Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo—miti Taɖodzinu Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu Yome

Sɔhɛwo—miti Taɖodzinu Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu Yome

Sɔhɛwo—miti Taɖodzinu Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu Yome

“Na mawusosroɖa nanye taɖodzinu si nàtsɔ anɔ ɖokuiwò mlam.”—TIMOTEO I, 4:7, NW.

1, 2. (a) Nu ka tae Paulo kafu Timoteo ɖo? (b) Aleke sɔhɛwo ‘na mawusosroɖa nye taɖodzinu si wotsɔ le wo ɖokui mlamee’?

“A ME aɖeke mele asinye, si ƒe tamesusu sɔ kple etɔ, amesi alé be na mi le nyateƒe me la o; . . . abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim le nyanyuie la me.” (Filipitɔwo 2:20, 22) Kafukafunya dedziƒoname siawoe apostolo Paulo ŋlɔ ɖe eƒe lɛta si wòŋlɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Filipi la me. Ame kae wòwɔnɛ? Timoteo, si nye eƒe mɔzɔhatie wòwɔnɛ. Kpɔ ale si Paulo ƒe nya siawo si ɖo kpe eƒe lɔlɔ̃ na Timoteo kple ale si wòka ɖe eyama dzii dzi la anya de dzi ƒo nɛ ɖa!

2 Sɔhɛ siwo léa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu abe Timoteo ene la wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe amewo dome. (Psalmo 110:3) Egbea la, sɔhɛ geɖewo le Mawu ƒe habɔbɔa me siwo subɔna abe mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, lɔlɔ̃nu faa xɔtudɔwɔlawo, kple Betel dɔwɔla ene. Sɔhɛ siwo kpea asi ɖe hamea me dɔwo ŋu dzonɔamemetɔe le esime wogakpɔa agbanɔamedzi bubuwo gbɔ la hã dze na kafukafu ŋutɔ. Dzidzeme vavãtɔ si wokpɔna tsoa taɖodzinu siwo dea bubu mía Fofo si le dziƒo, Yehowa, ŋu yometiti me la sua sɔhɛ siawo tɔgbi si. Wona ‘mawusosroɖa nye taɖodzinu si wotsɔ le wo ɖokui mlam’ vavã!—Timoteo I, 4:7, 8.

3. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Abe sɔhɛ ene la, ɖe nèle gbɔgbɔmetaɖodzinu aɖewo koŋ minyama? Afi kae nàte ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname le be nàte ŋu awɔe nenema? Alekee nàwɔ ate ŋu anɔ te ɖe xexe sia si tiaa ŋutilãmenuwo yome ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu? Yayra kawoe nàte ŋu akpɔ mɔ na ne èti taɖodzinu siwo dea bubu Mawu ŋu la yome? Na míade ŋugble tso Timoteo ƒe agbenɔnɔ kple agbemedɔ si wòwɔ ŋu be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo.

Nu Siwo Míenya Tso Timoteo Ŋu

4. Ƒo nu tso Timoteo ƒe agbenɔnɔ abe Kristotɔ ene ŋu kpuie.

4 Roma Fiaɖuƒea ƒe nuto si nye Galatia ƒe du sue Listra mee Timoteo tsi ɖo. Anɔ eme be eƒe ƒewuiwo mee wòsrɔ̃ nu tso Kristotɔnyenye ŋu esime Paulo ɖe gbeƒã le Listra le ƒe 47 M.Ŋ. me lɔƒo. Eteƒe medidi o, nɔvi Kristotɔ siwo nɔ afi ma la va ƒo nu nyui tso Timoteo ŋu. Esi Paulo trɔ yi Listra le ƒe eve megbe eye wòse Timoteo ƒe ŋgɔyiyi ŋuti nyawo la, etiae be wòava subɔ kpli ye le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. (Dɔwɔwɔwo 14:5-20; 16:1-3) Esi Timoteo va bi le subɔsubɔdɔa me nyuie la, wotsɔ agbanɔamedzi siwo lolo wu, siwo me dɔ sesẽ si nye ŋusẽdodo nɔviawo hã le la gɔ̃ hã de esi. Esime Paulo nɔ gaxɔ me le Roma le ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo eye wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Timoteo la, Timoteo nɔ subɔsubɔm abe Kristotɔ hamemetsitsi ene le Efeso.

