Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Me

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia Me

MEKPƆ de ƒe ɖeka le Israel-viwo ɖeɖe tso kluvinyenye me le Egipte megbe haɖe o. Fifia si wozu dukɔ si wowɔ ɖoɖo na la, wodze mɔ yina Kanaan-nyigba dzi. Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be yeana dukɔ kɔkɔe aɖe nanɔ afima. Gake Kanaantɔwo ƒe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ me nuwɔnawo nyɔ ŋu ale gbegbe. Eyata Mawu vavã la na se siwo awɔe be Israel-viwo nato vovo hena eƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ la wo. Woŋlɔ esiawo ɖi le Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me. Nyagblɔɖila Mose ye ŋlɔ agbalẽ sia le Sinai-gbedzi, anye le ƒe 1512 D.M.Ŋ. me, eye nuŋlɔɖia ƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo anɔ abe ɣleti ɖeka ko ƒe ŋutinya ene ŋu. (Mose II, 40:17; Mose IV, 1:1-3) Yehowa xlɔ̃ nu esubɔlawo edziedzi be woanɔ kɔkɔe.—Mose III, 11:44; 19:2; 20:7, 26.

Yehowa Ðasefowo, siwo li egbea mele Se si Mawu tsɔ na to Mose dzi la te o. Yesu Kristo ƒe ku he Se ma va nuwuwui. (Romatɔwo 6:14; Efesotɔwo 2:11-16) Ke hã, se siwo dze le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me la ate ŋu aɖe vi na mí, woate ŋu afia nu geɖe mí tso tadedeagu na mía Mawu, Yehowa ŋu.

NUNANA KƆKƆEWO—LƆlƆ̃NU FAA KPLE DZIZIZI TƆWO

(Mose III, 1:1–7:38)

Nusiwo wonana kple vɔ siwo wosana le Sea te la dometɔ aɖewo nye lɔlɔ̃nu faa tɔ, gake bubuwo ya nye dzizizi tɔ. Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃nu faa nunanae numevɔsa la nye. Wotsɔa nusi wotsɔ le vɔa samee la katã naa Mawu, abe alesi Yesu Kristo lɔ̃ faa tsɔ eƒe agbe na wònye tafevɔsa ene. Gake womaa akpedavɔsa si hã wonana kple lɔlɔ̃nu faa ya. Wotsɔa akpa aɖe naa Mawu le vɔsamlekpuia dzi, nunɔlaa hã ɖua akpa aɖe, eye amesi le vɔa sam hã ɖua akpa aɖe. Nenema kee le Kristotɔ amesiaminawo gome la, Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia nye nusi woɖuna le hame.—Korintotɔwo I, 10:16-22.

Dzizizie nuvɔ̃vɔsawo kple fɔɖivɔsawo nye. Wosaa nuvɔ̃vɔsa tsɔ léa avu ɖe nuvɔ̃ siwo womeɖo hafi wɔ o, alo esiwo wowɔ le manyamanya me, la ta. Ne ame aɖe gblẽ nu le ame bubu ƒe gomenɔamesi ŋu, alo ne edi be gome aɖe si woxɔ le ye si nagasu ye si ake la—alo le go evea siaa me la—esaa fɔɖivɔsa na Mawu. Wosaa nuɖuvɔsawo hã tsɔ ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe Yehowa ƒe nunana gbogboawo ŋu. Míetsɔ ɖe le nusiawo katã me elabena vɔsa siwo ƒe se wode le Sea te la fia asi Yesu Kristo kple vɔ si wòsa, alo viɖe siwo ado tso eƒe vɔsaa me.—Hebritɔwo 8:3-6; 9:9-14; 10:5-10.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2:11, 12—Nukatae Yehowa mexɔa ‘dzovɔsa’ si me wozã anyitsi le o? Anyitsi si ŋu nya siawo ku ɖo mate ŋu anye esi anyiwo ɖana o. Togbɔ be womeɖe mɔ be woatsɔe asa ‘dzovɔsa’ o hã la, enɔ “agblemenuwo katã ƒe ŋgɔgbetɔwo” dome. (Kronika II, 31:5) Anye be atikutsetse me tsi aɖee anyitsi sia nye. Esi wòate ŋu aʋã ta la, womeɖe mɔ be woatsɔe ana le vɔsamlekpuia dzi o.

