Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo To Alẽkplɔla Siwo Yehowa Ðo

Ðo To Alẽkplɔla Siwo Yehowa Ðo

“Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui, elabena wole miaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm.”—HEB. 13:17.

1, 2. Nu ka tae wòɖe dzesi be Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla?

YEHOWA tsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla. (Eze. 34:11-14) Esia ɖe dzesi ŋutɔ, elabena ekpena ɖe mía ŋu be míase Mawu si ƒomevi Yehowa nye gɔme. Amegbetɔ alẽkplɔla lɔ̃ame nyae be agba le ye dzi be yeakpɔ egbɔ be alẽha si le yeƒe dzikpɔkpɔ te la le dedie. Ekplɔa wo yia afi si woakpɔ gbe damawo kple tsi le. (Ps. 23:1, 2) Edzɔa wo ŋu le ŋkeke kple zã me. (Luka 2:8) Ekpɔa wo ta tso lã lénuwo si me. (1 Sam. 17:34, 35) Ekɔa alẽvi fẽwo ɖe akɔnu. (Yes. 40:11) Edia alẽ siwo tra mɔ, eye wòléa be na esiwo nu vevi wɔ la nyuie.—Eze. 34:16.

2 Esi Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema dometɔ akpa gãtɔ nye lãnyilawo kple agbledelawo ta la, wose nu si Yehowa Mawu nɔ wo fiam esi wòtsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla lɔ̃ame la gɔme nyuie. Wonyae be ehiã be woakplɔ alẽwo ahalé be na wo hafi woate ŋu anɔ lãmesẽ me ahanɔ agbe. Nenema kee amegbetɔwo hã hiã gbɔgbɔ me beléle kple mɔfiafia. (Marko 6:34) Ne amewo gbe Yehowa ƒe mɔfiame kple beléname la, wokpea fu. Esi womenya mɔ nyuitɔ si woato o ta la, wotraa mɔ zi geɖe—abe “alẽ siwo nu kplɔla mele o” ene. (1 Fia. 22:17) Gake Yehowa naa nu siwo eƒe amewo hiã la wo lɔlɔ̃tɔe.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Egbea míawo hã míesea nu si ta Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla gɔme. Yehowa kpɔtɔ le be lém na eƒe ame siwo wotsɔ sɔ kple alẽwo la nyuie. Mina míakpɔ ale si wòfiaa mɔ eƒe alẽawo hekpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo egbeae ɖa. Míadzro nu si wòle be alẽawo nawɔ be Yehowa ƒe mɔfiame kple beléname naɖe vi na woamawo la hã me.

ALẼKPLƆLA NYUI LA ÐO ALẼKPLƆLATEVIWO

4. Aleke Yesu léa be na Yehowa ƒe alẽawoe?

4 Yehowa ɖo Yesu wònye Kristo hamea ƒe Ta.  (Ef. 1:22, 23) Yesu, si nye “alẽkplɔla nyui la,” le abe Fofoa ke ene; elɔ̃a alẽawo eye wòléa be na wo. Yesu ‘tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe alẽawo ta’ gɔ̃ hã. (Yoh. 10:11, 15) Yayra ka gbegbee nye esi Kristo ƒe tafevɔsa la nye na ameƒomea! (Mat. 20:28) Elabena Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be, “ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ [Yesu] dzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ”!—Yoh. 3:16.

5, 6. (a) Ame kawoe Yesu ɖo be woalé be na yeƒe alẽwo? Eye nu kae wòle be alẽawo nawɔ? (b) Susu vevitɔ ka tae míelɔ̃na faa wɔna ɖe hamemetsitsiwo ƒe mɔfiamewo dzi ɖo?

5 Aleke alẽawo ɖenɛ fiana be Yesu Kristo ye nye yewoƒe Kplɔla Nyui la? Yesu gblɔ be: “Nye alẽwo sea nye gbe, eye menya wo, eye wodzea yonyeme.” (Yoh. 10:27) Alẽkplɔla Nyui la ƒe gbe sese fia be míawɔ ɖe eƒe mɔfiame ɖe sia ɖe dzi. Esia bia be míaɖo to alẽkplɔlatevi siwo woɖo be woakplɔ alẽawo le hamea me. Yesu ɖee fia be yeƒe apostolowo kple nusrɔ̃lawo ayi dɔ si gɔme yedze la dzi. Ele be ‘woafia nu Yesu ƒe alẽ sueawo ahanyi wo.’ (Mat. 28:20; mixlẽ Yohanes 21:15-17.) Esi nya nyui gbɔgblɔdɔa le ta kekem eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la, Yesu wɔ ɖoɖo be alẽkplɔla siwo nye Kristotɔ tsitsiwo nalé be na hameawo.—Ef. 4:11, 12.

