Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ame Ka Tututue Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?’

‘Ame Ka Tututue Nye Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela La?’

‘Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu?’MAT. 24:45.

1, 2. Ame ka dzi tom Yesu le le mía nyim egbea, eye nu ka tae wòle vevie be míanya ame si kluvi nuteƒewɔla la nye?

“NƆVIWO, nyati siwo mietana siwo me nyawo sɔna ɖe nye nuhiahiãwo nu, eye wova kaa asinye le ɣeyiɣi si tututu mehiã wo me la, mele xexlẽ me o.” Nya siae nɔvinyɔnu aɖe gblɔ le eƒe akpedalɛta si wòŋlɔ na nɔvi siwo wɔa dɔ le míaƒe dɔwɔƒegã la me. Èse le ɖokuiwò me alea kpɔa? Mía dometɔ geɖe míesena le mía ɖokui me alea. Ðe wòle be esia nawɔ nuku na mía? Kura o.

2 Gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo míexɔna le ɣeyiɣi si sɔ dzi ɖee fia be Yesu, si nye hamea ƒe Ta, le ŋugbe si wòdo be yeanyi mí la dzi wɔm. Ame kawo dzie wòtona wɔa esia? Esi Yesu nɔ eƒe anyinɔɣi ƒe dzesia ŋu nya gblɔm la, egblɔ be yeazã ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la ‘wòana nuɖuɖu yeƒe aƒemesubɔviwo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’ * (Mixlẽ Mateo 24:45-47.) Kluvi nuteƒewɔla ma dzi tomee Yesu le le eyomedzela vavãwo nyim le nuwuɣi sia me. Ele vevie be míanya ame si kluvi nuteƒewɔla la nye. Míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu nɔ te ɖe amenyimɔnu sia dzi.Mat. 4:4; Yoh. 17:3.

3. Tsã la, nya kawoe míegblɔ le míaƒe agbalẽwo me tso kluvi nuteƒewɔla ƒe kpɔɖeŋua ŋu?

3 Ke aleke wòle be míase Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe kluvi nuteƒewɔlaa ŋu gɔme? Tsã la, míegblɔ le míaƒe agbalẽwo me be: Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Yesu tsɔ kluvi nuteƒewɔla la ɖo eƒe aƒemetɔwo, alo aƒemesubɔviwo, nu. Eye tso ɣemaɣi la, kluvi la le tsitre ɖi na Kristotɔ amesiamina siwo katã le anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me la ƒe ƒuƒoƒo. Eye be aƒemesubɔviawoe nye Kristotɔ amesiamina mawo ke abe ame ɖekaɖekawo ene. Eye le ƒe 1919 me la, Yesu tsɔ kluvi nuteƒewɔla la ɖo “eƒe nuwo katã nu”—si nye nu siwo  katã wozãna le anyigba dzi tsɔ doa alɔ Fiaɖuƒedɔa. Gake esi míesrɔ̃ nu yi ŋgɔe, do gbe ɖa hede ŋugble le nya siwo Yesu gblɔ tso kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa ŋu ŋuti la, míekpɔe be ele be míatrɔ asi le ale si míese nya mawo gɔmee ŋu. (Lod. 4:18) Dziƒo alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe ɖale mía si o, mina míadzro kpɔɖeŋua me akpɔ ale si wòka míi ɖa.

ƔEKAƔIE KPƆÐEŊUA VA EME?

4-6. Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta be ƒe 1914 megbe hafi Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe kluvi nuteƒewɔlaa ŋu te emevava?

4 Nya siwo ƒo xlã kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be nuwuɣi sia mee kpɔɖeŋua te emevava ke menye ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzie o. Mina míakpɔ ale si Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míeƒo nya ta alea ɖa.

5 Kluvi nuteƒewɔla ƒe kpɔɖeŋua nye Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe eƒe “anyinɔnɔ kple nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” ŋu ƒe akpa aɖe. (Mat. 24:3) Nyagblɔɖi si dze le Mateo 24:4-22 ƒe akpa gbãtɔ va eme zi eve—zi gbãtɔ tso ƒe 33 M.Ŋ. va se ɖe ƒe 70 M.Ŋ. me, eye zi evelia le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ŋkekea me. Ðe esia fia be nya siwo Yesu gblɔ tso kluvi nuteƒewɔlaa ŋu hã ava eme zi evea? Ao.

