Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ɣekaɣie Kristotɔwo tiatia hena dziƒomɔkpɔkpɔa wu enu?

Biblia mena biabia sia ƒe ŋuɖoɖo tẽ o. Míenya be amisisi na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hena woƒe dziƒodomenyinyia dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. me. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Míenya hã be le apostoloawo ƒe ku megbe la, Kristotɔ amesiamina vavãwo, siwo nye “lu” la ‘va tsi aduadu kple’ aʋatso Kristotɔwo, siwo nye “gbe wuwluiawo.” (Mateo 13:24-30) Emegbe le ƒe 1800 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, edze ƒãa be Kristotɔ amesiaminawo gadze dɔ gɔme ake. Le ƒe 1919 me la, wodze “anyigba la ƒe nukuwo,” siwo ƒe akpa aɖee amesiaminawo ƒe ame mamlɛawo nuƒoƒoƒu nye la, ŋeŋe gɔme.—Nyaɖeɖefia 14:15, 16NW.

Tso ƒe 1800 ƒeawo ƒe nuwuwu va se ɖe ƒe 1931 me la, taɖodzinu si koŋ nɔ gbeƒãɖeɖedɔa ŋue nye Kristo ƒe ŋutilã la me tɔ mamlɛawo nuƒoƒoƒu. Le ƒe 1931 me la, Biblia Nusrɔ̃viwo tsɔ ŋkɔ si wotu ɖe Biblia dzi si nye Yehowa Ðasefowo, eye le November 15, 1933 ƒe Gbetakpɔxɔ me la, wosusui be ŋkɔ tɔxɛ siae nye “denario” si ŋu nya Yesu gblɔ le eƒe lododo si le Mateo 20:1-16. Wosusui be gaƒoƒo 12 si woyɔ le lododoa me la tsi tre ɖi na ƒe 12 siwo tso ƒe 1919 va ɖo ƒe 1931 me. Esia megbe la, woxɔe se hena ƒe geɖe be amewo yɔyɔ hena Dziƒofiaɖuƒea me yiyi wu enu le ƒe 1931 me, eye be Kristo ƒe hadomenyila siwo woyɔ le ƒe 1930 kple ƒe 1931 me la woe nye ame “mlɔetɔwo” siwo woyɔ. (Mateo 20:6-8) Gake le ƒe 1966 me la, wowɔ asitɔtrɔ le ale si wose lododo ma gɔmee ŋu, eye eme va kɔ keŋ be ƒomedodo aɖeke mele lododo ma kple amesiaminawo yɔyɔ ƒe nuwuwu dome o.

Le ƒe 1935 me la, wova se egɔme be “ameha gã” si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:9-15 la nye “alẽ bubuwo” me tɔwo, siwo nye Kristotɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, ame siwo nu woava ƒo ƒu le “ŋkeke mamlɛawo” me, eye be woawoe anye ƒuƒoƒo si atsi agbe le Harmagedon me. (Yohanes 10:16; Timoteo II, 3:1; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Tso ɣemaɣi dzi la, taɖodzinu si koŋ va nɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu la va nye ameha gã la nuƒoƒoƒu. Eya ta wova xɔe se, vevietɔ le ƒe 1966 megbe, be dziƒoyɔyɔa wu enu le ƒe 1935 me. Edze abe kpeɖodzi va nɔ esia ŋu ene, vevietɔ esime ame siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1935 megbe la katã kloe gblɔ be anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le yewo si. Le esia megbe la, wobua ame siwo wogayɔ hena dziƒomɔkpɔkpɔa la be wonye ame siwo wotia be woaxɔ ɖe Kristotɔ amesiamina mawɔnuteƒewo teƒe.

Ðikeke mele eme o be, ne amesiamina aɖe do le nyateƒea me hegbe dzimetɔtrɔ la, Yehowa tiaa ame bubu aɖe ɖoa eteƒe. (Romatɔwo 11:17-22) Gake amesiamina vavã, siwo meva wɔ nuteƒe o la ƒe xexlẽme masɔ gbɔ ale o. Gawu la, esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi ɖase na Kristotɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1935 megbe la dometɔ aɖewo be dziƒomɔkpɔkpɔe le wo si. (Romatɔwo 8:16, 17) Eya ta edze ƒãa be, míate ŋu atɔ asi ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi be eyae nye ɣeyiɣi si dzi Kristotɔwo yɔyɔ hena dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔa wu enu o.

Aleke wòle be woabu ame aɖe si va gblɔ le ɣeyiɣi siawo me be yenye amesiamina hete kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le Ŋkuɖodzia ɖuɣi? Mele be woadrɔ ʋɔnui o. Esia nye woa kple Yehowa dome nya. (Romatɔwo 14:12) Gake ame siwo nye Kristotɔ amesiamina vavãwo mebiana be woawɔ nu ɖe yewo ŋu etɔxɛe o. Womebunɛ be esi yewonye amesiaminawo ta la, “nugɔmesese” tɔxɛ le yewo si wu ameha gã la me tɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me la kura gɔ̃ hã o. Womebunɛ be yewoxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea geɖe wu yewoƒe zɔhɛ alẽ bubuawo kokoko o, eye nenema kee womebiana alo kpɔa mɔ be ame bubuwo nasubɔ yewo, alo be esi yewokpɔa gome le kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu me ta la, yewode ŋgɔ wu hamemetsitsi siwo woɖo le hamea me o. Woɖoa ŋku edzi ɖokuibɔbɔtɔe be, le ƒe alafa gbãtɔ me la, amesiamina aɖewo medze asubɔ abe hamemetsitsiwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo ene o. (Timoteo I, 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9; Yakobo 3:1) Kristotɔ amesiamina aɖewo kura gɔ̃ hã gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Eye togbɔ be nɔvinyɔnuwo nye amesiaminawo hã la, womefiaa nu le hamea me o.—Timoteo I, 2:11, 12.

Eya ta Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo dzea agbagba vevie be yewoali ke le gbɔgbɔ me, eye wotua gbɔgbɔ ƒe kutsetsea ɖo hewɔa nuwo hena hamea ƒe ŋutifafa dodo ɖe ŋgɔ. Kristotɔwo katã, woɖanye amesiaminawo alo alẽ bubuawo o, kua kutri vevie le gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa me le Dziɖuhaa ƒe mɔfiafia te. Kristotɔ amesiaminawo kpɔa ŋudzedze ɖe esia wɔwɔ ŋu zi ale si wònye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be woakpɔtɔ anɔ anyigba dzi abe Yehowa ƒe subɔlawo ene.