2:13—Nukatae wòle be woade dze “vɔsawo katã” me? Menye ɖe wowɔ esia be woana vɔsawo navivi o. Le xexeame godoo la, wozãa dze tsɔ kpɔa nane ta be wòagaƒaƒã o. Anɔ eme be wodenɛ vɔsawo me elabena enye dzesi be nusi me wodee la magblẽ aƒaƒã o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

3:17. Esi wònye wobua lã ƒe ami be eyae nye eƒe akpa nyuitɔ kekeake ta la, edze ƒã be sedede na Israel-viwo be woagaɖui o la na wose egɔme be Yehowae wòle be yewoatsɔ nu nyuitɔwo kekeake ana. (Mose I, 45:18) Esia ɖoa ŋku edzi na mí be ele be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo kekeake ana Yehowa.—Lododowo 3:9, 10; Kolosetɔwo 3:23, 24.

3:17; 7:26, 27. Mele be Israel-viwo naɖu ʋu o. Mawu bua ʋu be etsi tre ɖi na agbe. Mose III, 17:11 gblɔ be: “Agbe le ʋu la me.” Ʋu tsitsri ganye nusi wodi tso tadeagula vavãtɔwo si egbea hã.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

WOÐO NUNƆLANYENYE KƆKƆE ANYI

(Mose III, 8:1–10:20)

Amekawo dzie agba le be woawɔ dɔ siwo ku ɖe vɔsawo kple nunanawo ŋu? Nunɔlawoe wotsɔ esia de asi na. Mose wɔ kɔnu aɖe si me wòɖo Aron nunɔlagã kple via eneawo nunɔlateviwo abe alesi Mawu na mɔfiamee be wòawɔe ene. Edze abe ŋkeke adree wɔna sia xɔ ene, eye nunɔlanyenyea dze egɔme le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

9:9—Nukae ʋukɔkɔ ɖe vɔsamlekpuia te kple esisi ɖe nu vovovowo ŋu fia? Esia fia be Yehowa lɔ̃ be woazã ʋu atsɔ alé avu ɖe nuvɔ̃wo ta. Ʋue wozãna le avuléɖoɖo bliboa me. Apostolo Paulo ŋlɔe be: “Wotsɔ ʋu klɔ nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃keke aɖeke manɔ anyi o.”—Hebritɔwo 9:22.

10:1, 2—Anye nuvɔ̃ kae Aron ƒe vi siwo nye Nadab kple Abihu wɔ? Esi Nadab kple Abihu megava le woƒe nunɔladɔa wɔm le mɔ nyuitɔ nu o megbe kpuie ko la, Yehowa de se na nunɔlawo be woagano wein alo aha muame aɖeke ne wole subɔsubɔm le avɔgbadɔa me o. (Mose III, 10:9) Nya sia fia be ɖewohĩ Aron ƒe vi eveawo mu aha le nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tsoe le afisia me. Gake susu si ta koŋ woku ɖoe nye be “wotsɔ dzo bubu, si ŋu [Yehowa] meɖe mɔ le na wo o” la va eŋkume.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

10:1, 2. Ele be Yehowa subɔla siwo dzi agbanɔamedziwo le egbea nawɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi. Gawu la, mele be woado wo ɖokui ɖe dzi le woƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ me o.

10:9. Mele be míano ahamuame ne míele dɔ siwo Mawu de mía si la wɔm o.

SUBƆSUBƆ KƆKƆE BIA BE WOANƆ DZADZƐ

(Mose III, 11:1–15:33)

Lã kɔkɔewo kple lã makɔmakɔwo ɖuɖu ŋuti sewo ɖe vi na Israel-viwo le mɔ eve nu. Se siawo kpɔ wo ta ale be womexɔ dɔ tso lã siwo me dɔlékui vɔ̃ɖiwo le ɖuɖu me o eye esia na vovototo si le wo kple dukɔ siwo ƒo xlã wo dome la gadze nyuie wu. Se bubuwo ku ɖe makɔmakɔnyenye le asikaka nu kuku aɖe ŋu ta, nyɔnuwo ŋukɔkɔ le vidzidzi megbe, alesi woawɔ nui ɖe anyidɔ ŋu, kple makɔmakɔnyenye si tsoa ŋutsu ƒe tsinyenye kple nyɔnu ƒe dzinukpɔkpɔ me ŋuti. Ele na nunɔlawo be woakpɔ nya siwo aku ɖe amesiwo ŋu mekɔ o ŋu la gbɔ.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

