Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Tsyɔ̃eviwo Fofo

Enye Tsyɔ̃eviwo Fofo

Te Ðe Mawu Ŋu

Enye Tsyɔ̃eviwo Fofo

2 Mose 22:21-23

“TSYƆ̃EVIWO fofo . . . [enye] Mawu le eƒe nɔƒe kɔkɔe la.” (Psalmo 68:6,) Nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la he míaƒe susu yi nu wɔdɔɖeamedzi aɖe si míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa Mawu ŋu la dzi—be etsɔa ɖe le ame siwo dzi nu mede o la ƒe nuhiahiãwo me. Ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na tsyɔ̃eviwo la dze le Se si wòtsɔ na Israel viwo me. Mina míadzro 2 Mose 22:21-23, afi si Biblia ƒo nu tso “tsyɔ̃eviwo” ŋu le zi gbãtɔ la me akpɔ.

Mawu xlɔ̃ nu be: ‘Mele be miate tsyɔ̃evi aɖeke ɖe anyi o.’ (Kpukpui 21) Menye kokoƒoƒo be wòase veve ɖe ame nu dzro aɖe koe nya sia nye o, sededee wònye tso Mawu gbɔ. Ðevi si gbɔ fofoa, si nye edzikpɔla kple etakpɔla, ku le la tsi ya me. Mele be ame aɖeke ‘nate’ ɖevi ma “ɖe anyi” le mɔ aɖeke nu o. Le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la, nya si wòzã ɖe ‘te ɖe anyi’ teƒee nye “wɔ fu,” alo ‘ba ame.’ Nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe tsyɔ̃evi ŋu nye ŋkubiãnya le Mawu ŋkume. Aleke gbegbe wònye ŋkubiãnyae?

Sea yi edzi be: “Ne ète wo ɖe anyi, eye wodo ɣli yɔm la, ekema maɖo to woƒe ɣlidodo la.” (Kpukpui 22) De dzesii be wozã agbɔsɔsɔfianya “mi” le kpukpui 21 lia me, evɔ le kpukpui 22 lia me la, wozã ɖekanyenyefianyakui “è.” Esia fia be ele be dukɔ blibo la kple ame ɖekaɖekawo siaa nakpɔ egbɔ be yewowɔ ɖe Mawu ƒe sedede sia dzi. Yehowa léa ŋku ɖe tsyɔ̃eviwo ŋu; eƒe to le wo ŋu, eye wòle klalo be yeaɖo to woƒe ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu.—Psalmo 10:14; Lododowo 23:10, 11.

Ke nu kae adzɔ ne ame aɖe wɔ nu gbegblẽ aɖe si ate ŋu ana tsyɔ̃evi nado ɣli ayɔ Mawu la ɖe eŋu? Yehowa gblɔ be: “[Ekema] nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye mawu mi kple yi.” (Kpukpui 23) Biblia gɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be nya si wozã le gbe gbãtɔa me “gɔmeɖeɖe nya ɖe nya nue nye ‘eye nye ŋɔti axɔ dzo,’ si nye adagana si fia dziku si nu sẽ ŋutɔ.” De dzesii be Yehowa megblẽe ɖe ʋɔnudrɔ̃la amegbetɔ siwo nɔ Israel la si me be woawoe ahe to na ame siwo ada se sia dzi o. Mawu ŋutɔe adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame si ate tsyɔ̃evi aɖe ɖe anyi la tẽe.—5 Mose 10:17, 18.

Yehowa metrɔ o. (Maleaxi 3:6) Eƒe dzi kuna ɖe ɖevi siwo gbɔ dzila ɖeka alo evea siaa ku le la ŋu. (Yakobo 1:27) Megable ɖokuiwò o—tsyɔ̃eviwo Fofo la doa dziku le dzɔdzɔenyenye me ɖe ame sia ame si wɔ ŋlɔmi ɖe ɖevi wɔnamanɔŋuitɔwo ŋu la ŋu. Ame siwo wɔa nu gbegblẽ ɖe ɖevi si tsi ya me ŋu la masi le “Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli” la nu o. (Zefaniya 2:2) Ame vɔ̃ɖi siawo ava kpɔe adze sii be “Ŋɔdzinue wònye be ame nadze Mawu gbagbe la ƒe asi me.”—Hebritɔwo 10:31.