Ebla Blema Dugã Si Ƒe Ŋutinya Gafɔ Ðe Te
Ebla—Blema Dugã Si Ƒe Ŋutinya Gafɔ Ðe Te
Le ƒe 1962 ƒe dzomeŋɔli la, Paolo Matthiae, si nye ɖekakpui Italytɔ, blemaduwo nɔƒe ŋuti numekula, yi ɖatsa ŋku le tagba si le Siria ƒe dzieheɣetoɖoƒe la dzi. Mɔkpɔkpɔ meli be woakpɔ blemamewo ŋuti naneke le Siria-dua me o. Ke hã, esime wodze du si nye Tell Mardikh, si le Aleppo ƒe anyiehe eye wòdidi kilometa 60 aɖewo tso Aleppo gbɔ, la kuku le ƒe eve megbe la, wova ke ɖe nusi ame geɖe abu be enye ‘nu vevitɔ si blemaduwo nɔƒe ŋuti numekulawo fɔ le ƒe alafa 20 lia me’ ŋu.
BLEMANUŊLƆÐIWO ɖo kpe edzi be dugã aɖe nɔ anyi kpɔ si ŋkɔe nye Ebla. Ke hã, ame aɖeke menya dugã gbogbo siwo gbã, kaka ɖe Dziehe Afrika vaseɖe Anyieheɣetoɖoƒe Asia nutowo me, la dometɔ si tututue tɔ ŋkɔ sia o. Nuŋlɔɖiawo dometɔ ɖeka gblɔ be Akkad-fia Sargon ɖu “Mari, Yarmuti, kple Ebla” dzi. Le nuŋlɔɖi bubu me la, Sumer-fia Gudea ƒo nu tso ati xɔasi siwo wòxɔ tso “Ibla [Ebla] ƒe towo dzi” la ŋu. Ebla ŋkɔ dze le blemadu, siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe Egipte ƒe ŋutinyawo me, le Karnak, be Farao Thutmose III ɖu wo dzi hã me. Esiawo tae blemaduwo nɔƒe ŋuti numekulawo dze agbagba vevie be yewoake ɖe Ebla ŋu ɖo.
Ke hã, esi woyi du sia teƒe kuku dzi la, woke ɖe nu nyui aɖewo ŋu. Le ƒe 1968 me la, wova ke ɖe Ebla-fia Ibbit-Lim ƒe kpememe ƒe akpa aɖe ŋu. Woŋlɔ atamkanya aɖe ɖe edzi ɖe Akkadgbe me si fia be wotsɔe ke mawunɔ Ishtar, si “ɖe eɖokui fia le Ebla.” Ẽ, nusiwo blemadudowo teƒe kulawo fɔ la to “gbegbɔgblɔ yeye aɖe, ŋutinya yeye aɖe, kple dekɔnu yeye aɖe” vɛ.
Nusiwo ɖo kpe edzi be Tell Mardikh la kee nye blema Ebla lae nye anyikpe siwo wova fɔ le ƒe 1974/75 me, siwo dzi woŋlɔ blema ŋkɔ, si nye Ebla, ɖo. Nusiwo wofɔ hã ɖee fia be zi evee wotso dugã sia. Le etsotso zi gbãtɔ megbe la, wova tsrɔ̃e. Emegbe wogatsoe ake, gake wogava tsrɔ̃e ake eye wòbu gbidii ƒe alafa geɖewo enye sia.
Dugã si ƒe Ŋutinyawo Sɔgbɔ
Anyigba wɔnuwo, abe esi le Tigris kple Frat tɔsisiawo dome ene, afisi wote ŋu dea agble le koŋ la, dzie wotso blemadugã akpa gãtɔ ɖo. Mesopotamia ye wotso dugã gbãtɔ siwo ŋkɔ woyɔ ɖe Biblia me la ɖo. (Mose I, 10:10) Esi wònye be akalokpewo bɔ ɖe anyigba si dzi wotso Ebla dugã ɖo ta la, eŋkɔ gɔmee anya nye “Agakpe Ɣi.” Ðewohĩ esi wònye be afisi akalokpewo le la ɖenɛ fiana be woakpɔ tsi le anyigba me tae wotso dugã sia, si gbɔ didi tso tɔsisi gãwo gbɔ la, ɖe afima ɖo.
Tsi si medzana edziedzi le Ebla nutoawo me o la wɔe be womete ŋu dea nukuwo, weinka, kple amitiwo, ƒe agblewo fũ o. Nutoa me sɔ nyuie na lãnyinyi hã, na alẽwo koŋ nyinyi. Teƒe deamedzi si Ebla nɔ—le Mesopotamia ƒe Tagba kple Mediterranea-ƒua ta dome—la wɔe be atiwo, kpe xɔasiwo, kple gawo, ƒe asi ɖina le afima ŋutɔ. Dugã la keke ta xɔ nuto siwo me ame 200,000 aɖewo nɔ, eye ameawo dometɔ ewo kloe le alafa ɖesiaɖe me le fiadua me.
