Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Wonɔ Te Sesĩe Le “Tetekpɔ Ƒe Gaƒoƒo” Me

Wonɔ Te Sesĩe Le “Tetekpɔ Ƒe Gaƒoƒo” Me

ESI Xexemeʋa I dzɔ le ƒe 1914 me la, ame geɖe va nya nu tso Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu. (Yes. 2:2-4; Yoh. 18:36; Ef. 6:12) Aleke nuwo nɔ na Mawu subɔla siwo nɔ Britain?

Henry Hudson

Amexɔxɔ Ðe Asrafodɔ Me Ŋuti Se si wode le ƒe 1916 me le Britain na wodze ŋutsu siwo xɔ tso ƒe 18 va ɖo 40 siwo nye trewo la xɔxɔ ɖe asrafodɔ me sesẽe gɔme. Sea ɖe mɔ be woaɖe ame siwo agbe asrafodɔwɔwɔ le “mawusubɔsubɔ kple agbenɔnɔ ƒe dzixɔsewo” ta la le eme. Dziɖuɖua ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒewo be woatso nya me le ame siwo woaɖe le eme kple nu siwo ƒe mɔ woaɖe na wo ŋu.

Eteƒe medidi o, wolé Biblia Nusrɔ̃vi 40 de asrafowo ƒe gaxɔ me, eye woɖo wo dometɔ 8 ɖe aʋagbedzi le France. Nudzɔdzɔ sia na nɔviawo ŋlɔ lɛta ɖo ɖe Britain ƒe Dudɔnunɔlawo ƒe Tatɔ Herbert Asquith tsɔ ƒo nu tsi tre ɖe nɔviawo ƒe gaxɔmenɔnɔ ŋu eye ame 5,500 sɔŋ ye de asi ete.

Nyatakaka va ɖo nɔviawo gbɔ be wode se be woada tu nɔvi enyi siwo woɖo ɖe France le esi wogbe be yewomawɔ aʋa o ta. Gake esi wokplɔ nɔviawo yi afi si woada tu wo le la, wogatso nya me be woade wo dɔsesẽwɔgaxɔ me ƒe ewo boŋ. Wokplɔ wo gbɔ va de gaxɔ me le England.

James Frederick Scott

Esi aʋaa nu nɔ sesẽm la, wote ŋutsu srɔ̃tɔwo hã xɔxɔ ɖe asrafodɔ me sesẽe. Le se sia ta, wokplɔ Henry Hudson si nye ɖɔkta heganye Biblia Nusrɔ̃vi yi ʋɔnu le Manchester, England. Le August 3, 1916, dzi la, ʋɔnua bu fɔe, wodo fe nɛ, eye wotsɔe de asi na asrafowo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodrɔ̃ nya na nɔvi bubu hã le Edinburgh, Scotland. Gake ʋɔnua tso afia na James Frederick Scott, si nye nya nyui kakala si xɔ ƒe 25 la be meɖi fɔ o. Fiagãdziɖuɖua gatsɔ nɔvi sia ƒe nya la yi ʋɔnu ake, gake emegbe woɖe asi le eƒe nyaa ŋu le ʋɔnunya bubu aɖe si gafɔ ɖe te le London ta. Le Nɔviŋutsu Herbert Kipps ƒe nya ya gome la, wobu fɔe, wodo fe nɛ heɖoe ɖe asrafodɔ me.

Kaka September 1916 naɖo la, nɔvi 264 sɔŋ ŋlɔ agbalẽ be woaɖe yewo le asrafodɔ me. Woɖe asi le wo dometɔ 5 ŋu, wode dɔ asi na wo dometɔ 154 be “woawɔ dudɔ sesẽwo,” wobia tso wo dometɔ 23 si be woawɔ asrafodɔ bubu siwo melɔ aʋawɔwɔ ɖe eme o, woɖo ame 82 ɖe asrafodɔ me, eye wodrɔ̃ ʋɔnu wo dometɔ aɖewo, bu fɔ wo hede wo gaxɔ me. Esi ame geɖe tsi tre ɖe ŋutasẽnu siwo wɔm wole ɖe nɔvi siawo ŋu ŋuti ta la, dziɖuɖua ɖe wo tso asrafowo  ƒe gaxɔwo me yi dukɔmeviwo ƒe gaxɔ siwo me wowɔa dɔ sesẽ le me.

Pryce Hughes

Wona Edgar Clay kple Pryce Hughes, si va zu alɔdzedzikpɔla le Britain emegbe la, yi ɖaɖe tsiʋe le Wales. Gake woɖo Herbert Senior, si nye ame enyi siwo wokplɔ gbɔe tso France la dometɔ ɖeka, ɖe Wakefield Gakpɔ me le Yorkshire. Nɔvi bubuwo wɔ dɔ sesẽwo le Dartmoor Gakpɔ me, wokpe fu geɖe eye gakpɔ sia mee ame siwo gbe asrafodɔ le dzitsinya ta la sɔ gbɔ wu le.

Woɖo Frank Platt, Biblia Nusrɔ̃vi si lɔ̃ be yeawɔ asrafodɔ bubu siwo melɔ aʋawɔwɔ ɖe eme o, la ɖe aʋagbedzi eye wowɔ fui heti eyome vevie. Wowɔ fu Atkinson Padgett si srɔ̃ nyateƒea le eƒe asrafozuzu megbe la hã vevie le esi wògbe aʋawɔwɔ ta.

Herbert Senior

Togbɔ be anɔ eme be ƒe alafa ɖeka kloe nye esi va yi la, mía nɔviawo mese Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade gɔme nyuie o hã la, wodze agbagba be yewoawɔ nu siwo adze Yehowa Mawu ŋu. Ame siwo ŋkɔ míeyɔ le nyati sia me la ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” ma me. (Nyaɖ. 3:10)—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe le Britain.