Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiame Neɖe Gbeƒã Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe

Amesiame Neɖe Gbeƒã Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe

Amesiame Neɖe Gbeƒã Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe

“Mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, . . . Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ.”​—PSALMO 96:7, 8.

1, 2. Afikae kafukafu tsona na Yehowa, eye amekawoe woxlɔ̃ nui be woakpe asi ɖe eŋu?

DAWID, Isai vi la tsi abe alẽkplɔvi ene le Betlexem nutoa me. Anɔ eme be efɔa mo dzi enuenu léa ŋku ɖe dziƒo kple eme ɣletivi gbogboawo ŋu le zã si zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ la me esime wònɔ fofoa ƒe alẽha dzi kpɔm le saɖeaga gbeɖuƒe mawo! Ðikeke mele eme o be eɖo ŋku nusia si nɔ susu me nɛ nyuie la dzi esime Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ʋãe wòŋlɔ hagbe nyui siwo le Psalmo 19 lia hedzii la be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ. Woƒe dzidzeka de anyigba blibo la dzi, eye woƒe nuƒoƒo de xexeame ƒe mlɔenu ke.”—Psalmo 19:2, 5.

2 Gbe kple nuƒo manɔmee la, dziƒo wɔnuku si Yehowa wɔ la ɖea gbeƒã eƒe ŋutikɔkɔe tso ŋkeke yi ŋkeke, kple zã sia zã. Nuwɔwɔwo medzudzɔa gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe gbeɖe o, eye woƒe ɖaseɖiɖi si meɖina o si dea “anyigba blibo la” dzi wokpɔna la ŋu bubu nana míekpɔnɛ be míeɖi naneke o. Ke hã, nuwɔwɔwo ƒe ɖaseɖiɖi numaƒomaƒoe la mesɔ gbɔ o. Woxlɔ̃ nu amegbetɔ nuteƒewɔlawo be woatsɔ woƒe gbewo akpe ɖe eŋu. Hakpala si ƒe ŋkɔ womeyɔ o gblɔ na tadeagula nuteƒewɔlawo be: “Mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, . . . Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ.” (Psalmo 96:7, 8) Edzɔa dzi na amesiwo le ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa be woawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi. Gake nukae ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu lɔ ɖe eme?

3. Nukawo tae amegbetɔwo tsɔa ŋutikɔkɔe naa Mawu?

3 Ebia nu geɖe wu nyagbewo ko zazã. Israel-vi siwo nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me kafua Mawu kple woƒe nuyiwo, gake metso wo dometɔ akpa gãtɔ ƒe dzi me o. Yehowa gblɔ to Yesaya dzi be: “Dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye.” (Yesaya 29:13) Gɔmesese aɖeke menɔa amesiawo ƒe kafukafunyawo ŋu o. Be gɔmesese nanɔ kafukafunyawo ŋu la, ele be wòatso dzi si yɔ fũ kple lɔlɔ̃ na Yehowa me eye woatsɔ dzi blibo alɔ̃ ɖe eƒe ŋutikɔkɔe tɔxɛa dzi. Yehowa ɖeka koe nye Wɔla la. Eyae nye Ŋusẽkatãtɔ, Dzɔdzɔetɔ la, kple amesi nye lɔlɔ̃. Eya gbɔe míaƒe xɔname tso eye eyae nye Dziɖulagã si te wòdze be amesiwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nabɔbɔ ɖo. (Nyaɖeɖefia 4:11; 19:1) Ne míexɔ nya siawo dzi se vavã la, mina míakafui tso dzi blibo me.