12:2, 5—Nukatae vidzidzi wɔe be nyɔnu ‘ŋu mekɔ o’? Ðe wowɔ vidzinuwo be woato edzi adzi vi siwo de blibo. Gake le nuvɔ̃ ƒe nugbegblẽ siwo dome míenyi ta la, vi siwo wodzina medea blibo o eye nuvɔ̃ nɔa wo ŋu. Ɣeyiɣi aɖe ƒe ‘makɔmakɔnyenye’ si vidzidzi, kpakple nu bubuwo, abe dzinukpɔkpɔ kple tsinyenye ene, hena vɛ la na woɖoa ŋku nuvɔ̃ sia si dome wonyi la dzi. (Mose III, 15:16-24; Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Ŋutikɔkɔ ƒe ɖoɖo mawo kpe ɖe Israel-viwo ŋu wokpɔe dze sii be yewohiã tafevɔsa aɖe si atsyɔ nu ameƒomea ƒe nuvɔ̃menyenye dzi ahana amegbetɔwo nagade blibo ake. Ale Se la zu woƒe ‘nufiala, si kplɔ wo yi Kristo gbɔe.’—Galatiatɔwo 3:24.

15:16-18—‘Tsinyenye’ kae wowɔnɛ le kpukpui siawo me? Anye be esia ku ɖe tsi si ŋutsu nyena le zã me kple esi wònyena ne wo kple srɔ̃a wole wo nɔewo gbɔ dɔm la ŋu.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

11:45. Yehowa Mawu le kɔkɔe eye edi be amesiwo tsɔa subɔsubɔ kɔkɔe naa ye hã nanɔ kɔkɔe. Ele be woati kɔkɔenyenye yome eye woayi edzi anɔ kɔkɔe le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa.—Korintotɔwo II, 7:1; Petro I, 1:15, 16.

12:8. Yehowa ɖe mɔ be ame dahewo natsɔ xe asa vɔ le esi woazã alẽ si ƒe home xɔ asi wu teƒe. Ebua ame dahewo ŋu.

ELE BE MÍAYI EDZI ANƆ KƆKƆE

(Mose III, 16:1–27:34)

Wosaa nuvɔ̃ ŋuti vɔ vevitɔwo kekeake le ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekea dzi. Wotsɔa nyitsu ɖeka saa vɔe ɖe nunɔlawo kple Lewi-toa me tɔ bubuawo ta. Wotsɔa gbɔ̃tsu ɖeka saa vɔe ɖe Israel-to siwo me tɔwo menye nunɔlawo o la ta. Woxlẽa amewo ƒe nuvɔ̃wo ɖe gbɔ̃tsu gbagbe aɖe dzi henyanɛ ɖo ɖe gbedadaƒo. Wobua gbɔ̃tsu evea siaa abe nuvɔ̃vɔsa ɖeka ene. Nusiawo katã nɔ eɖem fia be menye ɖekoe woatsɔ Yesu Kristo asa vɔe ko o, ke atsɔ nuvɔ̃wo hã ayii.

Se siwo ku ɖe lã ɖuɖu kple nya bubuwo ŋu naa míesea egɔme be ehiã be míanɔ kɔkɔe ne míele ta dem agu na Yehowa. Eyata esɔ be wobia tso nunɔlawo si be woanɔ kɔkɔe. Ƒe sia ƒe ƒe ŋkeke nyui etɔ̃awo nye dzidzɔkpɔkpɔ kple akpedada na Wɔlaa ƒe ɣeyiɣiwo. Yehowa de se na eƒe amewo hã ku ɖe vlododo eƒe ŋkɔ kɔkɔea, Sabatwo kple Aseyetsoƒe la, kpakple nuwɔwɔ ɖe ame dahewo kple kluviwo ŋu, ŋuti. Wogblɔ yayra siwo ado tso toɖoɖo Mawu me kple fiƒode siwo ava wo dzi ne wogbe toɖoɖo eyama. Sewo hã li ku ɖe adzɔgbeɖeɖe ƒe vɔsawo kple homewo, lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo, kple nu ewolia ɖesiaɖe nana abe ‘nu kɔkɔe ene na Yehowa’ ŋu.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

16:29, NW—Mɔ ka nue Israel-viwo ‘awɔ fu woƒe luʋɔwo’ le? Wowɔa nusia le Avuléŋkekea dzi tsɔ biaa woƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke. Edze ƒã be le ɣemaɣi la wotsia nu dɔna wònyea lɔlɔ̃ ɖe woƒe nuvɔ̃wo dzi ƒe dzesi. Eyata anɔ eme kokoko be nutsitsidɔ ŋue ‘fuwɔwɔ luʋɔ’ la ku ɖo.

