwo me o, eye womezã aʋawɔnuwo hã o.

Tso Ðekawɔwɔ me Yi Ðekamawɔmawɔ Me

Gake le ƒe gbogbo aɖewo megbe la, Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ la me tɔwo megava nɔ agbe wòsɔ kple eƒe ŋkɔ la o. Nyaʋiʋli siwo ɖo wo dome le alesi wòle be woawɔ ɖe woƒe dzixɔsewo dzi pɛpɛpɛ la he mamawo vɛ. Le ƒe 1494 me la, Nɔviawo ma ɖe ƒuƒoƒo eve me—Akpa Gã la kple Akpa Sue la ƒe ƒuƒoƒowo. Esime Akpa Gã la me tɔwo tɔ tsi woƒe gɔmedzedze dzixɔsewo la, Akpa Sue la me tɔwo fia nu be ele be Nɔviawo nayi edzi anɔ te sesĩe le woƒe tsitretsitsi ɖe dunyahehe kple xexeame ŋu me.—Kpɔ aɖaka si nye “Ke Akpa Gã la Ya Ðe?”

Le kpɔɖeŋu me, Akpa Sue la me tɔ aɖe ŋlɔ be: “Kakaɖedzi gobii aɖeke meli be amesiwo le mɔ eve dzi zɔm la anɔ Mawu gbɔ ɖaa o, elabena ƒã hafi wolɔ̃na be yewoatsɔ yewo ɖokui anae ahabɔbɔ ɖe Ete le nu ʋɛ aɖewo ko me, gake le nu geɖe me la, wowɔa nusi woa ŋutɔ wodi. . . . Amesiwo le tsitre sesĩe le susu me eye dzitsinya nyui le wo si—wodzea Aƒetɔ Kristo yome gbesiagbe le mɔ xaxɛ la dzi kple woƒe atitsogawo—la domee míedi vevie be míanɔ.”

Akpa Sue la me tɔwo bu gbɔgbɔ kɔkɔea abe Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, eƒe “asibide” ene. Alesi wose Yesu ƒe tafe la gɔmee nye be ame deblibo Yesu tsɔ eƒe agbe xe fe ɖe nusi nuvɔ̃wɔla Adam bu la ta. Womesubɔ Maria, Yesu dada o. Wogbugbɔ nufiafia si nye be xɔsetɔwo katã ate ŋu anye nunɔla esi mahiã be woaɖe adzɔgbe be yewoanye tre hafi o la ɖo anyi. Wode dutoƒogbeƒãɖeɖe ƒe dzi ƒo na hamea me tɔwo katã eye woɖea nuvɔ̃wɔla siwo gbe dzimetɔtrɔ la le haa me. Wotsri asrafodɔwo kple dunyahedɔwo kura. (Kpɔ aɖaka si nye “Nusi dzi Akpa Sue la me Nɔviawo Xɔ Se.”) Esi Akpa Sue la me tɔwo ku ɖe tameɖoɖo kplikpaa siwo le Acta la me ŋu goŋgoŋ ta la, wobu wo ɖokuiwo be yewoe le Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ si nɔ anyi le gɔmedzedzea me la teƒe.

Woƒe Nuƒoƒo Dzideƒotɔe Kple Wo Yome Titi

Akpa Sue la me tɔwo ƒo nu dzideƒotɔe tsɔ tsi tre ɖe subɔsubɔha bubu siwo dome Akpa Gã la me tɔwo hã nɔ la ŋu. Woŋlɔ tso subɔsubɔha siawo ŋu be “Miefiaa nu be ehiã be woade tsi ta na ɖevi suewo togbɔ be xɔse mele woa ŋutɔwo si o hã, eye mieto esia wɔwɔ me dze bisiɔp aɖe si woyɔna be Dionysius, si nu ame manyanu aɖewo ƒo nya ɖo vevie be wòte gbe ɖe vidzĩwo ƒe mawutsideta dzi la yome . . . Nufialawo kple mawunyaŋununyala xɔŋkɔwo katã kloe, Luther, Melanchthon, Bucerus, Korvín, Jiles̆, Bullinger hã xɔ nufiafia ma ke dzi se, . . . wona Akpa Gã la me tɔwo katã xɔ edzi se.”