5. Le Timoteo II, 3:14, 15 ƒe nya nu la, nu eve kawoe kpe ɖe Timoteo ŋu wòtso nya me be yeati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome?

5 Edze ƒãa be Timoteo tiae be yeati gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome. Gake nu kae ʋãe wòwɔ tiatia ma? Paulo yɔ nu vevi eve le eƒe lɛta evelia si wòŋlɔ na Timoteo la me, siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa. Eŋlɔ bena: “Nɔ nusiwo nèsrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me; elabena ènya amesiwo gbɔ nèsrɔ̃e le, eye esi [wònye] tso ɖevime ke nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo [ta].” (Timoteo II, 3:14, 15) Gbã la, na míakpɔ akpa si Kristotɔ bubuwo wɔ le Timoteo ƒe tiatia sia wɔwɔ me la ɖa.

Viɖekpɔkpɔ Tso Ŋusẽkpɔɖeamedzi Nyuiwo Me

6. Hehe kae Timoteo xɔ, eye alekee wòwɔ nu ɖe hehe sia si wonɛ ŋu?

6 Timoteo dzilawo menɔ subɔsubɔha ɖeka me o. Helatɔe fofoa nye, eye dadaa Eunike kple mamaa Loide ya nye Yudatɔwo. (Dɔwɔwɔwo 16:1) Eunike kple Loide wofia nyateƒe siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la Timoteo tso eƒe ɖevime ke. Ðikeke mele eme o be esi wova zu Kristotɔwo la, wokpe ɖe Timoteo ŋu eya hã xɔ Kristotɔwo ƒe nufiafiawo dzi se. Edze ƒãa be Timoteo na be hehe nyui sia ɖe vi nɛ bliboe. Eya ta Paulo gblɔ be: “Meɖo ŋku xɔse alakpa manɔmee, si le mewò, si nɔ mamawò Loide kple dawò Eunike me gbã la dzi, eye menyae pete be, ele wò hã mewò.”—Timoteo II, 1:5.

7. Nu kae nye yayra na sɔhɛ geɖewo, eye alekee woate ŋu ana esia naɖe vi na wo?

7 Egbea hã la, enye yayra na sɔhɛ geɖewo be dzilawo, kpakple tɔgbui kple mama mawuvɔ̃la siwo kpɔ vevienyenye si le gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖoɖo me dze sii, abe Loide kple Eunike ene la, le wo si. Le kpɔɖeŋu me, Samira gaɖoa ŋku dze gbogbo siwo woa kple edzilawo ɖona le eƒe sɔhɛmenɔɣi la dzi kokoko. Egblɔ be: “Dada kple Papa fiam ale si mawɔ be Yehowa ƒe nukpɔsusu le nuwo ŋu nanɔ asinye, kple ale si mana gbeƒãɖeɖedɔa nanye nye dɔ vevitɔ kekeake. Wodea dzi ƒo nam ɣesiaɣi be maminya ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa.” Samira wɔ ɖe edzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖoawo dzi, eye fifia la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su esi wòle subɔsubɔm abe Betel ƒomea me tɔ ɖeka ene le woƒe dukɔa me. Eya ta ne dziwòlawo dea dzi ƒo na wò be nàminya gbɔgbɔmetaɖodzinuwo la, anyo be nàbu woƒe aɖaŋuɖoɖoa dziwɔwɔ ŋu vevie. Wotsɔ ɖe le wò nyonyo me vevie ŋutɔ.—Lododowo 1:5.