19:27—Se si wode be ‘woagatso ako,’ alo afɔ ɖa dzi o alo ‘woagafɔ ge dzi o’ gɔme ɖe? Edze ƒã be wode se sia ale be Yudatɔwo nagafɔ woƒe ge alo ɖa dzi wòasɔ kple trɔ̃subɔlawo ƒe nuwɔna aɖewo o. (Yeremya 9:25, 26; 25:23; 49:32) Gake Mawu ƒe sededea mefia be mele be Yudatɔwo nafɔ woƒe ge dzi kura o.—Samuel II, 19:25.

25:35-37—Ðe wònye nu gbegblẽ ɣesiaɣi be Israel-viwo nabia demea? Ne asitsatsa tae wodo gaa na ame ɖo la, ekema amesi do ga na ame la ate ŋu axɔ deme ɖe gaa dzi. Gake Sea tsi tre ɖe deme xɔxɔ ɖe ga si wodo na ame le hiãtuame ta la dzi ŋu. Enye nu gbegblẽ be woatsɔ ame nɔvi ƒe hiãtuame adi viɖee.—Mose II, 22:24.

26:19—Aleke ‘dziƒo ate ŋu anɔ abe gayibɔ ene eye anyigba abe akɔbli ene’? Le tsimadzamadza ta la, dziŋgɔli ate ŋu ava dze abe nane si sesẽ kple nusi me do suesuesue aɖeke mele o abe gayibɔ ene le Kanaan-nyigba dzi. Tsidzadza manɔmee la, anyigba ƒe amadede ate ŋu ava nɔ abe akɔbli tɔ ene, ahanɔ abe ga sesẽwoe le keklẽm ene.

26:26—‘Nyɔnu ewo ƒe abolo ƒoƒo ɖe kpo ɖeka me’ gɔme ɖe? Le ɖoɖo nu la, nyɔnu ɖesiaɖe ahiã kpo ɖeka na abolo siwo katã wòle be wòame la. Gake nya siawo fia nuɖuɖu ƒe veve ale gbegbe be nyɔnu ewo ƒe abolo siwo katã woaƒo la ate ŋu anɔ kpo ɖeka ko me. Esiae nye kɔkɔenyenye si me womalé ɖe asi o me tsonuwo dometɔ ɖeka.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

20:9. Yehowa bua fuléle kple ŋutasesẽ ƒe nɔnɔme be enye nu gbegblẽ abe amewuwu ke ene. Eyata ede se be nusi woawɔ na amesi wu edzilawo ŋutɔŋutɔ kee woawɔ na amesi ƒo fi de edzilawo hã. Ðe mele be esia naʋã mí be míalɔ̃ haxɔsetɔwo oa?—Yohanes I, 3:14, 15.

22:32; 24:10-16, 23. Mele be woado vlo Yehowa ƒe ŋkɔ o. Ðe ema teƒe la, ele be míakafu eƒe ŋkɔ la eye míado gbe ɖa abia eŋuti kɔkɔ.—Psalmo 7:17; Mateo 6:9.

AKPA SI MOSE ƑE AGBALẼ ETƆ̃LIA WƆNA LE MÍAƑE TADEDEAGU ME

Yehowa Ðasefo siwo li egbea megale Sea te o. (Galatiatɔwo 3:23-25) Gake esi wònye nusi wogblɔ le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me na míenya Yehowa ƒe nukpɔsusu le nya vovovowo ŋu ta la, ate ŋu awɔ akpa aɖe le míaƒe tadedeagu me.

Ne èle kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xlẽm le dzadzraɖo na Teokrasi Subɔsubɔ Sukua la, nusi nàsrɔ̃ tso alesi mía Mawu di be ye subɔlawo nanɔ kɔkɔe ŋu la awɔ dɔ ɖe dziwò godoo. Biblia-gbalẽ sia ate ŋu aʋã wò hã be nàtsɔ nu nyuitɔ kekeake si le asiwò la ana Dziƒoʋĩtɔ la, ahalé kɔkɔenyenye me ɖe asi ɣesiaɣi wòanye kafukafu na eyama.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Vɔ siwo wosa le Sea te la fia asi Yesu Kristo kple eƒe vɔsa la

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Abolo Maʋamaʋã ƒe Ŋkekenyuia nye dzidzɔɣeyiɣi gã aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ƒe sia ƒe zãwo, abe Agbadɔmeŋkekenyuia ene, nyea akpedada na Yehowa ƒe ɣeyiɣiwo