4. Nufiame kae Yesu na le alesi míakafu Mawu ŋu, eye aleke míate ŋu awɔe ade goe?

4 Yesu Kristo gblɔ alesi míakafu Mawui na mí. Egblɔ be: “Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo.” (Yohanes 15:8) Alekee míetsea ku geɖee? Gbãtɔ enye gome si míakpɔ le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la me kple luʋɔ blibo ale be míakpe asi ɖe nuwɔwɔwo katã ŋu le ‘gbeƒãɖeɖe’ Mawu ƒe ‘nɔnɔme makpɔmakpɔwo’ me. (Mateo 24:14; Romatɔwo 1:20) Gawu la, mɔ sia nue míekpɔa gome—tẽ loo alo to kpekpeɖeŋu me—wɔa nusrɔ̃la yeye siwo nana kafukafuha dea dzi na Yehowa Mawu. Evelia, míetua ku siwo gbɔgbɔ kɔkɔea tsena le mía me ɖo eye míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yehowa Mawu ƒe nɔnɔme siwo ƒo ɖesiaɖe ta. (Galatiatɔwo 5:22, 23; Efesotɔwo 5:1; Kolosetɔwo 3:10) Esia wɔnɛ be míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ kafua Mawu.

“Le Anyigba Blibo la Katã Dzi”

5. Ðe alesi Paulo te gbe ɖe agbanɔamedzi si le Kristotɔwo dzi be woakafu Mawu to woƒe xɔse me ʋuʋu fia ame bubuwo me la me.

5 Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, ete gbe ɖe agbanɔamedzi si le Kristotɔwo dzi be woakafu Mawu to woƒe xɔse me ʋuʋu fia ame bubuwo me dzi. Nya vevi aɖe si le Romatɔwo ƒe agbalẽa mee nye be amesiwo xɔ Yesu Kristo dzi se koe akpɔ xɔxɔ. Le Paulo ƒe lɛta ƒe ta 10 lia me la, eɖee fia be dzɔdzɔme Israel-vi siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la ganɔ agbagba dzem be tenɔnɔ dzɔdzɔe nasu yewo si to Mose ƒe Sea dzi wɔwɔ me, evɔ wònye “Se la ƒe nuwuwu enye Kristo” hafi. Eyata Paulo gblɔ be: “Ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, àkpɔ xɔxɔ.” Tso ɣemaɣi la, “vovototo aɖeke [megava le] Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la. Elabena amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.”—Romatɔwo 10:4, 9-13.

6. Alekee Paulo zã Psalmo 19:5?

6 Emegbe Paulo bia aɖaŋutɔe be: “Aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã?” (Romatɔwo 10:14) Paulo gblɔ le Israel-viwo ŋu bena: “Menye wo katãe ɖoa to nyanyui la o.” Nukatae Israel meɖo to o? Woƒe tomaɖomaɖoa tso xɔsemanɔamesi gbɔ, menye mɔnukpɔkpɔe mesu wo si o. Paulo ɖe esia fia esime wòyɔ nya tso Psalmo 19:5 hetsɔe ku ɖe Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa boŋ ŋu ke menye nuwɔwɔ maƒonuawo o. Egblɔ be: “Ẽ, vavãe! Woƒe numegbe ɖi hoo le anyigba blibo la katã dzi, eye woƒe nyawo de xexeame ƒe seƒewo ke.” (Romatɔwo 10:16, 18) Ẽ, abe alesi nuwɔwɔ siwo me agbe mele o kafua Yehowae ene la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖe gbeƒã xɔxɔ ƒe nyanyui la le afisiafi ale be wokafu Mawu le “anyigba blibo la katã” dzi. Le Paulo ƒe lɛta si woŋlɔ na Kolosetɔwo hã me la, egblɔ alesi gbegbe nyanyuia kakae. Egblɔ be woɖe gbeƒã nyanyuia “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kolosetɔwo 1:23.

Ðasefo Veviedonulawo

7. Agbanɔamedzi kae Yesu gblɔ be ele Kristotɔwo dzi?

7 Anɔ eme be Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa na Kolosetɔwo anye ƒe 27 lɔƒo le Yesu Kristo ƒe ku megbe. Aleke wɔ gbeƒãɖeɖedɔa te ŋu kaka ɖo keke Kolose ke le ɣeyiɣi kpui ma mee? Ete ŋu dzɔ elabena dzo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo me, eye Yehowa yra ɖe woƒe dzonɔamemea dzi. Yesu gblɔe ɖi be ye yomedzelawo anye gbeƒãɖela veviedonulawo esime wògblɔ be: “Ele be, woaɖe gbeƒã nyanyui la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.” (Marko 13:10) Yesu gblɔ nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo ƒe Nyanyuia ƒe kpukpui mamlɛawo me kpe ɖe nyagblɔɖi sia ŋu be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Le Yesu ƒe dziƒoyiyi megbe kpuie la, eƒe nusrɔ̃lawo te wɔwɔ ɖe nya mawo dzi.