Eyata mewɔ nuku o be woti Akpa Sue la me tɔwo yome. Le ƒe 1524 me la woƒo eƒe ŋgɔnɔla ɖeka si nye Jan Kalenec hetɔ dzoe. Emegbe wotɔ dzo Akpa Sue la me tɔ etɔ̃ ɖe ati ŋuti. Edze abe Akpa Sue la nu yi le ƒe 1550 lɔƒo, le woƒe kplɔla mamlɛtɔ ƒe ku megbe ene.

Ke hã la, Akpa Sue la kpɔ ŋusẽ ɖe mawusubɔsubɔ me nuwɔnawo dzi le Europa le titinaɣeyiɣiwo me. Nyateƒee, esi wònye ‘sidzedze vavãtɔ’ mekpɔ dze ƒã le Akpa Sue la me tɔwo ƒe ŋkekeawo me o ta la, womete ŋu kpɔ dzidzedze le gbɔgbɔmeviviti si nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖee nye ema la ɖeɖeɖa me o. (Daniel 12:4) Ke hã, didi sẽŋu si nɔ wo me be yewoadi mɔ xaxɛ la ahazɔ edzi togbɔ be woti wo yome gɔ̃ hã nye nusi wòle be Kristotɔwo nade dzesii egbea.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Wogblɔ be Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ la me tɔwoe ta Bohemia (Czech-dukɔa) ƒe agbalẽ 60 siwo wota tso ƒe 1500 vaseɖe ƒe 1510 la dometɔ 50

[Aɖaka si le axa 11]

Ke Akpa Gã la Ya Ðe?

Nukae va dzɔ ɖe Akpa Gã la dzi mlɔeba? Esime Akpa Sue la nu yi megbe la, Akpa Gã la gakpɔtɔ nye subɔsubɔha, si wogayɔna kokoko be Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ƒuƒoƒo sia va trɔ asi le dzixɔse siwo nɔ esi le gɔmedzedzea me ŋu. Le ƒe alafa 16 lia ƒe nuwuwu la, Nɔviwo ƒe Ðekawɔwɔ la ɖo habɔbɔ si me Czech Utraquists, * si me tɔ akpa gãtɔ nye Luthertɔwo la anyi. Ke hã, Nɔviawo gakpɔtɔ nɔ dɔ dzi le Biblia kpakple mawusubɔsubɔ me gbalẽ bubuwo gɔmeɖeɖe kple wo tata me. Enyo be woade dzesii be Hebrigbe me ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔe la dze le agbalẽ gbãtɔ siwo wota ƒe axa gbãtɔwo.

Le ƒe 1620 me la, Roma Katoliko Ha la va kpɔ ŋusẽ ɖe Czech-fiaɖuƒea dzi akpasesẽtɔe. Esia wɔe be Akpa Gã la me Nɔvi geɖe dzo le dukɔa me heyi woƒe dɔwo dzi le duta. Ŋkɔ si wova yɔna na ƒuƒoƒoa emegbe lae nye Moravia Sɔlemeha (Moravia nye Czech-dukɔa ƒe akpa aɖe), eye egakpɔtɔ li vaseɖe fifia.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 24 Etso Latingbe me nya utraque, si gɔmee nye “ɖeka le eve ɖesiaɖe me” la me. To vovo na Roma Katoliko nunɔlawo, siwo menaa wein hameviawo le Nuɖuɖu Kɔkɔe la ɖuɣi o la, Utraquists (Hustɔwo ƒe ƒuƒoƒo vovovoawo) naa abolo kple wein.

[Aɖaka si le axa 12]

Nusi Dzi Akpa Sue la me Nɔviawo Xɔ Se

Nyayɔyɔ siwo gbɔna siwo tso Acta Unitatis Fratrum si wota le ƒe alafa 15 lia kple 16 lia me la ɖe dzixɔse siwo nɔ Akpa Sue la me tɔwo si dometɔ aɖewo fia. Akpa Gã la me tɔwo koŋue Akpa Sue la ƒe ŋgɔnɔlawo ŋlɔ nya siawo na.

