Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ta Viɖe Le Biblia Ŋu Na Mí Egbea

Nu Si Ta Viɖe Le Biblia Ŋu Na Mí Egbea

Nu Si Ta Viɖe Le Biblia Ŋu Na Mí Egbea

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na . . . ɖɔɖɔɖo, na amehehe.”—2 TIMOTEO 3:16.

ƑE ALAFA geɖewoe nye esia si Biblia le amewo ʋãm le dukɔ vovovowo me wole woƒe agbenɔnɔ trɔm wòle nyonyom ɖe edzi wu. Mawunyakpukpui si míeyɔ le etame la ɖe nu si ta Biblia te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi la me—nunya si tso Mawu gbɔe le eme. Togbɔ be amegbetɔwoe ŋlɔ Biblia hã la, Mawu ƒe susuwoe wogblɔ na mí le eme. Biblia gblɔ be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”—2 Petro 1:21.

Biblia ɖea vi le mɔ eve ya teti nu. Gbã la, egblɔ nu si tututu míayɔ be agbenɔnɔ si ŋu viɖe le la na mí. Evelia, ŋusẽ le eŋu be wòaʋã amewo be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã bene woate ŋu anɔ agbe si ŋu viɖe le. Mina míade ŋugble tso mɔ eve siawo ŋu.

Taɖodzinu Siwo Ŋu Viɖe Le Kpɔkpɔ Dze Sii

Mawu do ŋugbe sia le Biblia me be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.” (Psalmo 32:8) De dzesii be menye ɖeko Mawu ɖoa aɖaŋu na mí o, ke efiaa nu mí alo naa nugɔmesese deto sua mía si, si nye ŋutete si nana míete ŋu kpɔa nu siwo katã ana míase nudzɔdzɔ aɖe gɔme bliboe la dzea sii. Ne ŋutete si ana míade dzesi taɖodzinu siwo ŋu viɖe ŋutɔŋutɔ le la su mía si la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na míaƒe agbe zazã ɖe taɖodzinu maɖɔʋuwo yome titi ŋu yakatsyɔ.

Le kpɔɖeŋu me, ame geɖewo na ŋkɔxɔxɔ alo nudzedziname yome titi zu woƒe taɖodzinu le agbe me. Kpekpe ɖe ame ɖokui ŋu gbalẽ siwo fiaa ale si ame awɔ ato ame bubuwo ŋu axɔ ŋkɔ gã alo azu kesinɔtɔ la bɔ ŋutɔ. Gake Biblia ya gblɔ na mí be: ‘Ŋuʋaʋã ɖe amehavi ŋu nye tofloko kple dagbadagba ɖe ya me.’ ‘Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o.’ (Nyagblɔla 4:4; 5:9) Ðe viɖe le aɖaŋuɖoɖo sia ŋu na mí egbea?

Be míawɔ ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖea vii ƒe kpɔɖeŋu la, na míade ŋugble tso nu si me Akinori, si tso Japan, to la ŋu kpɔ. Le Akinori ƒe hoʋiʋli kple etɔwo vevie megbe la, eɖo eƒe taɖodzinu si nye be yeawu Yunivɛsiti xɔŋkɔ aɖe dede nu la gbɔ, eye wòkpɔ dɔ le dɔwɔƒe xɔŋkɔ aɖe. Edze abe nu sia nu nɔ edzi dzem nɛ nyuie ene. Ke hã, eƒe dzidzedzekpɔkpɔa mena wòkpɔ dzidzɔ si wònɔ mɔ kpɔm na la o. Ke boŋ, nuteɖeamedzi kple ɖeɖiteameŋu gblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu. Exɔlɔ̃ siwo wòwɔa dɔ kple la mena akɔfafa boo aɖekee o. Esi wòlé blanui vevie ta la, eva zu ahanoxe, eye wòtee kpɔ gɔ̃ hã be yeaɖe yeƒe agbe ɖa. Emegbe Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Nu si wòsrɔ̃ la na wòtrɔ eƒe nukpɔsusu ku ɖe nu si nye nu vevitɔ le agbe me ŋu. Eteƒe medidi o, ete hayahaya tso lãmesẽkuxi siwo nuteɖeamedzi he va edzi la me. Le esi teƒe be Akinori nana dada kple ŋkɔxɔxɔdidi nakpɔ ŋusẽ ɖe edzi la, eya ŋutɔ kpɔ Biblia me lododo sia ƒe nyateƒenyenye dze sii be: “Dzi dzeakɔanyi nye agbe na ŋutilã.”—Lododowo 14:30NW.