8, 9. Le Dɔwɔwɔwo ƒe nya nu la, aleke Kristotɔwo wɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzii?

8 Esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Yesu yomedzela wɔnuteƒewo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, nu gbãtɔ si wowɔe nye be wodo yi ɖaɖe gbeƒã henɔ “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” gblɔm fia ameha siwo le Yerusalem. Woƒe gbeƒãɖeɖea kpɔ dzidzedze ŋutɔ, eye wonyrɔ “luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃.” Nusrɔ̃lawo yi edzi kafu Mawu le dutoƒo kple veviedodo wòɖe vi geɖe.—Dɔwɔwɔwo 2:4, 11, 41, 46, 47.

9 Eteƒe medidi o subɔsubɔhakplɔlawo va nya nu le Kristotɔ mawo ƒe dɔwɔnawo ŋu. Esi Petro kple Yohanes ƒe nyateƒea gbɔgblɔ ɖe fu na wo la, wode se na apostolo eveawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Apostoloawo ɖo eŋu be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” Esi wodo ŋɔdzi na Petro kple Yohanes heɖe asi le wo ŋu emegbe la, wotrɔ yi wo nɔviwo gbɔ, eye wowɔ ɖeka kpli wo le gbedodoɖa me na Yehowa. Wotsɔ dzideƒo bia Yehowa be: “[Na] be, wò dɔlawo nagblɔ wò nya la kple dzideƒo katã.”—Dɔwɔwɔwo 4:13, 20, 29.

10. Tsitretsiɖeŋu kae te mododoɖa, eye aleke Kristotɔ vavãwo wɔ nu ɖe eŋui?

10 Gbedodoɖa ma wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, abe alesi wòva dze ƒã emegbe ene. Wolé apostoloawo gake mawudɔla aɖe va ɖe wo nukutɔe. Mawudɔlaa gblɔ na wo be: “Miheyi, ne miatsi tre agblɔ agbenya siawo katã na dukɔ la le mawuxɔ me.” (Dɔwɔwɔwo 5:18-20) Esi apostoloawo ɖo to ta la, Yehowa yi edzi yra wo. Eyata “gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.” (Dɔwɔwɔwo 5:42) Edze ƒã be womete ŋu tsɔ tsitretsiɖeŋu vɔ̃ɖiwo tɔ te Yesu yomedzelawo be woagakafu Mawu le gaglãgbe o.

11. Alekee nye Kristotɔ gbãtɔwo ƒe nɔnɔme ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu?

11 Eteƒe medidi o wolé Stefano eye woƒu kpee wòku. Ewuwu nye yometiti vɔ̃ɖi aɖe ƒe gɔmedzedze le Yerusalem, si ƒoe ɖe nusrɔ̃lawo katã nu be woka hlẽ negbe apostoloawo koe susɔ. Ðe yometitia ɖe dzi le wo ƒoa? Kuraa o. Míexlẽe be: “Amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyui la gblɔm fia.” (Dɔwɔwɔwo 8:1, 4) Gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe dzonɔameme sia dze enuenu. Míexlẽe le Dɔwɔwɔwo ta 9 be esime Farisitɔ Saul si tso Tarso yina ɖe Damasko be yeaɖalé Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la, ekpɔ Yesu ƒe ŋutega eye eƒe ŋku gbã. Le Damasko la, Anania to nukugbedada dzi ʋu ŋku na Saul. Nukae nye nu gbãtɔ si Saul—si va zu apostolo Paulo emegbe la—wɔ? Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Enumake wòɖe gbeƒã le Yesu ŋuti le ƒuƒoƒeawo me bena, Eyae nye Mawuvi.’—Dɔwɔwɔwo 9:20.