Mawuɖekaetɔ̃: “Ne miedzro Biblia bliboa katã me la, miakpɔe be woma Mawu ɖe Mawuɖekaetɔ̃ ƒomevi aɖe, ame etɔ̃ siwo si ŋkɔ le, abe alesi amewo susuna ene me o.”

Gbɔgbɔ kɔkɔe: “Gbɔgbɔ kɔkɔea nye Mawu ƒe asibide kple Mawu ƒe nunana, alo akɔfala, alo Mawu ƒe Ŋusẽ, si Fofo la nana xɔsetɔwo le alesi Kristo abu woe be wodze nu. Míekpɔe le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me be ele be woayɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la be Mawu aɖe alo Ame aɖe o; eye apostoloawo ƒe nufiafiawo hã meɖe esia fia o.”

Nunɔlanyenye: “Wotsɔ dzesideŋkɔ “nunɔla” na mi madzemadzee; ne menye miaƒe takokoeawo kple miaƒe ami siwo wosusuna be woyɔa dɔ ye o la, ɖeko mianɔ abe ame tsɛ aɖe ko ene. Petro Kɔkɔe di tso Kristotɔwo katã si be woanye nunɔlawo, esime wògblɔ be: Miawoe nye nunɔlanyenye kɔkɔe si saa gbɔgbɔ me vɔwo. (Petro I, 2)”

Nyɔnyrɔxɔxɔ: “Aƒetɔ Kristo gblɔ na eƒe apostolowo be: Miyi ɖe xexe blibo la me, miɖe gbeƒã Nyanyuia na nuwɔwɔwo katã, na amesiwo axɔe ase. (Marko, ta 16) Eye ne wowɔ ɖe nya siawo dzi: eye wonyrɔ wo ko hafi woakpɔ ɖeɖe. Eye miefiaa nu be woade mawutsi ta na ɖevi sue siwo ŋutɔ si xɔse mele o.”

Akpaɖekedzimademade: “Nusiwo mia nɔvi siwo nɔ anyi do ŋgɔ na mi bu be womenyo o eye wonye ŋunyɔnuwo, be woanye asrafo ahawu ame alo akpla aʋawɔnuwo azɔ mɔwo dzi la, miawo ya míebu nu mawo katã be wonyo . . . Eyata míebui be mia kple nufiala bubuawo katã miese nyagblɔɖinya siwo wogblɔ ɖi gɔme tututu o: Ale wògblẽ ŋusẽ si le dati, akpoxɔnuwo kple yi kpakple aʋawɔwɔ ŋu dome. (Psalmo 75 [Psalmo 76 le Eʋegbe Biblia me]) Eye nyagblɔɖi bubu hã gblɔ be: Womagblẽ nu le nye to kɔkɔe la ŋu alo atsrɔ̃e o, elabena sidzedze Mawu axɔ Aƒetɔ la ƒe anyigba la dzi, kple bubuawo. (Yesaya, ta 11).”

Gbeƒãɖeɖe: “Míenyae nyuie be, le gɔmedzedzea me la, nyɔnuwo he ame geɖe va dzimetɔtrɔ gbɔ wu nunɔlawo katã kple bisiɔp siaa. Eye fifia nunɔlawo va le aƒe siwo sɔlemeha la tu me. Vodada gã kae nye si! Miyi xexe blibo la me. Miɖe gbeƒã . . . na nuwɔwɔwo katã.”

[Anyigbatata siwo le axa 10]

GERMANY

POLAND

CZECH REPUBLIC

BOHEMIA

Elbe-tɔsisi

PRAGUE

Vltava-tɔsisi

Klatovy

Chelčice

Kunwald

Vilémov

MORAVIA

Danube-tɔsisi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10, 11]

Miame: Peter Chelčický; ete: page from “Net of the Faith”

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Gregory si tso Prague

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]

Fotoawo katã: S laskavým svolením knihovny Národního muzea v Praze, C̆esko