6 Tso nya siwo le Mateo 24:29 me dzi yina la, nu siwo adzɔ le míaƒe ŋkekea me ŋu koŋ Yesu ƒo nu tsoe. (Mixlẽ Mateo 24:30, 42, 44.) Esi wònɔ nu ƒom tso nu siwo adzɔ le xaxa gã la me ŋu la, egblɔ be “woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna.” Eyome egblɔ na ame siwo anɔ agbe le nuwuɣia me la be woanɔ ŋudzɔ esi wògblɔ be, “Mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o”; egblɔ kpee be: “Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.” * Esi Yesu nɔ nu ƒom tso nu siwo adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋue wògblɔ kluvi nuteƒewɔla ƒe kpɔɖeŋua. Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be esi ŋkeke mamlɛawo dze egɔme le ƒe 1914 me megbe ko hafi nya siwo Yesu gblɔ tso kluvi nuteƒewɔla ma ŋu la te emevava. Gɔmesese le eŋu nenema. Nu ka ta?

7. Esi nuŋeɣia dze egɔme la, biabia vevi kae fɔ ɖe te, eye nu ka tae?

7 De ŋugble le nyabiase sia ŋu vie kpɔ: ‘Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la?’ Le ƒe alafa gbãtɔ me la, susu aɖeke meli si tae woabia nya ma o. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, apostoloawo wɔ nukunuwo eye wote ŋu na nukununana siawo ame bubuwo gɔ̃ hã tsɔ ɖo kpe edzi be yewo zãm Mawu le. (Dɔw. 5:12) Eya ta ɖe wòagahiã be ame aɖe nabia be ame ka tututue Kristo ɖo be wòaxɔ ŋgɔ mahã? Gake le ƒe 1914 me la, nɔnɔmeawo trɔ kura. Nuŋeɣia dze egɔme le ƒe ma me. Ɣeyiɣia de azɔ be woaho gbe wuwluiawo ahaɖe wo ɖe vovo tso luawo gbɔ. (Mat. 13:36-43) Esi nuŋeɣia dze egɔme la, alakpa Kristotɔ geɖewo nɔ gbɔgblɔm be Yesu yomedzela vavãwoe yewonye. Eya ta biabia vevi aɖe fɔ ɖe te: Aleke woawɔ ade dzesi luawo, si nye Kristotɔ amesiaminawo? Kluvi nuteƒewɔla ƒe kpɔɖeŋua ana ŋuɖoɖoa. Kristo yomedzela amesiaminawoe anye ame siwo ɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu nyuie wòsua wo.

AME KAE NYE KLUVI NUTEƑEWƆLA KPLE AÐAŊUDZELA LA?

8. Nu ka tae wòsɔ be kluvi nuteƒewɔla la natso Kristotɔ amesiaminawo dome?

8 Ele be kluvi nuteƒewɔla la natso Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi la dome. Woyɔ amesiamina siawo be “nunɔla siwo nye fiawo,” eye wode dɔ asi na wo be ‘woaɖe gbeƒã ame si yɔ wo tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me la ƒe nɔnɔme nyuiwo.’ (1 Pet. 2:9) Eya ta esɔ be “nunɔla siwo nye fiawo” la me tɔwo nanye ame siwo afia nyateƒea woƒe haxɔsetɔwo.Mal. 2:7; Nyaɖ. 12:17.

9. Amesiamina siwo le anyigba dzi la katãe ƒo ƒu wɔ kluvi nuteƒewɔla la? Ðe eme.

 9 Amesiamina siwo le anyigba dzi la katãe ƒo ƒu wɔ kluvi nuteƒewɔla la? Ao. Menye amesiaminawo katãe kpɔa gome le gbɔgbɔmenuɖuɖunana haxɔsetɔwo me le xexe bliboa me o. Lu ƒe ha la me tɔ amesiamina aɖewo tea ŋu nyea subɔsubɔdɔwɔlawo alo hamemetsitsiwo le hame si me wole me. Woɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me hefiaa nu le woƒe hamea me, eye wowɔna ɖe mɔfiame siwo tso míaƒe dɔwɔƒegã la dzi. Gake womekpɔa gome le gbɔgbɔmenuɖuɖunana nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me godoo la me o. Azɔ hã, amesiaminawo dometɔ aɖewo nye nɔvinyɔnu bɔbɔɖokui siwo matee kpɔ gbeɖe be yewoanye nufialawo le hamea me o.1 Kor. 11:3; 14:34.