8. Aleke ha tuameɖowo dede le Kristotɔwo dome kpe ɖe Timoteo ŋui?

8 Ele vevie hã be nàdi ame siwo nàde ha tuameɖowo kpli la le nɔvi Kristotɔwo dome. Kristotɔ hamemetsitsi siwo nɔ hame si me Timoteo nɔ me, kple esiwo nɔ Ikonio, si didi tso wo gbɔ abe kilometa 30 ene la, nya Timoteo nyuie. (Dɔwɔwɔwo 16:1, 2) Eva zu Paulo, si subɔna dzonɔamemetɔe la, ƒe xɔlɔ̃ kplikplikpli. (Filipitɔwo 3:14) Agbalẽ siwo Paulo ŋlɔ la ɖee fia be Timoteo lɔ̃na faa xɔa aɖaŋuɖoɖo, eye be, enɔa klalo ɣesiaɣi hena haxɔsetɔwo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo sɔsrɔ̃. (Korintotɔwo I, 4:17; Timoteo I, 4:6, 12-16) Paulo ŋlɔ tso eŋuti bena: ‘Èdze nye nufiafia, nye agbenɔnɔ, nye tameɖoɖo, nye xɔse, nye dzigbɔgbɔ blewu, nye lɔlɔ̃, nye dzidodo yome.’ (Timoteo II, 3:10) Nyateƒee, Timoteo srɔ̃ Paulo ƒe kpɔɖeŋua pɛpɛpɛ. Nenema kee ne wò hã èdea ha kple hamea me tɔ siwo bi le gbɔgbɔ me la, woakpe ɖe ŋuwò be nàminya gbɔgbɔmetaɖodzinu ɖɔʋuwo.—Timoteo II, 2:20-22.

Srɔ̃ “Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo”

9. Tsɔ kpe ɖe ha tuameɖowo dede ŋu la, nu kae wòle be nàwɔ be ‘mawusosroɖa nanye taɖodzinu si nàtsɔ anɔ ɖokuiwò mlam’?

9 Ha tuameɖowo dede koe nana ame ɖoa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔa? Ao. Abe Timoteo ene la, ehiã be nàsrɔ̃ “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” nyuie. Ðewohĩ nusɔsrɔ̃ mevivia nuwò tututu o, gake ɖo ŋku edzi be enɔ na Timoteo be wòana ‘mawusosroɖa nanye taɖodzinu si wòatsɔ anɔ eɖokui mlam.’ Kamedefefewɔlawo mlaa wo ɖokui ɣleti geɖe bene woate ŋu aɖo woƒe taɖodzinua gbɔ. Nenema kee wòhiã be ame natsɔ nanewo asa vɔe ahaku kutri vevie hafi aɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ. (Timoteo I, 4:7, 8, 10) Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Alekee Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋunye maɖo nye taɖodzinuwo gbɔ?’ Na míalé ŋku ɖe mɔnu etɔ̃ aɖewo ŋu kpɔ.

10, 11. Nu ka tae Ŋɔŋlɔawo ate ŋu aʋã wò be nàɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

10 Gbã la, Ŋɔŋlɔawo ana ameʋãŋusẽ nyuitɔ wò. Wonana míenyaa mía Fofo si le dziƒo ƒe nɔnɔme wɔnukuwo, wonana míenyaa nu tso eƒe lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si wòɖe fia ɖe mía ta hekpe ɖe yayra mavɔ siwo ƒe ŋugbe wòdo na esubɔla wɔnuteƒewo ŋu la ŋu. (Amos 3:7; Yohanes 3:16; Romatɔwo 15:4) Zi ale si wò sidzedze Yehowa le to dem ɖe edzi la, zi nenemae wò lɔlɔ̃ na eyama kple wòdidi be yeatsɔ yeƒe agbe aɖe adzɔgbe nɛ nu anɔ sesẽm ɖe edzii.

11 Kristotɔ sɔhɛ geɖewo gblɔ be ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ edziedzie nye nu vevi si kpe ɖe yewo ŋu yewowɔ nyateƒea yewotɔe. Le kpɔɖeŋu me, wonyi Adele le Kristotɔwo ƒe aƒe me, evɔ meɖo gbɔgbɔmetaɖodzinu aɖeke na eɖokui kpɔ o. Egblɔ be: “Dzinyelawo kplɔam yia Fiaɖuƒe Akpataa me, gake nyemewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ o, eye nyemeɖoa to le kpekpeawo me kura gɔ̃ hã o.” Gake esi nɔvianyɔnu tsitsitɔ xɔ nyɔnyrɔ vɔ megbe la, eya hã va te fɔléle ɖe nyateƒea ŋu geɖe wu. Egblɔ be: “Mete Biblia xexlẽ kple taɖodzinu be maxlẽ Biblia bliboa katã ahawu enu. Ne mexlẽ ʋɛ aɖe la, mewɔa nuŋlɔɖi le nu si mexlẽ la ŋu. Nuŋlɔɖi siawo kpɔtɔ le asinye va se ɖe egbea. Mexlẽ Biblia bliboa le ƒe ɖeka me.” Esia ʋã Adele wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Togbɔ be nuwɔametɔe wònye hã la, ele subɔsubɔm abe mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela ene fifia.