Amesiame Kpɔ Gome le Gbeƒãɖeɖe Me

12, 13. (a) Le ŋutinyaŋlɔlawo ƒe nya nu la, nukae ɖe dzesi le Kristo-hame gbãtɔa ŋu? (b) Alekee Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ɖo kpe ŋutinyaŋlɔlawo ƒe nyawo dzii?

12 Ame geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be amesiwo katã nɔ Kristo-hame gbãtɔa me kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Philip Schaff ŋlɔ ku ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ŋkeke mawo me ŋu be: “Hame ɖesiaɖe nye dutanyanyuigblɔlawo ƒe ha, eye Kristotɔ xɔsetɔ ɖesiaɖe nye dutanyanyuigblɔla.” (History of the Christian Church) W. S. Williams gblɔ be: “Ðase si woɖi le Kristotɔ siwo nɔ Hame gbãtɔ me ŋu godoo, vevietɔ wo dometɔ siwo si gbɔgbɔ ƒe nunana nɔ la, enye be wo katã woɖe gbeƒã nyanyuia.” (The Glorious Ministry of the Laity) Ete gbe ɖe edzi hã be: “Yesu Kristo meɖoe be gbeƒãɖeɖe nanye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ na amesiwo le ɖoƒe aɖe le subɔsubɔa me o.” Celsus, amesi nye futɔ na Kristotɔwo le blema, gɔ̃ hã ŋlɔ bena: “Alẽfukolawo, afɔkpatɔlawo, lãgbalẽtelawo, ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwoe nye nyanyuigbeƒãɖela veviedonulawo.”

13 Nya siawo ƒe kpeɖodziwo le ŋutinyamenuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la me. Esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe nusrɔ̃lawo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi megbe la, wo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo gblɔ Mawu ƒe nu dzɔtsuwo fia le dutoƒo. Le yometiti si va le Stefano wuwu megbe la, Kristotɔ siwo katã ka hlẽ la kaka nyanyuia yi didiƒe. Le ƒe 28 lɔƒo megbe, esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Hebritɔ Kristotɔwo katã, ke menye hakplɔlawo ƒe ha sue aɖe ko o la, egblɔ be: “Mina míato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.” (Hebritɔwo 13:15) Esi Paulo nɔ nu ƒom le alesi eya ŋutɔ buna gbeƒãɖeɖedɔae ŋu la, egblɔ be: “Ne megblɔ nyanyui fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyui la fia o la, baba nam!” (Korintotɔwo I, 9:16) Eme kɔ ƒã be Kristotɔ nuteƒewɔla siwo katã nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me se le wo ɖokui me nenema.

14. Ƒomedodo kae le xɔse kple gbeƒãɖeɖe dome?

14 Nyateƒee, ele be Kristotɔ vavã nakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me elabena edo ƒome kplikplikpli kple xɔse. Paulo gblɔ be: “Wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la.” (Romatɔwo 10:10) Ƒuƒoƒo sue aɖe—abe hakplɔlawo ƒe ƒuƒoƒo ene—koe xɔ se le hamea me si ta woawo ko dzie agba nɔ be woaɖe gbeƒãa? Gbeɖe, mele nenema kuraa o! Kristotɔ vavãwo katã tua Aƒetɔ Yesu Kristo dzixɔse sesẽ ɖo eye wòʋãa wo be woaɖe gbeƒã xɔse ma le dutoƒo na ame bubuwo. Ne womewɔe alea o la, ekema woƒe xɔsea zu nu kuku. (Yakobo 2:26) Esi Kristotɔ wɔnuteƒe siwo katã nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me le Mía Ŋɔli me ɖe xɔse fia alea ta la, Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe kafukafu ɖi hoo wose.

15, 16. Gblɔ kpɔɖeŋu siwo fia be gbeƒãɖeɖedɔa yi edzi togbɔ be kuxiwo nɔ anyi hã.

15 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yehowa yra eƒe amewo wodzi ɖe edzi togbɔ be kuxiwo nɔ hamea me kple egodo siaa hã. Le kpɔɖeŋu me, Dɔwɔwɔ ta 6 ƒo nu tso masɔmasɔ si nɔ dzimetrɔla Hebrigbedolawo kple Helagbedolawo dome ŋu. Apostoloawo kpɔ kuxia gbɔ. Esia na be míexle be: “Mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gã aɖe hã na ta xɔse la.”—Dɔwɔwɔwo 6:7.

