Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame aɖe si Dzi Woaɖo Ŋkui

Ame aɖe si Dzi Woaɖo Ŋkui

Ame aɖe si Dzi Woaɖo Ŋkui

“Wodzi xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la, na mi egbe.”—Luka 2:11.

ƑE AKPE EVE kloe nye esi va yi la, Betlexem nyɔnu aɖe dzi ŋutsuvi aɖe. Nutoa me tɔ ʋɛ aɖewo koe kpɔ asixɔxɔ si le ɖevi sia dzidzi ŋu. Gake alẽkplɔla aɖewo siwo nɔ gbedzi le zã me kple woƒe lãwo la kpɔ mawudɔlawo ƒe ha gã aɖe eye wose wodzi ha be: “Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.”—Luka 2:8-14.

Emegbe alẽkplɔlawo di Maria kple srɔ̃a Yosef hekpɔ wo le lãkpɔ aɖe me, abe alesi tututu mawudɔlaawo gblɔe na wo ene. Maria tsɔ ŋkɔ na ɖevi la be Yesu, eye wòtsɔe mlɔ lãnuɖunu aɖe me le lãkpɔa me. (Luka 1:31; 2:12) Ƒe akpe eve va yi tso esime nu ma dzɔ, eye fifia ne woma ameƒomea me tɔwo katã ɖe akpa etɔ̃ la, akpa ɖeka agblɔ be Yesu Kristo yomedzelawoe yewonye. Eye wonɔ te ɖe nusiwo dzɔ le eƒe dziɣi dzi va to ŋutinya aɖe si ɖewohĩ eyae amewo gblɔna wu le xexeame la vɛ.

Spain nye dukɔ aɖe si me tɔ akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo eye wolɔ̃a blemazã geɖe ɖuɖu, eye mɔ geɖe li siwo dzi wotona ɖoa ŋku nusiwo dzɔ le zã tɔxɛ ma me le Betlexem la dzi le afima.

Alesi Woɖua Kristmas le Spain

Tso keke ƒe 1200-ƒeawo me ke la, Yesu dzidzi ŋuti nutatawo kple wɔwɔfiawo nye nusiwo bɔ le azã sia ɖuɖu me le Spain. Le ƒome geɖe me la, wowɔa lãnuɖunu si me wotsɔ Yesu mlɔe la ƒe nɔnɔmetata sue aɖe. Wotsɔa anyi wɔa alẽkplɔlawo kple nunyala etɔ̃ (alo “fia etɔ̃”), kpakple Yosef, Maria, kple Yesu ƒe nɔnɔme. Le Kristmas ɖuɣi la, wowɔa Yesu dzidzi ŋuti nutata siwo ƒe lolome le abe ame ŋutɔŋutɔ ene hedanɛ ɖe afisi te ɖe dukɔa ƒe takpexɔwo ŋu. Edze abe Francis of Assisi ye to nuwɔna sia vɛ le Italy be wòahe amewo ƒe susu ayi Nyanyuiawo me nuŋlɔɖi si ku ɖe Yesu ƒe dzidzi ŋu dzi ene. Emegbe Francis-ha ƒe saɖagaxɔmenɔlawo na wòkaka ɖe Spain kple dukɔ bubu geɖe me.

Nunyala Etɔ̃awo ƒe nɔnɔmetata nye nu vevi aɖe ŋutɔ le Spaintɔwo ƒe Kristmas-zã ɖuɖu me, abe alesi ko Santa Claus, (Father Christmas alo Papa Noël) le le dukɔ bubuwo me ene. Wogblɔna be Nunyala Etɔ̃awo naa nunanawo ɖeviwo le Spain le January 6 lia, si nye Día de Reyes (Fiawo ƒe Ŋkeke) dzi, abe alesi ko ame geɖe xɔe se be wotsɔ nunanawo vɛ na Yesu vidzĩ la ene. Gake ame ʋɛ aɖewoe koe nya be Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiawo megblɔ nunyala neni si va kpɔ Yesu ɖa o. Menye fiawoe wonye hã o, ke boŋ woyɔ wo nyuie wòsɔ be ɣletivimefakalawo. * Gawu la, esi Nunyala Etɔ̃awo va hedzo megbe la, Herodes wu ŋutsuvi siwo katã le Yerusalem siwo “xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o” le esi wòdi be yeawu Yesu ta. Esia fia be menye esi wodzi Yesu teti koe wova kpɔe ɖa o.—Mateo 2:11, 16.