6 Apostolo Paulo gblɔ na dzikpɔla siwo nɔ Efeso hamea me le ƒe alafa gbãtɔ me be, gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo wo dzikpɔlawo ‘bene woakplɔ Mawu ƒe hame la.’ (Dɔw. 20:28) Nenemae wòle le Kristotɔ dzikpɔla siwo li egbea hã gome, elabena woawo hã woɖo nudidi siwo le Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la gbɔ hafi woɖo wo. Eya ta ne míeɖoa to Kristotɔ dzikpɔlawo la, míeɖenɛ fiana be míedea bubu Yehowa kple Yesu siwo nye Alẽkplɔla gãtɔwo ŋu. (Luka 10:16) Kakaɖedzitɔe la, ele be esia nanye susu vevitɔ si ta míalɔ̃ faa aɖo to hamemetsitsiwo ɖo. Gake susu bubuwo hã li siwo tae wòle be míawɔ ɖe woƒe mɔfiamewo dzi ɖo.

7. Aleke hamemetsitsiwo kpena ɖe mía ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome?

7 Ŋɔŋlɔawo me nyawo alo eme gɔmeɖosewo dzie hamemetsitsiwo nɔa te ɖo ɣesiaɣi fiaa mɔ haxɔsetɔwo, dea dzi ƒo na wo hexlɔ̃a nu wo. Ne wole mɔfiame siawo nam la, menye woƒe taɖodzinue nye be yewoaɖo ale si yewo nɔviwo anɔ agbee la na wo o. (2 Kor. 1:24) Ke boŋ woƒe taɖodzinue nye be yewoazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ akpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu be woawɔ nyametsotso nyuiwo, eye woana ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nanɔ hamea me. (1 Kor. 14:33, 40) Hamemetsitsiwo le “luʋɔwo ŋu dzɔm” le gɔmesese sia nu be wodina vevie be yewoakpe ɖe hamea me tɔ ɖe sia ɖe ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ eya kple Yehowa dome ɣesiaɣi. Eya ta ne wokpɔ be nɔvi aɖe le mɔ tram alo nɔvi aɖe “ɖe afɔ baɖa” la, wotsona kpla ɖe kpekpeɖeŋu si hiã la nana ŋu. (Gal. 6:1, 2; Yuda 22) Ðe esiawo menye susu nyui bubu siwo ta wòle be ‘míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome’ la oa?—Mixlẽ Hebritɔwo 13:17.

8. Aleke hamemetsitsiwo kpɔa Mawu ƒe alẽwo tae?

8 Apostolo Paulo, si hã nye alẽkplɔla le Kristo hamea me la, ŋlɔ ɖo ɖe nɔvi siwo le Kolose be: “Mikpɔ nyuie: ɖewohĩ ame aɖe ato xexemenunya kple beble dzodzro dzi le amewo ƒe kɔnyinyiwo nu alé mi adzoe, le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o.” (Kol. 2:8) Nuxlɔ̃ame sia hã nye susu nyui bubu si tae wòle be míawɔ ɖe mɔfiame siwo hamemetsitsiwo naa mí tso Ŋɔŋlɔawo me dzi. Wokpɔa alẽawo  ta esi woxlɔ̃a nu wo be woanɔ ŋudzɔ ɖe ame siwo dina be yewoagblẽ woƒe xɔse dome la ŋu. Apostolo Petro xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woanɔ ŋudzɔ ɖe “aʋatsonyagblɔɖilawo” kple “aʋatsonufialawo,” ame siwo dzea agbagba be ‘yewoable luʋɔ malikewo’ be woawɔ nu gbegblẽ la ŋu. (2 Pet. 2:1, 14) Ele be hamemetsitsi siwo li egbea hã nana nuxlɔ̃ame siawo tɔgbi ne ehiã. Abe Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me ene la, nuteƒekpɔkpɔ geɖe su wo si. Azɔ hã, hafi woatia ŋutsu siawo la, woɖee fia be yewose Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie eye wonya ale si woafia nyateƒenyawo. (1 Tim. 3:2; Tito 1:9) Esi wotsi le susu me, wodana sɔna, eye Biblia me nunya su wo si ta la, wotea ŋu naa mɔfiame nyuiwo alẽawo.