16 Emegbe dunyahehe me nyaʋiʋli aɖe ɖo Yudea-fia, Herodes Agripa, kple Tiro kple Zidon tɔwo dome. Du siawo me tɔwo wɔ yeaɖi ŋutifafa nubablawo kple Herodes wòdze eŋu ale gbegbe, eye le eƒe asidada ɖe edzi me la eƒo dutoƒonuƒo aɖe. Takpelawo te ɣlidodo be: “Mawu ƒe gbee eye menye ame tɔe o!” Enumake Yehowa ƒe dɔla ƒo Herodes Agripa, eye wòku “le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta.” (Dɔwɔwɔwo 12:20-23) Alekee wòna amesiwo ɖoa ŋu ɖe amegbetɔ dziɖulawo ŋu ɖi vo enye si! (Psalmo 146:3, 4) Ke Kristotɔwo ya yi edzi kafu Yehowa. Esia na be “Mawunya la tsi, eye wòkeke ta” togbɔ be dunyahehe me zitɔtɔwo nɔ anyi hã.—Dɔwɔwɔwo 12:24.

Ɣemaɣi Kple Fifia

17. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nuka mee ame siwo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi la kpɔ gome le?

17 Ẽ, xexeame katã ƒe Kristo-hamea me tɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me nye Yehowa Mawu kafula veviedonulawo. Kristotɔ wɔnuteƒewo katã kpɔ gome le nyanyuia kaka me. Wo dometɔ aɖewo ke ɖe amewo ŋu woɖo to wo, abe alesi Yesu gblɔ be woafia wo be woawɔ nusiwo katã yeɖo na wo la ene. (Mateo 28:19, 20) Nusi do tso emee nye be hamea tsi, eye ame gbogbo aɖewo wɔ ɖeka kple Fia Dawid si nɔ anyi le blema eye wotsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa. Wo katã wogblɔ nya siawo si tso gbɔgbɔ me be: “Makafu wò Aƒetɔ Mawu tso dzi blibo me, eye made bubu wò ŋkɔ ŋu ɖaa. Elabena wò amenuveve sɔ gbɔ ɖe dzinye.”—Psalmo 86:12, 13.

18. (a) Vovototo kae wokpɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea kple Kristodukɔa dome egbea? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Esia na be mawunyafialagã Allison A. Trites ƒe nya siwo wogblɔ la wɔa dɔ ɖe ame dzi. Esi wòtsɔ egbegbe Kristodukɔa nɔ sɔsɔm kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo la, egblɔ be: “Vidzidzi (ne ɖevi siwo le ƒomeawo me le sɔlemehaa si le nutoa me ŋutɔ va ʋu xɔse me) alo ʋuʋu (ne ame yeye ʋu yi sɔlemehaa si le nuto bubu me) dzie sɔlemeha siwo li egbea tona dzina ɖe edzi. Gake le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la, wodzi ɖe edzi to amewo ƒe dzimetɔtrɔ me, elabena ɖeko hamea dze eƒe dɔwɔwɔ gɔme koe ma.” Ðe ema fia be Kristotɔnyenye vavãtɔ megale dzidzim ɖe edzi le mɔ si Yesu fia nu oa? Menye nenemae kura o. Kristotɔ vavã siwo li egbea le vevie dom Mawu kafukafu le dutoƒo le go ɖesiaɖe me abe alesi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔe ene. Míakpɔ esia le nyati si kplɔe ɖo me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Mɔ kawo nue míekafua Mawu le?

• Alekee Paulo zã Psalmo 19:5?

• Ƒomedodo kae le xɔse kple gbeƒãɖeɖe dome?

• Nukae ɖe dzesi le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Dziƒowo ɖea Mawu ƒe ŋutikɔkɔe fiana ɣesiaɣi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy of Anglo-Australian Observatory, photograph by David Malin

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Gbeƒãɖeɖedɔa kple gbedodoɖa do ƒome kplikplikpli