Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe wozã tsyotiwo tsɔ tɔ kpɔ ƒo xlã Yerusalem kpɔ abe ale si Yesu gblɔe ɖi enea?

Le Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu me la, egblɔ be: “Ŋkekewo li gbɔna dziwò, esime wò futɔwo atsɔ tsyotiwo aƒu kpo ƒo xlã wò godoo va kpe, eye woaɖe to ɖe wò ahana nàxaxa le goawo katã me.” (Luka 19:43) Yesu ƒe nya mawo va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me, esime Romatɔ siwo aʋafia Titus nɔ ŋgɔ na la va tɔ kpɔ ɖe dua ŋu tsɔ ɖe to ɖee. Taɖodzinu etɔ̃e nɔ Titus si—be wòatsɔ axe mɔ na Yudatɔwo ƒe sisi, be wòatsɔ ana dua me tɔwo nana ta, eye be wòana dɔ nawu wo woatsɔ wo ɖokui ana.

Le Flavius Josephus si nye ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla aɖe ƒe nya nu la, esi wonya tso nya me be yewoatɔ kpɔa ko la, Roma ʋakɔa ƒe asrafoha gãwo kple asrafoha sue vovovoawo nɔ ho ʋlim kple wo nɔewo le ame si awu kpɔtɔtɔa ƒe akpa si wode esi nu gbã la ŋu. Tso dua ƒe gli gbɔ yi adzɔge abe kilometa 16 ene godoo va kpe la, wotso atiwo katã hena kpɔtɔtɔ, eye le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko me la, wowu kpɔtɔtɔ sia si didi kilometa 7 ƒo xlã dua la nu. Esia na Josephus gblɔ be, “sisiƒe aɖeke megali na Yudatɔwo o.” Esi dɔ wu dua me tɔwo ɖi tsi ɖe wo ŋu eye asrafoha vovovo siwo nɔ dua me nɔ wo nɔewo wum ta la, toɖelawo ƒe asi su dua dzi le ɣleti atɔ̃ pɛ ko megbe.

Ðe Fia Xizkiya ɖe tɔʋu yi Yerusalem nyateƒea?

Xizkiya nye fia nɔ Yuda le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. ƒe nuwuwu lɔƒo, si nye ɣeyiɣi si me masɔmasɔwo nɔ woa kple Asiria fiaɖuƒe sẽŋu la dome. Biblia gblɔ na mí be ewɔ nu geɖewo tsɔ kpɔ Yerusalem ta hekpɔ egbɔ be dua me tɔwo nakpɔ tsi si hiã. Nu siwo wòwɔ la dometɔ ɖekae nye meta 533 ƒe tɔʋu alo tsimɔ si wòɖe va dua me.—2 Fiawo 20:20; 2 Kronika 32:1-7, 30.

Wova ke ɖe tsimɔ ma tɔgbi ŋu le ƒe alafa 19 lia me. Wova yɔe be Xizkiya ƒe Tsimɔ, alo Siloam Tɔʋu. Tomenukulawo ke ɖe nuŋɔŋlɔ aɖe si ƒo nu tso tsimɔa ɖeɖe ƒe dɔ mamlɛa wɔwɔ ŋu le eme. Ŋkuléle ɖe ŋɔŋlɔdzesiawo ŋu na agbalẽnyala geɖewo gblɔ be anye Xizkiya ƒe ŋkekea mee woɖe tsimɔa. Gake ƒe ewo aɖewoe nye esi va yi la, ame aɖewo bui be ƒe 500 le Xizkiya ƒe ŋkekeawo megbee woɖe tsimɔa. Le ƒe 2003 me la, Israeltɔwo ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe nu siwo ŋu woke ɖo le woƒe numekuku be yewoaɖo kpe ƒe si tututu me woɖe tsimɔa dzi ŋu me la ɖe go. Nu kae nye woƒe nyataƒoƒo?

Ðɔkta Amos Frumkin si le Hebrew Yunivɛsiti le Yerusalem la gblɔ be: “Blemanuwo dzidzemɔnu si nye carbon-14 ƒe dodokpɔ aɖewo siwo wowɔ tso simintiba aɖe tɔgbi si wotsɔ zrɔ̃ Siloam Tɔʋua me ŋu, kple tomenu si nye uranium-thorium si wozã tsɔ do akalokpe ƒomevi aɖe si ŋu woke ɖo le tɔʋua me la kpɔ la siaa ɖee fia be Xizkiya ƒe ŋkekea mee woɖe tɔʋua.” Nyati aɖe si dze le dzɔdzɔmeŋutinunya magazine si nye Nature me hã gblɔ be: “Kpeɖodzimɔnu etɔ̃ siwo nye—nuwo ƒe nyunyɔnyunyɔ dodo kpɔ, blemaŋɔŋlɔdzesiwo ŋuti nusɔsrɔ̃, kple ŋutinyamenuŋlɔɖiwo—katã ɖee fia be ƒe 700 D.M.Ŋ. mee woɖe tsimɔa, si na Siloam Tɔʋu la nye nu siwo nɔ anyi le ƒe akpe ɖeka do ŋgɔ na mía ŋɔli, siwo ŋu woƒo nu tso le Biblia me, siwo wodo kpɔ hekpɔ kakaɖedzi le woƒe ɣeyiɣikɔntabubu ŋu la dometɔ si ŋu kpeɖodzi le wu.”