Fiasã gã aɖe ƒe glikpowo ɖe alesi gbegbe Eblatɔwo ʋu ŋkui fia. Agbo aɖe si kɔkɔ meta 12 va ɖo 15 la nue wotona gena ɖe fiasãa me. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wonɔ fiasãa kekem ɖe enu bene dumegã geɖewo nate ŋu ava nɔ afima akplɔ dua nyuie. Dziɖuɖu sesẽ aɖe—si nye fia kple fianyɔnu siwo ŋu “aƒetɔwo” kple “ame tsitsiwo” le—ƒe kpɔkplɔ tee dumegãwo wɔ dɔ le.
Wofɔ anyikpe kple anyikpe gbagbɛ siwo wu 17,000 le blemadudo sia kuku me. Anyikpe blibo 4,000 kple edzivɔwoe nɔ anyi tsã, eye woɖo wo ɖe nu dzi nyuie le fiasãa ƒe blemanuwo dzraɖoƒe. Nuŋlɔɖi siawo ƒo nu tso dukɔ gbogbo siwo katã va tsa asi kple Ebla la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔ farao eve aɖewo ƒe dziɖuɖudzesiwo le wo dome, siwo ɖee fia be dugã la tsa asi kple Egipte kpɔ. Sumergbe koŋue dze le anyikpeawo dometɔ akpa gãtɔ dzi. Gake Eblagbe, si nye blema Sem-viwo ƒe gbe, si gɔme woate ŋu ase, hã nɔ ɖewo dzi. Ewɔ nuku na ɣedzeƒenutowo me tɔwo ŋuti nusrɔ̃lawo be yewoke ɖe blema Semgbe xoxo sia ŋu. Ðewohĩ adzɔ dzi na wò be nàse be gbe eveawo siaa, Sumergbea kple Eblagbea, dze le anyikpeawo dometɔ aɖewo dzi. Agbalẽ si nye Ebla—Alle origini della civiltà urbana (Ebla—Eyae Ʋu Ŋku na Dugãwo) yɔ anyikpe siawo be “nyagɔmeɖegbalẽ xoxotɔ si míenya.”
Aʋawɔlawo hã anya nɔ Ebla si, elabena àkpɔ Ebla-srafo siwo lũ ɖe woƒe futɔwo dzi alo tsɔ ametawo gbɔe la ƒe nɔnɔmetata siwo wofɔ. Ke hã, Ebla ƒe atsyɔ̃a va bu esime eƒe ŋutinya tsaka kple Asiria kple Babilon ƒe xexemeŋusẽwo tɔ. Womegate ŋu doa afɔ na nudzɔdzɔ bubuwo pɛpɛpɛ ya o, gake edze abe Sargon I (menye Sargon si ƒe nya wogblɔ le Yesaya 20:1 la o) ye tso ɖe Ebla ŋu gbã ene, eye emegbe tɔgbuiayɔvi Naram-Sin hã va tso ɖe eŋu. Nusiwo wofɔ le toa me la ɖee fia be aʋa sesẽwoe wònye wowɔ, eye alesi wodze edzii la dziŋɔ ŋutɔ.
Gake abe alesi míegblɔe do ŋgɔe ene la, dugã la gatso ɖe eƒe afɔwo dzi ake eye eŋkɔ ɖi gɔ̃ hã le nutoa me. Wotso dua ɖe alesi woɖoe be wòanɔ la nu pɛpɛpɛ, si wɔe be wònya kpɔ ale gbegbe. Wokɔ
nuto aɖe ŋu le dugãa ƒe anyiehe gome na mawunɔ Ishtar, si Babilontɔwo hã buna be enye vidzidzi ƒe mawunɔ la. Ðewohĩ ànya se Ishtar ƒe Agbo xɔŋkɔ la, si ŋu woke ɖe le Babilon ƒe anyiglagowo me, ŋu nya kpɔ. Xɔ nyui aɖe si wokpɔ le Ebla la anya nye esi me wonyi dzata aɖewo, siwo wotsɔ ke mawunɔ Ishtar la, le. Esiae kplɔ mí va ɖo subɔsubɔ si ƒomevi nɔ Ebla la dzi.Subɔsubɔ si Ƒomevi Nɔ Ebla
Abe alesi ko wònɔ le blema Ɣedzeƒenutowo ƒe akpa bubuwoe ene la, wosubɔ mawu gbogbo aɖewo le Ebla. Wo dometɔ aɖewoe nye Baal, Hadad, (si nye ŋkɔ si dzena le Siria-fia aɖewo ƒe ŋkɔwo me), kple Dagan. (Fiawo I, 11:23; 15:18; Fiawo II, 17:16) Eblatɔwo subɔa wo katã. Wodea bubu dukɔ bubuwo ƒe mawuwo gɔ̃ hã ŋu. Nusiwo ŋu blemaduwo nɔƒe ŋuti numekulawo ke ɖo la ɖee fia be wosubɔ tɔgbui siwo nye fiawo hafi ku la hã le ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. me koŋ.