12, 13. (a) Tɔtrɔ kawoe Biblia sɔsrɔ̃ akpe ɖe sɔhɛ ŋu wòawɔ, eye aleke wòakpe ɖe eŋu wòawɔ tɔtrɔ mawo? (b) Gblɔ nunya vavãtɔ siwo le Mawu ƒe Nyaa me la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

12 Evelia, Biblia akpe ɖe ŋuwò nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã le wò agbenɔnɔ me. Paulo gblɔ na Timoteo be “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” ‘nyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (Timoteo II, 3:16, 17) Ne èdea ŋugble tsoa nu siwo ku ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu ŋuti hetsɔa Biblia me gɔmeɖosewo wɔa dɔe la, awɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔa nana wò agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi. Aƒã nɔnɔme nyuiwo, abe ɖokuibɔbɔ, kutrikuku, veviedodonu, kple lɔlɔ̃ vavãtɔ tutu ɖo na hati Kristotɔwo ene, ɖe mewò. (Timoteo I, 4:15) Nɔnɔme nyui siawo nɔ Timoteo si, eye wona wònye ame vevi aɖe na Paulo kple hame siwo Timoteo subɔ la.—Filipitɔwo 2:20-22.

13 Etɔ̃lia, nunya vavãtɔ sɔ gbɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me fũu. (Psalmo 1:1-3; 19:8; Timoteo II, 2:7; 3:15) Akpe ɖe ŋuwò nàtia ame siwo nàde ha kplii la le nunya me, atia modzakaɖeɖe ɖɔʋuwo ahakpe akɔ kple kuxiwo dzidzedzetɔe. (Mose I, 34:1, 2; Psalmo 119:37; Korintotɔwo I, 7:36) Nyametsotso nyuiwo wɔwɔ fifia le vevie hena gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔɖoɖo.

‘Ʋli Ʋiʋli Nyui La’

14. Nu ka tae gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yometiti mele bɔbɔe kura o?

14 Togbɔ be taɖodzinu siwo dea bubu Yehowa ŋu ɖoɖo nɔƒe gbãtɔe nye nu si me nunya le wu hã la, egbɔɖoɖo ya menɔa bɔbɔe kura o. Le kpɔɖeŋu me, ne ehiã be nàtia agbemedɔ si nàwɔ la, ate ŋu adzɔ be àdo go nyaƒoɖeamenu sesẽwo tso ƒometɔwo, hawòtiwo, kple nufiala siwo susui be yewo le kpekpeɖeŋu nam wò hexɔe se be suku kɔkɔ dede kple dɔ gã wɔwɔe nana wokpɔa dzidzɔ kple dzidzedze le agbe me la gbɔ. (Romatɔwo 12:2) Abe ale si Timoteo wɔe ene la, ahiã be ‘nàʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la’ bene ‘wò asi nasu agbe mavɔ’ si ŋugbe Yehowa do na wò la dzi.—Timoteo I, 6:12; Timoteo II, 3:12.

15. Tsitretsiɖeŋu kae Timoteo anya do goe?

15 Ne wò ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o meda asi ɖe wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yometiti dzi o la, nyaƒoɖeamenua gadoa gã ɖe edzi wu. Anɔ eme godoo be Timoteo hã do go tsitretsiɖeŋu mawo tɔgbi. Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, anɔ eme be “agbalẽnyala gã kple kesinɔtɔwoe” Timoteo ƒe ƒomea me tɔwo nye. Ðewohĩ Timoteo fofo kpɔ mɔ be wòade suku kɔkɔ bene wòate ŋu ava lé ƒomea ƒe gadimɔnuawo ɖe te. * Bu ale si Timoteo fofo awɔ nui esi wòva nya be Timoteo tiae be yeakplɔ Paulo ɖo yewoawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si me afɔku kple ganyawo ƒe fuɖename ate ŋu anɔ la ŋu kpɔ!

