Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu mahã:
• Alekee míawɔ abi ɖe “gbegbɔgblɔ dzadzɛ,” si nye nyateƒe si ku ɖe Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu, la dodo me? (Zef. 3:9)
Abe ale si wòle le gbegbɔgblɔ ŋutɔŋutɔ dodo me ene la, hafi míate ŋu abi ɖe “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la dodo me la, ehiã be míaɖo to nyuie, asrɔ̃ ame siwo bi ɖe edodo me, alé Biblia gbalẽwo ƒe ŋkɔwo kple mawunyakpukpui aɖewo ɖe susu me, agbugbɔ anɔ nu siwo míesrɔ̃ la gblɔm, axlẽ nu wòaɖi, asrɔ̃ gbeŋutisea, alo ɖoɖo si koŋ nu wozãa nyateƒea le, adze agbagba awɔ ŋgɔyiyi, aɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi hena nusɔsrɔ̃ ahayi edzi anɔ “gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la dom.—8/15, axa 21-25.
• Nu siwo Mawu nyanya bia la dometɔ aɖewo ɖe?
“Eŋkɔe nye Yehowa,” eye ŋkɔ siae Mawu di be míanya na ye. (2 Mose 15:3) Enye “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa ƒe Mawu.” (2 Kor. 13:11) Enye “nunyawo ƒe Mawu” kple “xɔname Mawu.” (1 Sam. 2:3; Ps. 25:5) Mawu ate ɖe ame siwo si eyama ŋuti sidzedze siawo su la ŋu.—9/1, axa 4-7.
• Alekee woate ŋu atsɔ srɔ̃ɖeɖe asɔ kple “ka ŋukplaba etɔ̃”?
Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe nya “ka ŋukplaba etɔ̃” nye. (Nyagb. 4:12) Ne wozã nya sia tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na srɔ̃ɖekadodo la, elɔa srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu, siwo le tsitre ɖi na ka eve, kple Mawu, si nye ka vevitɔa, si wotsɔ de eve gbãtɔawo me hegbi wo ɖekae wòzu ka ŋukplaba etɔ̃ la ɖe eme. Ne Mawu le srɔ̃ɖeɖea me la, enaa ŋusẽ nɔa atsu kple asi ŋu le gbɔgbɔ me be woate ŋu akpe akɔ kple kuxiwo, eye wònaa wokpɔa dzidzɔ.—9/15, axa 16.
• Nu ka ŋue “asidada ɖe ame dzi” si ŋu woƒo nu tso le Hebritɔwo 6:2 la ku ɖo?
Anɔ eme be asidada ɖe ame dzi be amea naxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe nukununanawo ye wowɔnɛ, ke menye Kristotɔ hamemetsitsiwo ɖoɖo ye o. (Dɔw. 8:14-17; 19:6)—9/15, axa 32.
• Nuhiahiã kawo gbɔe wòle be vifofo nyui nakpɔ na viawo?
Woƒe nuhiahiãawo ƒe ɖewoe nye (1) wo fofo ƒe lɔlɔ̃, (2) eƒe kpɔɖeŋu nyuiwo, (3) aƒe si me dzidzɔ le, (4) Mawu ƒe dzidzenuwo fiafia wo, (5) amehehe, (6) takpɔkpɔ.—10/1, axa 18-21.
• Alekee ame siwo le ŋgɔ xɔm la ate ŋu ade bubu amewo ŋu?
Mɔ siwo dzi hamemetsitsi ato awɔ esia dometɔ ɖekae nye asaƒoƒo na nu siwo eya ŋutɔ madi be yeawɔ gbeɖe o la didi tso ame bubuwo si. Edea bubu amewo ŋu hã ne eɖea susu siwo tae wòbia nanewo tso wo si alo na mɔfiame aɖe wo la me na wo.—10/15, axa 22.
• Nu vevi siwo ate ŋu ana kuku ɖe ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me me nasẽ ɖe edzi dometɔ aɖewo ɖe?
Wo dometɔ evee nye: (1) Na wò srɔ̃ɖeɖea nanye nu vevitɔ na wò. (2) Ƒo asa na nuteƒemawɔmawɔ ƒomevi ɖe sia ɖe. Wò srɔ̃ɖeɖea ɖali ke loo, alo kuxiwo le eme o, ele vevie be srɔ̃wò nakpɔe adze sii be èdi vevie be yeana srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze; nu vevi eve siawo kpena ɖe ame ŋu geɖe ŋutɔ.—11/1, axa 18-21.
• Nu kae Kristotɔ hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso ale si alẽkplɔla siwo nɔ Israel zãa atikplɔe me?
Alẽkplɔla zãa atikplɔ, alo kpo legbee, tsɔ fiaa mɔ eƒe alẽhaa. Ne alẽawo le gegem ɖe woƒe kpo me alo le dodom la, alẽkplɔlaa nana ‘wotoa eƒe kpoa te’ ale be wòate ŋu axlẽ wo. (3 Mose 27:32) Nenema kee wòhiã be Kristotɔ alẽkplɔla nanya Mawu ƒe alẽha si le eƒe dzikpɔkpɔ te la nyuie ahayi edzi anɔ ŋku lém ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu.—11/15, axa 9.
• Alekee vidada ate ŋu aɖee afia be yebua dzadzɛnyenye nu vevi?
Ði ate ŋu age ɖe nuɖuɖu me bɔbɔe le mɔ vovovowo nu. Eya ta eklɔa eƒe asiwo nyuie hafi wɔa nuɖuɖu ŋu dɔ, eye wòkpɔa egbɔ be yetsyɔ nu nuɖuɖuwo dzi. Ekpɔa egbɔ be aƒea me le dzadzɛ ale be kisiwo, afiwo, kple nudzodzoewo nagaɖe fu na wo o. Awuwo nyanyã, nuwo kɔklɔ, kple tsiléle edziedzi hã le vevie. Afɔɖeɖe siawo wɔ ɖeka kple Biblia ƒe dzidzenuwo.—12/1, axa 9-11.