Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo​—Miaƒe Nuwɔnawo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mia Dzilawo Dzi Vevie

Sɔhɛwo​—Miaƒe Nuwɔnawo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mia Dzilawo Dzi Vevie

Sɔhɛwo​—Miaƒe Nuwɔnawo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mia Dzilawo Dzi Vevie

 

AMEGÃÐEÐI apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia be, mese bena, vinyewo zɔna le nyateƒe me o.” (Yohanes III, 4) Togbɔ be Kristotɔ nusrɔ̃lawoe Yohanes yɔ le mawunyakpukpui sia me be ye viwo hã la, dzila mawuvɔ̃lawo ate ŋu ase ale si wònɔ sesem le eɖokui me esime wògblɔ nya siawo la gɔme bɔbɔe. Abe ale si ko dzilawo ƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo ƒe agbenɔnɔ dzi vevie ene la, nenema kee ɖeviwo hã ƒe nuwɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wo dzilawo dzi.

Israel Fia Salomo nya ale si gbegbe ɖeviwo ƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzilawo dzii la nyuie. Eŋlɔ bena: “Ðevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada.” (Lododowo 10:1) Eya ta anyo be viwo katã—esiwo tsi gɔ̃ hã—nade ŋugble le ŋusẽ si woƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ɖe wo fofo kple wo dada dzi la ŋu. Nu ka tae esia sɔ ɖo?

Wò ya bu agbagba gbogbo siwo dziwòla mawuvɔ̃lawo dze le dziwò kpɔkpɔ beléletɔe me ŋu kpɔ! Wotsɔ ɖe le eme na wò hedoa gbe ɖa ɖe ta wò hã vevie hena ɣeyiɣi didi aɖe hafi wova dzi wò kura gɔ̃ hã. Esi wodzi wò vɔ megbe la, dziwòlawo kpɔ dzidzɔ le nuwɔwɔ kpli wò lɔlɔ̃tɔe me, eye anɔ eme be woda akpe na Mawu ɖe dzilanyenye ƒe mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi nyui si su wo si, si gbɔ wòle be woakpɔ kple ŋkubiã la ta. Ɣemaɣi la, ènye vidzĩ sue, si mate ŋu awɔ naneke le eɖokui si o, si wòle be woalé be na, eye esi dziwòlawo nye Yehowa subɔlawo ta la, wowɔ esia moveviɖoɖotɔe.

Esi dziwòlawo nye Kristotɔ vavãwo ta la, wodi mɔfiame siwo ŋu kakaɖedzi le la le Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo me, eye wobia aɖaŋuɖoɖo tso ame siwo nyi ɖeviwo kpɔ la hã gbɔ. Azɔ hã, woyi edzi nɔa woƒe didiwo gblɔm na Mawu le gbedodoɖa me. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8) Esime nènɔ tsitsim la, dziwòlawo va de dzesi wò nɔnɔme nyuiwo, ke hã, wonya wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã. (Hiob 1:5) Esi nèɖo ƒewuiwo me la, kuxi yeyewo va nɔ mo dom ɖa. Ɣeaɖewoɣi la, nèdzea aglã, si wɔe be dziwòlawo gado gbe ɖa geɖe wu, wogaxlẽ nu geɖe, eye wogade ŋugble vevie tso ale si woawɔ akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi asubɔ Fofowò si le dziƒo, Yehowa, la ŋu.

Dziwòlawo medzudzɔ beléle na wò lɔlɔ̃tɔe kpɔ gbeɖe o. Woƒe ɖetsɔtsɔ le wò lãmesẽmenɔnɔ, wo dedienɔnɔ le susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me gome kpɔtɔ nɔ to dem ɖe edzi esi nèva tsi hele ɖokuiwò si gɔ̃ hã. Gake le ɣeyiɣi mawo katã me la, dziwòlawo ɖoa ŋku edzi be tiatiawɔblɔɖe le asiwò, eye be kakaɖedzi blibo aɖeke meli be woanya ale si tututu nàva nɔ agbee emegbe o. Wò ŋutɔe ava tia ale si nèdi be yeanɔ agbee la mlɔeba.

Eya ta ne dzilawo kpɔa “dzidzɔ gã” ne wo viwo yi edzi ‘zɔna le nyateƒea me’ la, ɖe susu manɔ eme be míagblɔ be ate ɖe wo dzi ŋutɔ ne ɖeviawo mezɔna le nyateƒea me oa? Nyateƒee, ɖevi siwo wɔa bometsinu la doa nuxaxa na wo dzilawo. Salomo gblɔ be: “Vi tsibome enye dziku na fofoa kple nuxaxa na dada.” (Lododowo 17:25) Aleke gbegbe dzilawo xaa nui enye esi ne wo viwo trɔ megbe de Mawu vavã la subɔsubɔ!

Eya ta eme kɔ ƒãa be miaƒe agbenɔnɔ kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe miaƒe ƒomea kple ame bubuwo dzi. Miaƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe mia dzilawo dzi vevie ŋutɔ. Ne mietrɔ megbe de Mawu hegbe eƒe gɔmeɖosewo dziwɔwɔ la, ado nuxaxa na mia dzilawo. Gake le go bubu me la, ne mieyi edzi wɔa nuteƒe na Yehowa heɖoa toe la, ado dzidzɔ na wo. Eya ta miɖoe kplikpaa be miawɔ nu si ado dzidzɔ na mia dzilawo! Ðe nu nyui aɖe li miana ame siwo nyi mi, kpɔ mia ta, helé be na mi lɔlɔ̃tɔe la wu esia?