16. Alekee sɔhɛ aɖe wɔ nɔ te ɖe edzila ƒe tsitretsiɖeŋu nu?

16 Sɔhɛ Kristotɔwo hã doa go nyaƒoɖeamenu mawo tɔgbi egbea. Matthew, si le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe la gblɔ be: “Esime mete mɔɖeɖedɔa wɔwɔ la, ete ɖe fofonye dzi vevie ŋutɔ. Ese le eɖokui me be ‘megblẽ’ hehe si mexɔ le suku la dome esi metiae be manye dɔwɔƒewo alo aƒewo me dzraɖola atsɔ akpɔ ɖokuinye dzi le subɔsubɔdɔa me. Egblɔa gbɔɖiamenyawo ɖe ŋunye hehea nye susu yia ga gbogbo si gbegbe mate ŋu akpɔ ne metiae be mawɔ dɔ gbagbe aɖe la dzi ɣesiaɣi.” Alekee Matthew wɔ nɔ te ɖe tsitretsiɖeŋu ma nu? Egblɔ be: “Meɖoe kplikpaa xlẽa Biblia edziedzi hedoa gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe, vevietɔ le ɣeyiɣi siwo me mate ŋu ado kpo ɖokuinye dziɖuɖu bɔbɔe.” Yayrawo do tso Matthew ƒe tenɔnɔ sesĩe alea me. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, woa kple fofoa dome ƒomedodoa gava ɖɔ ɖo. Matthew kple Yehowa dome ƒomedodoa hã gava le kplikplikpli wu. Matthew gblɔ be: “Mekpɔe be Yehowa kpɔ nye nuhiahiãwo gbɔ nam, ede dzi ƒo nam hekpɔ tanye be nyemewɔ nyametsotso gbegblẽwo o. Ne ɖee nyememinya gbɔgbɔmetaɖodzinuwo o la, nu siawo dometɔ aɖeke mate ŋu asu asinye o.”

Wò Susu Nenɔ Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Ŋu

17. Alekee ame aɖewo ate ŋu aɖe dzi le ame siwo di be yewoawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa la ƒo le manyamanya me? (Mateo 16:22)

17 Dziɖeɖe le ame ƒo be wòagaminya gbɔgbɔmetaɖodzinuwo o, si medzena nyui o lae nye esi ate ŋu atso haxɔsetɔwo gɔ̃ hã gbɔ. Ðewohĩ ame aɖewo abia wò be, ‘Ðe wòhiã kokoko be nàwɔ mɔɖeɖedɔa? Àte ŋu anɔ agbe abe ame sia ame ko ene ahanɔ gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa mee. Di dɔ nyui aɖe nàwɔ bene ganyawo nagaɖe fu na wò o.’ Esiawo ate ŋu adze aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe ya, gake ɖe nya siawo dziwɔwɔ afia be mawusosroɖa nye taɖodzinu si nètsɔ le ɖokuiwò mlam ŋutɔŋutɔa?

18, 19. (a) Alekee nàte ŋu awɔ be wò susu nanɔ wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu? (b) Abe sɔhɛ ene la, nu kawoe nètsɔ le vɔ sam le Fiaɖuƒea ta?

18 Nukpɔsusu mawo tɔgbi anya nɔ Kristotɔ siwo nɔ anyi le Timoteo ŋɔli la dometɔ aɖewo si. (Timoteo I, 6:17) Be Paulo nakpe ɖe Timoteo ŋu eƒe susu nakpɔtɔ anɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu la, ede dzi ƒo nɛ be: “Ame aɖeke menɔa aʋa wɔm tso gatsɔa eɖokui dea nuɖuɖudɔwɔwɔwo me o, bene wòadze amesi tsɔ aʋae la ŋu.” (Timoteo II, 2:4) Asrafo si le aʋagbe dzi la mate ŋu aɖe mɔ taɖodzinu siwo yome ame gbɔlowo tina nahe eƒe susu o. Eya ŋutɔ kple ame bubuwo ƒe agbe nɔ te ɖe ale si wòanɔ klalo awɔ ɖe eƒe aʋamegã ƒe gbe dzi la dzi. Abe asrafo si le Kristo ƒe kpɔkplɔ te ene la, ele be wò susu nanɔ nu ɖeka kolia ŋu nenema ke, eye nàƒo asa na ŋutilãmenuwo yometiti fũu akpa, si ate ŋu axe mɔ na wò be màwu agbeɖeɖedɔ si wode asi na wò la nu bliboe o.— Mateo 6:24; Timoteo I, 4:16; Timoteo II, 4:2, 5.