10. Ame kae nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la?

10 Ekema ame kae nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la? Abe ale si ko Yesu to ame ʋɛwo dzi nyi ame geɖewoe ene la, nɔviŋutsu amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si kpɔa gome le asitɔtrɔ le gbɔgbɔmenuɖuɖu ŋu kple emama me tẽe le Kristo ƒe anyinɔɣia ye nye kluvi si zãm wòle egbea. Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, nɔviŋutsu amesiamina siwo ƒo ƒu nye kluvi nuteƒewɔla la le subɔsubɔm ɖekae le míaƒe dɔwɔƒegã la. Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha lae nye kluvi la. Gake mina míade dzesii be nya “kluvi” si Yesu zã le kpɔɖeŋua me la nye ŋkɔnya xexlẽnuɖekɛtɔ, si fia be enye kluvi ƒe ha ɖeka. Eya ta Dɔdzikpɔha la me tɔwo wɔa woƒe nyametsotsowo ɣesiaɣi abe ƒuƒoƒo ene.

AME KAWOE NYE AƑEMESUBƆVIAWO?

11, 12. (a) Nu ka kple nu ka nue woɖo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela lae? (b) Ɣekaɣie Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔlaa eƒe aƒemesubɔviwo nu, eye ame kawoe wòtia?

11 Ele be míade dzesii be le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la, woɖo kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la nuwo nu zi eve. Gbã, woɖoe aƒemesubɔviwo nu; evelia, woɖoe eƒe aƒetɔ ƒe nuwo katã nu. Esi wònye be nuwuɣi sia me koe kpɔɖeŋua ava eme le ta la, kluvi la ɖoɖo nuwo nu zi evea siaa hã ava eme ne Yesu ƒe anyinɔnɔ le fiaɖuƒeŋusẽ me dze egɔme le ƒe 1914 me megbe.

12 Ɣekaɣie Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔla la eƒe aƒemesubɔviwo nu? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míatrɔ ayi megbe le ƒe 1914 me, si nye nuŋeɣia ƒe gɔmedzedze. Abe  ale si míesrɔ̃e ene la, ƒuƒoƒo geɖewo nɔ gbɔgblɔm ɣemaɣi be Kristotɔwoe yewonye. Ƒuƒoƒoawo dometɔ ka mee Yesu atia kluvi nuteƒewɔla la tsoe ahaɖoe nuwo nu? Woɖo biabia ma ŋu esi eya kple Fofoa wova lé ŋku ɖe gbedoxɔa, si nye gbɔgbɔmeɖoɖo si wowɔ na tadedeagu, ŋu tso ƒe 1914 me va se ɖe ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze. * (Mal. 3:1) Wokpɔ ŋudzedze ɖe Biblia Nusrɔ̃vi wɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo sue siwo ɖee fia be yewoƒe dzi ku ɖe Yehowa kple eƒe Nyaa ŋu la ŋu. Ele eme be ehiã be woakɔ wo ŋu ya, gake wobɔbɔ wo ɖokuiwo le dodokpɔ kple wo ŋu kɔkɔ ƒe ɣeyiɣi mawo me hewɔ tɔtrɔwo. (Mal. 3:2-4) Biblia Nusrɔ̃vi wɔnuteƒe mawoe nye Kristotɔ vavã siwo luawo tsi tre ɖi na. Le ƒe 1919 me esime dzo gaɖo wo me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, Yesu tia nɔviŋutsu amesiamina siwo dze le wo dome be woanye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la, eye wòɖo wo eƒe aƒemesubɔviwo nu.

13. Ame kawo hãe le aƒemesubɔviawo dome, eye nu ka tae?

13 Ke ame kawoe nye aƒemesubɔviawo? Kpuie ko la, woawoe nye ame siwo nyim wole. Le ŋkeke mamlɛawo ƒe gɔmedzedzea la, aƒemesubɔviawo katã nye amesiaminawo. Emegbe la, alẽ bubuawo ƒe ameha gã la me tɔwo hã va zu aƒemesubɔviwo. Fifia “alẽha ɖeka” si le Kristo ƒe kpɔkplɔ te la me tɔ akpa gãtɔ nye alẽ bubuawo. (Yoh. 10:16) Gbɔgbɔmenuɖuɖu si kluvi nuteƒewɔla la nana le enaɣi la ɖea vi na ƒuƒoƒo evea siaa. Ke ɖe Dɔdzikpɔha la me tɔ siwo ƒo ƒu wɔ kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela egbea hã nye aƒemesubɔviwoa? Ɛ̃, elabena ehiã be woanyi nɔviŋutsu mawo hã le gbɔgbɔ me. Eya ta wolɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be, abe ame ɖekaɖekawo ene la, yewo hã yewonye aƒemesubɔviwo, abe Yesu yomedzela vavã mamlɛawo ke ene.