Tso ƒe 1100-ƒeawo me ke la, wowɔa Yesu dzidzi ŋuti nukpɔkpɔwo le Spain ƒe du aɖewo me, eye nusiwo wowɔna dometɔ aɖewoe nye alẽkplɔlawo ƒe sasrãkpɔ le Betlexem kple emegbe Nunyala Etɔ̃awo ƒe vava. Le egbeŋkekeawo me le Spain du akpa gãtɔ me la, wowɔa gbɔlɔlɔ aɖe si woyɔna be cabalgata le January 5 lia ɖesiaɖe dzi, si me wokɔa “fia etɔ̃awo” ɖe ʋu aɖe si woɖo atsyɔ̃ kpeɖii na me toa dua me, eye wonɔa kpetike mam na nukpɔlawo. Alesi woɖoa atsyɔ̃ na nuwoe le Kristmas dzi kple villancicos (Kristmas hawo) na dzi dzɔa ame geɖe ɖe azãa ɖuɖu ŋu.

Spaintɔwo ƒe ƒome akpa gãtɔ lɔ̃a fiẽnu tɔxɛ aɖe ɖuɖu le Kristmas Dzodragbe (December 24). Nusiwo woɖuna ŋkeke ma dometɔ aɖewoe nye turrón (si nye nu vivi aɖe si wotsɔa yevuzi kple anyitsi wɔnae), marzipan (si nye nuɖuɖu aɖe si wotsɔa yevuzi tutu kple koklozi ƒe ɣi teƒe wɔnae), atikutsetse ƒuƒuwo, alẽ memee, kple tɔmelãwo. Ƒomea me tɔ siwo le didiƒe kura gɔ̃ hã adze agbagba agbɔ ava wɔ ɖeka aɖu nusia. Ƒomea gaɖua nu bubu le January 6 lia dzi, si nye roscón de reyes, si nye “Fiawo” ƒe akpɔnɔ nogoe si me woɣlaa sorpresa (ame ƒe nɔnɔmetata sue aɖe) ɖo. Kɔnu sia tɔgbe si wowɔna le Romatɔwo ƒe ɣeyiɣia me la wɔnɛ be ne kluvi aɖe ƒe akpɔnɔ mee woɣla nɔnɔmetataa ɖo la, ekema anye “fia” le ŋkeke ma dzi.

‘Ɣeyiɣi si me Wokpɔa Dzidzɔ Wu Hewɔa Dɔ Wu le Ƒea Me’

Eɖanye nukawoe wowɔna le afisi nèle o, Kristmas va zu azã vevitɔ kekeake le xexeame egbea. The World Book Encyclopedia gblɔ tso Kristmas ŋu be eyae nye “ɣeyiɣi si me Kristotɔ miliɔn geɖe kple amesiwo menye Kristotɔ o dometɔ aɖewo kpɔa dzidzɔ wu hewɔa dɔ wu le xexeame.” Nuwɔna nyuie ye nu ma nyea?

Eme kɔ ƒã be Kristo ƒe dzidzi nye ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖe. Mawudɔlawo ƒe gbɔgblɔ be eƒe dzidzi ana ‘ŋutifafa nava na amesiwo si nɔnɔme nyui le’ la ɖo kpe edzi be asixɔxɔ gã aɖe le eŋu.

Ke hã, Spaintɔ nyadzɔdzɔŋlɔla Juan Arias de dzesii be: “Le Kristotɔnyenye ƒe ɣeyiɣi gbãtɔwo me la, Yesu dzidzi ŋuti nudzɔdzɔwo menye azã woɖuna o.” Ne aleae nyaa le ɖe, ekema afikae Kristmas ƒe azãɖuɖuwo dzɔ tso? Mɔ nyuitɔ kekeake ka dzie woato aɖo ŋku Yesu ƒe dzidzi kple eƒe agbenɔnɔ dzi? Àkpɔ nyabiabia siawo ƒe ŋuɖoɖo le nyati si kplɔ esia ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 La Sagrada Escritura—Texto y comentario por profesores de la Compañía de Jesús (Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo Kple Wo Ŋuti Numeɖeɖe si Yesu ƒe Habɔbɔa me Nufialagãwo Ta) ɖe nu me be “le Persiatɔwo, Mediatɔwo, kple Kaldeatɔwo gbɔ la, Nunyala Etɔ̃awo nye nunɔlawo ƒe ha aɖe si doa vivime nuwɔnawo, ɣletivimefakaka kple atikewɔwɔ ɖe ŋgɔ.” Gake kaka Titinaɣeyiɣiwo naɖo la, wova bua Nunyala siwo va kpɔ Yesu ɖa la be wonye ame kɔkɔewo heva yɔa wo be Melchior, Gaspar kple Balthasar. Wogblɔna be wodzra woƒe ƒuwo ɖo ɖe Cologne ƒe sɔlemexɔgã me le Germany.