19 Le esi nàdi be nu nadze edzi na ye le xexea me teƒe la, tu ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ɖo boŋ. “Azɔ wò la, do dzi le fukpekpe me abe Yesu Kristo ƒe aʋawɔla nyui ene.” (Timoteo II, 2:3) Esime Timoteo nɔ Paulo ŋu la, esrɔ̃ ale si wòana nu siwo le esi nadze eŋu, le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. (Filipitɔwo 4:11, 12; Timoteo I, 6:6-8) Wò hã àte ŋu awɔe nenema. Ðe nàlɔ̃ faa atsɔ nanewo asa vɔe le Fiaɖuƒea ta?

Yayra Siwo Nàkpɔ Fifia Kple Le Etsɔme

20, 21. (a) Ƒo nu tso yayra siwo dona tsoa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yometiti me la dometɔ aɖewo ŋu. (b) Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Timoteo nɔ Paulo ŋu kplikplikpli hena ƒe 15 sɔŋ. Timoteo kpɔ hame yeyewo ɖoɖo teƒe esime nyanyuia keke ta ɖo Mediterranea ƒe dziehe nutowo katã kloe me. Esia na dzidzɔ kple dzidzeme yɔ eƒe agbe me fũu wu ale si nɔnɔmeawo anɔ nɛ ne ɖe wòtiae be yeanɔ “nudzedziname” ƒe agbe. Ne èti gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yome la, wò hã axɔ gbɔgbɔmeyayra gbagowo. Àva te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, eye hati Kristotɔwo alɔ̃ wò ahade bubu ŋuwò geɖe ŋutɔ. Le esi vevesese kple nuxaxa siwo dona tsoa kesinɔnuwo yometiti me nava dziwò teƒe la, àkpɔ dzidzɔ vavãtɔ si dona tsoa nunana ɖokuitɔmadimaditɔe me. Ƒo wo katã ta la, wò ‘asi asu agbe vavã,’ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradiso me le nyigba dzi la dzi.—Timoteo I, 6:9, 10, 17-19; Dɔwɔwɔwo 20:35.

21 Eya ta ne mawusosroɖa mekpɔ nye taɖodzinu si nètsɔ le ɖokuiwò mlam o la, ekema míele dzi dem ƒo na wò vevie be nàdze egɔme fifia. De ha kple hamea me tɔ siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ la bene nàxɔ aɖaŋuɖoɖowo tso wo gbɔ. Na Mawu ƒe Nyaa sɔsrɔ̃ edziedzi nanye nu vevitɔ kekeake na wò. Ðoe kplikpaa nàtsi tre ɖe ŋutilãmenuwo didi vivivo ƒe gbɔgbɔ si bɔ ɖe xexe sia me la ŋu. Eye ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be, Mawu “si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la” do ŋugbe be yayra geɖe ate ŋu asu asiwò fifia kple le etsɔ si gbɔna me, ne èti taɖodzinu siwo dea bubu eŋu la yome.—Timoteo I, 6:17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 15 Helatɔwo dea asixɔxɔ gã aɖe suku kɔkɔ dede ŋu. Timoteo ŋɔlimetɔ, Plutarch, ŋlɔ bena: “Suku kɔkɔ dedee nye nunyonamewo katã ƒe dzɔtsoƒe kple ke. . . . Megale egblɔm ake be, eyae kpena ɖe ame ŋu henana be ame nɔa agbe ɖɔʋu hekpɔa dzidzɔ. . . . Nu bubuwo yometiti nye tofloko kple dagbadagba dzodzro.”—Moralia, I, “Hehenana Ðeviwo.”

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Afi kae sɔhɛwo ate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu tso hena gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔɖoɖo?

• Nu ka tae Biblia sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe le vevie?

• Alekee sɔhɛwo ate ŋu awɔ atsi tre ɖe ŋutilãmenuwo yometiti ƒe nyaƒoɖeamenu si bɔ ɖe xexe sia me la ŋu?

• Yayra kawoe dona tsoa gbɔgbɔmetaɖodzinuwo yometiti me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Timoteo ti taɖodzinu nyuiwo yome

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ŋusẽkpɔɖeamedzi nyui kawoe kpe ɖe Timoteo ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ðe nèle gbɔgbɔmetaɖodzinuwo minyama?