Dziƒo alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe ɖale mía si o, mí katã míenye aƒemesubɔviwo, eye míehiã gbɔgbɔmenuɖuɖu ma ke si míexɔna ɖe ɣeyiɣi dzi

14. (a) Agbanɔamedzi kae wode kluvi nuteƒewɔla la si, eye nu kawoe esia lɔ ɖe eme? (b) Nuxlɔ̃ame kae Yesu na kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la? (Kpɔ aɖaka si nye, “Ne Kluvi Vɔ̃ɖi La . . .”)

14 Yesu de dɔ gã aɖe asi na kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa. Le Biblia ŋlɔɣi la, kluvi si dzi woka ɖo, alo aƒedzikpɔla, kpɔa eƒe aƒetɔ ƒe nuwo dzi. (Luka 12:42) Nenema kee wotsɔ aƒemesubɔviwo alo xɔsetɔwo dzi kpɔkpɔ de kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la si. Dɔdeasi sia ƒe akpa aɖee nye ga, nunɔamesiwo, gbeƒãɖeɖedɔa, takpekpe suewo kple gãwo ŋuti ɖoɖowo dzi kpɔkpɔ. Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo míezãna le gbeƒãɖeɖedɔa kple  ɖokuisinusɔsrɔ̃ kpakple hamea ƒe nusɔsrɔ̃wo me la hã dzi kpɔkpɔ kpe ɖe eŋu. Gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo katã kluvi ƒe ha la nana nue aƒemesubɔviawo nɔa agbe ɖo.

ƔEKAƔIE WOATSƆE AÐO AƑETƆ LA ƑE NUWO KATÃ NU?

15, 16. Ɣekaɣie Yesu aɖo kluvi nuteƒewɔla la eƒe nuwo katã nu?

15 Ɣekaɣie Yesu aɖo kluvia nuwo nu zi evelia, si nye ɖe “eƒe nuwo katã nu”? Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔe kluvi ma anye ne eƒe aƒetɔ trɔ gbɔ va kpɔe be ele ewɔm nenema! Vavã mele egblɔm na mi be: Atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.” (Mat. 24:46, 47) De dzesii be ne Yesu trɔ gbɔ va kpɔ kluvi la be “ele ewɔm nenema,” si fia be ele gbɔgbɔmenuɖuɖu nam aƒea me tɔwo nuteƒewɔwɔtɔe ko hafi wòaɖoe nuwo nu zi evelia. Eya ta dometsotso aɖe anɔ kluvia ɖoɖo nuwo nu zi gbãtɔ kple zi evelia dome. Be míase ale si Yesu aɖo kluvia eƒe nuwo katã nu kple ɣeyiɣi si me wòawɔe gɔme la, ele be míanya nu eve siawo: ɣeyiɣi si wòatrɔ agbɔ kple nu siwo eƒe nuawo lɔ ɖe eme.

16 Ɣekaɣie Yesu atrɔ gbɔ? Míekpɔ ŋuɖoɖoa le kpukpui siwo do ŋgɔ na nya sia me. Ðo ŋku edzi be le kpukpui mawo me la, Yesu ƒe ‘vava’ la ku ɖe ɣeyiɣi si me wòava drɔ̃ ʋɔnu ahatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu la ŋu. * (Mat. 24:30, 42, 44) Eya ta Yesu ƒe ‘tɔtrɔ gbɔ’ alo ‘vava’ si ŋu woƒo nu tsoe le kluvi nuteƒewɔla ƒe kpɔɖeŋua me la hã ava eme le xaxa gã la me.

17. Nu kawoe Yesu ƒe nuwo katã lɔ ɖe eme?

17 Nu kawoe Yesu ƒe “nuwo katã” lɔ ɖe eme? Yesu mezã nya aɖeke si ɖee fia be anyigbadzinuwo ko ŋue nyagbɔgblɔ “nuwo katã” ku ɖo o. Le nyateƒe me la, elɔ nu siwo le dziƒo hã ɖe eme. Yesu gblɔ be: “Wotsɔ ŋusẽ katã nam le dziƒo kple anyigba  dzi.” (Mat. 28:18; Ef. 1:20-23) Mesia Fiaɖuƒe si wotsɔ nɛ tso ƒe 1914 me la kpe ɖe eƒe nuwo ŋu fifia, eye ana eyomedzela amesiaminawo hã nakpɔ gome le eme kplii.Nyaɖ. 11:15.