Hamemetsitsiwo kpɔa alẽha si le woƒe dzikpɔkpɔ te la ta abe ale si ko alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽwo tae ene (Kpɔ memama 8)

ALẼKPLƆLA NYUI LA NYIA ALẼAWO HEKPƆA WO TA

9. Aleke Yesu nyia Kristo hamea hefiaa mɔe egbea?

9 Yehowa toa eƒe habɔbɔa dzi naa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo. Wotoa agbalẽ siwo wotana na mí dzi ɖoa Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋu geɖewo na mí. Azɔ hã ɣeaɖewoɣi la, habɔbɔa naa mɔfiame hamemetsitsiwo tẽe to lɛtawo dzi loo alo dzikpɔla mɔzɔlawo dzi. To mɔ siawo dzi la, alẽawo xɔa mɔfiame siwo me kɔ.

10. Agba kae le hamemetsitsiwo dzi ne edzɔ be alẽ aɖe tra tso alẽhaa gbɔ?

10 Agba le hamemetsitsiwo dzi be woakpɔ hamea me tɔwo ta, alé be na wo ahana woanɔ lãmesẽ me le gbɔgbɔ  me, vevietɔ wo dometɔ siwo xɔ abi alo dze dɔ le gbɔgbɔ me. (Mixlẽ Yakobo 5:14, 15.) Alẽ siawo dometɔ aɖewo anya tra mɔ tso alẽha la gbɔ eye woanya dzudzɔ gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwo me. Le go sia me la, ɖe manyo be hamemetsitsi lébenamewo nawɔ nu sia nu si woate ŋui adi alẽ siwo bú la ahade dzi ƒo na wo be woatrɔ ava alẽkpɔ si nye hamea me oa? Nenema tututue wòle be woawɔe! Yesu gblɔ be: “Menye Fofonye si le dziƒo la ƒe dzidzɔ be ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.”—Mat. 18:12-14.

ALEKE WÒLE BE MÍABU ALẼKPLƆLATEVIWO ƑE GBƆDZƆGBƆDZƆWOE?

11. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na nɔvi aɖewo be woaɖo to hamemetsitsiwo?

11 Yehowa kple Yesu nye Alẽkplɔla deblibowo. Gake alẽkplɔlatevi siwo wotsɔ hamea dzi kpɔkpɔ de asi na ya mede blibo o. Nyateƒenya sia ate ŋu ana wòasesẽ na nɔvi aɖewo be woaɖo to hamemetsitsiwo. Ate ŋu awɔ na wo be: ‘Ame madeblibowo ko wonye abe míawo ke ene. Eya ta nu ka tae wòle be mawɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi?’ Nyateƒee, hamemetsitsiwo mede blibo o. Ke hã, mele be míatsɔ susu aɖo woƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu fũu o.

12, 13. (a) Le blema la, vodada kawoe ame siwo Yehowa zã la dometɔ aɖewo wɔ? (b) Nu ka tae woŋlɔ ŋutsu siwo Yehowa zã la ƒe vodadawo ɖe Biblia me?

12 Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso ame siwo Yehowa zã le blema wokplɔ eƒe amewo la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, wosi ami na David wòzu Israel ƒe fia kple kplɔla. Ke hã ege dze tetekpɔ me—ewɔ ahasi eye wòkɔ ʋu maɖifɔ ɖi. (2 Sam. 12:7-9) Gabu apostolo Petro hã ŋu kpɔ. Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ gãwo su esi le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hamea me hã la, ewɔ vodada gã aɖewo. (Mat. 16:18, 19; Yoh. 13:38; 18:27; Gal. 2:11-14) Tso Adam kple Xawa dzi la, amegbetɔ aɖeke mede blibo o, negbe Yesu ko.

13 Nu ka tae Yehowa na Biblia ŋlɔlawo ŋlɔ ŋutsu siwo wòzã la ƒe vodadawo ɖi? Susuawo dometɔ ɖekae nye be, Mawu di be míakpɔe be yeate ŋu azã ame madeblibowo atsɔ akplɔ yeƒe amewo. Le nyateƒe me la, ele esia wɔm tso blema ke. Eya ta mele be míanɔ te ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome egbea ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi anɔ liʋiliʋĩ lĩm ɖe wo ŋu ahagbe mía ɖokui bɔbɔ ɖe wo te o. Yehowa bia tso mía si be míabu nɔviŋutsu siawo eye míaɖo to wo.—Mixlẽ 2 Mose 16:2, 8.

14, 15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mɔ si dzi Yehowa to na mɔfiame eƒe amewo le blema la me?