Eblatɔwo meɖoa ŋu ɖe woƒe mawuwo ŋu bliboe o. Wotɔ glikpɔ gã sesẽ eve ɖe Ebla, si wogbugbɔ tso yeye la ŋu, si doa ŋɔdzi na futɔwo. Tso glikpɔ gbãtɔ gbɔ yi evelia gbɔ anɔ kilometa etɔ̃. Gliawo teƒe li woagate ŋu akpɔ egbea.
Ke hã, Ebla si wogbugbɔ tso la nu yi. Anye be Xititɔ siwo nɔ anyi le ƒe 1600 D.M.Ŋ. me lae ɖu ŋusẽtɔ gã sia dzi. Wotua xo aɖe be Ebla “gbã ʋayaʋaya abe alesi ze gbãnae ene.” Eteƒe medidi o eŋu nya te bubu le ŋutinya me. Atitsogaʋawɔlawo ƒe Yerusalem dzi dzedze, le ƒe 1098 me, ŋuti nuŋlɔɖi aɖe mee woyɔ afisi Ebla nɔ kpɔ la le, eye woyɔe be dukɔa me saɖaganuto aɖe, si ŋkɔe nye Mardikh. Woŋlɔ Ebla be keŋkeŋ. Ƒe alafa geɖewoe va yi hafi wogake ɖe eŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Ebla Kple Biblia
Biblical Archeologist magazine me nyati aɖe si wota le ƒe 1976 me, nyɔ didi vevie aɖe ɖe Biblia ŋunyalawo me. Anyikpe siwo wofɔ le Ebla la dzi nuŋɔŋlɔwo gɔmeɖela gblɔ be, tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu la, amewo kple teƒe siwo wova yɔ emegbe le Biblia me la ƒe ŋkɔwo anɔ nuŋɔŋlɔ siwo le anyikpeawo dzi me. Agbalẽnyala numevivilawo ya gaɖe ami ɖe magazine la ƒe nyawo be Ebla he blemanu siwo ɖo kpe Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nyawo ƒe nyateƒenyenye dzi la ɖe go. * Yesutɔ Mitchell Dahood gblɔ be ‘anyikpe siwo wokpɔ le Ebla na Biblia me nya ɣaɣlawo me gakɔ ɖe edzi.’ Le kpɔɖeŋu me, exɔe se be woate ŋu ana woakpɔ “Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ ƒe kuxi si li tso gbaɖegbe ke la” gbɔ.
Fifia wole nuŋlɔɖi siawo me tom vevie ŋutɔ. Nyateƒe si wònye be Hebri kple Ebla gbeawo siaa nye Sem-viwo ƒe gbe la wɔe be mewɔ nuku o be du alo ame aɖewo ƒe ŋkɔwo ɖi wo nɔewo na amesiwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣi. Ke hã, esia mefia be du mawo alo ame mawo tututue wowɔnɛ o. Womenya afisi nusiwo wofɔ le Ebla la akpɔ ŋusẽ ɖe Biblia ŋuti nusɔsrɔ̃wo dzi ase ɖo o. Le Mawu ƒe ŋkɔ ya gome la, Biblical Archeologist me nyatia ŋlɔla gblɔ be ye ya yemegblɔ be “Yahweh” dze le Ebla ƒe anyikpeawo dzi nuŋɔŋlɔwo me o. Ame aɖewo ya susui be mawu gbogbo siwo Eblatɔwo subɔna dometɔ aɖe ƒe ŋkɔ koe anyikpeawo dzi nuŋɔŋlɔ si gɔme woɖe be ja la nye, eye agbalẽnyala bubuwo hã be woƒe gbea ŋuti se me dzesi aɖe koe wònye. Aleke kee woɖabui o, menye Yehowa, Mawu vavã la, ŋue wòku ɖo o.—Mose V, 4:35; Yesaya 45:5.
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 19 Ne èdi alesi blemaduwo nɔƒe kuku ɖo kpe Biblia me nuŋlɔɖiwo dzii me dzodzro la, kpɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s?, si Yehowa Ðasefowo ta la, ƒe ta 4 lia.
[Map/Picture on page 12]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
ƑU GÃ LA
KANAAN
SIRIA
Aleppo
Ebla (Tell Mardikh)
Frat-tɔsisi
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Tomenukula: Missione Archeologica Italiana a Ebla - Università degli Studi di Roma ‘La Sapienza’
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Fiasã gã la ƒe glikpowo
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Sikakɔgɛ aɖe si wowɔ le keke ƒe 1750 D.Ŋ.M. me ke
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Alesi nutalawo ta anyikpe siwo wodzra ɖo ɖe blemanuwo dzraɖoƒexɔ me lae
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Anyikpe aɖe
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Egiptetɔwo ƒe fiatikplɔ, ƒe 1750-1700 D.M.Ŋ.
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Ebla-srafo si tsɔ futɔwo ƒe tawo gbɔe
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Nuxeƒe aɖe si ŋu wokɔ na mawunɔ Ishtar
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Missione Archeologica Italiana a Ebla - Università degli Studi di Roma ‘La Sapienza’
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 13]
Fotoawo katã (fiasã ƒe glikpowo koe mele eme o): Missione Archeologica Italiana a Ebla - Università degli Studi di Roma ‘La Sapienza’