18. Nu ka tae wòanye dzidzɔ na Yesu be yeaɖo kluvi la yeƒe nuwo katã nu?

18 Ke aleke míaƒo nya tae azɔ? Ne Yesu va be yeatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le xaxa gã la me la, akpɔe be kluvi nuteƒewɔlaa le gbɔgbɔmenuɖuɖu nam eƒe aƒemesubɔviwo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Anye dzidzɔ na Yesu ɣemaɣi be yeaɖoe nuwo nu zi evelia, si nye ɖe yeƒe nuwo katã nu. Esia ava eme na ame siwo ƒo ƒu nye kluvi nuteƒewɔla la ne woxɔ woƒe dziƒofetua hezu Kristo ƒe hatidziɖulawo.

19. Ðe kluvi nuteƒewɔla la axɔ teƒeɖoɖo si lolo wu amesiamina mamlɛawo tɔ le dziƒoa? Ðe eme.

19 Ðe kluvi nuteƒewɔla la axɔ teƒeɖoɖo si lolo wu amesiamina mamlɛawo tɔ le dziƒoa? Ao. Ame bubuwo ate ŋu ava kpɔ gome le teƒeɖoɖo si ŋugbe wodo na ƒuƒoƒo sue aɖe la me mlɔeba. Le kpɔɖeŋu me, bu nya si Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la ŋu kpɔ. (Mixlẽ Luka 22:28-30.) Yesu do ŋugbe na ƒuƒoƒo sue ma be fetu nyui aɖe le wo lalam ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ ta. Woaɖu fia kplii le dziƒofiaɖuƒea me. Gake ƒe geɖe megbe la, egblɔ be ame 144,000 la katãe anɔ fiazikpuiwo dzi ahaɖu fia kpli ye. (Nyaɖ. 1:1; 3:21) Nenema kee abe ale si wòdze le Mateo 24:47 ene la, edo ŋugbe be yeaɖo ŋutsuwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe—si nye nɔviŋutsu amesiamina siwo nye kluvi nuteƒewɔla ƒe ha la—yeƒe nuwo katã nu. Gake le nyateƒe me la, ame 144,000 la katãe akpe ɖe Kristo ŋu le eƒe nuwo katã dzi kpɔkpɔ me.Nyaɖ. 20:4, 6.

Ame 144,000 la katã akpe ɖe Yesu ŋu le eƒe nuwo katã dzi kpɔkpɔ me (Kpɔ memama 19)

20. Nu ka tae Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔla la, eye nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Yesu to kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la dzi le ame geɖewo nyim egbea abe ale si ko wòto ame ʋɛwo dzi nyi ame geɖewo le ƒe alafa gbãtɔ me ene. Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔlaa be yeatsɔ akpɔ egbɔ be ye yomedzela vavãwo—woɖanye amesiaminawo loo alo alẽ bubuawo o—nanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔm ɖe ɣeyiɣi dzi le ŋkeke mamlɛawo katã me. Eya ta mina míaɖoe kplikpaa aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to asikpekpe ɖe amesiamina siawo siwo nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe me.Heb. 13:7, 17.

 

^ mm. 2 Memama 2: Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, Yesu gblɔ kpɔɖeŋu sia tɔgbi si me wòyɔ “kluvi” la le be “aƒedzikpɔla” eye wòyɔ “aƒemesubɔviwo” be “subɔviwo ƒe ha.”—Luka 12:42-44.

^ mm. 6 Memama 6: Kristo ƒe ‘vava’ (Helagbe me nya, er′kho·mai) to vovo na eƒe “anyinɔnɔ” (pa·rou·si′a). Eƒe anyinɔɣi si ŋku makpɔ o la ado ŋgɔ na eƒe vava be wòatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo.

^ mm. 12 Memama 12: Kpɔ nyati si nye “Kpɔ Ða! Meli Kpli Mi Ŋkekeawo Katã,” le magazine sia ƒe axa 10-12, memama 5-8.

^ mm. 16 Memama 16: Kpɔ nyati si nye “Gblɔe Na Mí, Ɣekaɣie Nu Siawo Adzɔ?” le magazine sia ƒe axa 7-8, memama 14-18.