14 Ele vevie be míaɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mía dome egbea. Bu mɔ si dzi Yehowa to na mɔfiame eƒe amewo le blema le ɣeyiɣi sesẽwo me ŋu kpɔ. Esi Israel viwo ʋu tso Egipte la, Mawu fia mɔ wo to Mose kple Aron dzi. Hafi Israel viwo natsi agbe le fuwɔame ewolia me la, ehiã be woawɔ ɖe mɔfiame si wona wo be woawu alẽ atsɔ ʋua asisi ɖe woƒe ʋɔtruti eveawo kple etame tɔ ŋu la dzi, eye woawɔ ɖe esi ku ɖe nuɖuɖu tɔxɛ la ŋu hã dzi. Menye Mawu ŋutɔe ƒo nu tso dziƒo tẽe gblɔ nya siawo na dukɔ la o. Ke boŋ ele be Israel viwo naɖo to woƒe ametsitsi siwo hã xɔa mɔfiameawo tso Mose gbɔ. (2 Mose 12:1-7, 21-23, 29) Le nɔnɔme mawo me la, Mose kple ametsitsiawo dzie Yehowa to fia mɔ eƒe amewo. Akpa vevi mae Kristotɔ hamemetsitsiwo hã wɔna egbea.

15 Anɔ eme be àɖo ŋku Biblia me ŋutinya bubu geɖe siwo me Yehowa to amegbetɔwo alo mawudɔlawo dzi na mɔfiame siwo xɔ amewo ɖe agbe la dzi. Le esiawo katã me la, Mawu tiae be yeana  ŋusẽ amewo be woanɔ ye teƒe aƒo nu. Woƒo nu le Mawu ƒe ŋkɔ me, eye wogblɔ ale si eƒe amewo awɔ atsi agbe le ɣeyiɣi sesẽ aɖewo me la na wo. Ðe mate ŋu adzɔ be Yehowa nawɔ nu ma tɔgbi le Harmagedon me oa? Ele be hamemetsitsi siwo li egbea dometɔ ɖe sia ɖe si le Yehowa alo eƒe habɔbɔa teƒe la nakpɔ nyuie be wòagazã ɖoƒe si su esi la madzemadzee o.

“ALẼHA ÐEKA, ALẼKPLƆLA ÐEKA”

16. “Nya” kawo ŋue wòle be míalé to ɖo?

16 “Alẽha ɖeka” ye Yehowa ƒe amewo nye le “alẽkplɔla ɖeka,” Yesu Kristo te. (Yoh. 10:16) Yesu gblɔ be yeanɔ kple yeƒe nusrɔ̃lawo “ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Abe Fia si le dziƒo ene la, ekpɔ ŋusẽ ɖe nu siwo katã ayi edzi va se ɖe esime wòava tsrɔ̃ Satana ƒe xexea la dzi. Nu kae míawɔ be ɖekawɔwɔ nayi edzi anɔ mía dome eye míanɔ dedie le Mawu ƒe alẽhaa me? Biblia gblɔ be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi!” “Nya” siawoe nye nya siwo Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na woŋlɔ ɖe Biblia me na mí kple nya siwo gblɔm Yehowa kple Yesu le na mí to alẽkplɔlatevi siwo woɖo mía nu la dzi.—Mixlẽ Yesaya 30:21; Nyaɖeɖefia 3:22.

Hamemetsitsiwo kpɔa dzilaɖekɛƒomewo ta tso hadede siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu me (Kpɔ memama 17, 18)

17, 18. (a) Afɔku kae dze ŋgɔ Mawu ƒe alẽwo, gake nu ka dzie míate ŋu aka ɖo? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

17 Biblia gblɔ be Satana ‘le tsatsam abe dzata si le gbe ɖem eye wòle ame dim be yeavuvu ami ene.’ (1 Pet. 5:8) Ele abe lã lénu dɔwuitɔ si de xa ɖi ɖe Mawu ƒe alẽwo ŋu ene, eye wòle klalo be yeadze wo dometɔ siwo mele ŋudzɔ o alo esiwo tra mɔ la dzi. Susu vevi sia tae wòle be míanɔ alẽha la kple Yehowa, ame si nye “[míaƒe] luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla la” ŋu kplikplikpli ɖo. (1 Pet. 2:25) Nyaɖeɖefia 7:17 gblɔ tso ame siwo atsi agbe le xaxa gã la me ŋu be: “Alẽvi la [Yesu] . . . akplɔ wo, eye wòafia mɔ wo ayi agbetsidzɔƒewo . . . Eye Mawu atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkuwo me.” Ŋugbedodo kae ganyo wu esia?

18 Agba si le Kristotɔ hamemetsitsiwo dzi be woakplɔ hamea la le vevie ŋutɔ. Aleke ŋutsu siawo siwo woɖo agbanɔamedzinɔƒewo akpɔ egbɔ be yewowɔ nu ɖe Yesu ƒe alẽwo ŋu beléletɔe? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia sia ŋu na mí.