Nu kae nèbuna be enye taɖodzinu si ŋu viɖe le wu le agbe me? Taɖodzinu ka gbɔ ɖoɖoe nèbu be ana yeakpɔ dzidzɔ vavãtɔ? Dzidzedzekpɔkpɔ le srɔ̃ɖeɖe me yea? Alo kpekpe ɖe viwòwo ŋu be woakpɔ dzidzedze le agbe me yea? Xɔlɔ̃ geɖe ƒe amesisusu yea? Vivisese le agbe me yea? Esiawo katã nye taɖodzinu nyuiwo. Le nyateƒe me la, Biblia kafu taɖodzinu siawo na mí, gake menye kple susu be woanye míaƒe taɖodzinu vevitɔ le agbe me o. Nugɔmesese deto si le Biblia me la na wòhe susu yi nu vevi si ana woanɔ agbe si me dzidzeme le la dzi esi wògblɔ be: “Vɔ̃ Mawu, eye nalé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” (Nyagblɔla 12:13) Ne míegbe wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, míaƒe agbe maɖɔʋu o, taɖodzinu aɖeke manɔ eŋu o, eye dzi aɖe le mía ƒo le agbe me. To vovo na ema la, Biblia na kakaɖedzi mí be: “Dzidzɔtɔe nye ame si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.”—Lododowo 16:20NW.

Ale Si Biblia Ʋãa Amewo Wowɔa Tɔtrɔ

Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” Abe yi nueve ene la, ate ŋu aƒo ɖe ame me ahadze si eƒe susuwo kple tameɖoɖowo gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 4:12) Ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ, elabena ekpena ɖe wo ŋu wokpɔa ame si ƒomevi tututu wonye, ke menye ame si wosusu be yewonye o, la dzea sii. Eye ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le la va kpɔnɛ dzea sii be ahiã be yewoawɔ asitɔtrɔwo le yewoƒe agbenɔnɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ tso ame siwo nɔ Kristo hame si nɔ blema Korinto me, siwo nye fiafitɔwo, ahamulawo, ahasiwɔlawo, kple bubuawo kpɔ la ŋu be: “Nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã. Ke wole tsi na mi nyuie . . . [kple] . . . Mawu ƒe gbɔgbɔ la.” (1 Korintotɔwo 6:9-11) Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea gakpɔtɔ le dɔ dzi egbea, eye ŋusẽ le eŋu be wòaʋã amewo be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã le woƒe agbe me.

Mario, si le Europa la nye ŋutasẽnuwɔla aɖe si noa atike vɔ̃ɖi hedzranɛ hã. Gbe ɖeka esi kpovitɔ aɖe xɔ eƒe atike vɔ̃ɖiawo le esi la, dzi kui ale gbegbe be wòƒo kpovitɔa hegbã eƒe ʋu hã. Azɔ hã, dɔwɔɖui menɔ esi o, eye fe gbogbo aɖewo hã nɔ eŋu. Esi wòde dzesii be yemate ŋu awɔ naneke le yeƒe nɔnɔmea ŋu o la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kple ye. Mario wɔ ŋgɔyiyi nyuiwo, etrɔ asi le eƒe dzedzeme ŋu, edzudzɔ atike vɔ̃ɖiawo zazã kple wo dzadzra, eye wòdzudzɔ ŋutasẽnuwo hã wɔwɔ. Tɔtrɔ siwo wòwɔ la wɔ nuku na ame siwo nya ale si wònɔ tsã la. Wotɔnae hebianɛ be, “Mario, wò ŋutɔŋutɔe nye esia?”

Nu kae ʋãa amewo, abe Akinori kple Mario ene, wowɔa tɔtrɔ le woƒe agbe me eye wokpɔa dzidzeme vavãtɔ hesea vivi na agbenɔnɔ? Edze ƒãa be Mawu ŋuti sidzedze yeye si su wo si to Biblia sɔsrɔ̃ me ye. Mawu koe ate ŋu ana mɔfiame nyui siwo míehiã be agbe nadze edzi na mí fifia, eye agbe mavɔ nɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ nasu mía si, la mí. Abe Vifofo ene la, Yehowa Mawu toa Biblia dzi gblɔna na mí be: “Vinye, see, eye nàxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe, ekema agbenɔƒe geɖe anɔ asiwò. . . . Ne èle yiyim la, wò atame maxaxa o, eye ne èle du dzi la, màkli nu o. Lé amehehe ɖe asi sesĩe, megage le asiwò o, dzɔ eŋu, elabena wò agbee wònye.” (Lododowo 4:10-13) Ðe aɖaŋuɖoɖo aɖe li si nyo wu esi nye be míadi mía Wɔla la ƒe mɔfiamea?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Aɖaŋuɖoɖo Siwo Gaɖea Vi Egbea

Gɔmeɖose vevi siwo wɔa dɔ, siwo ate ŋu afia mɔ mí le agbe me egbea le go sia go me la le Biblia me. Woƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiawo:

Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple amewo

“Eya ta nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

“Ame si wɔa eɖokui ame sue le mi katã dome lae nye gã.”—Luka 9:48.

“Minɔ amedzrowɔwɔ dzi.”—Romatɔwo 12:13.

Nɔnɔme gblẽnuleameŋuwo dzi ɖuɖu

“Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.

“Mèganɔ weintsunolawo . . . dome o.”—Lododowo 23:20.

“Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o.”—Lododowo 22:24.

Srɔ̃ɖeɖe like ɖoɖo anyi

“Mia dome ŋutsu ɖe sia ɖe . . . nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene; ke ele be srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—Efesotɔwo 5:33.

“Mido dɔmetɔtrɔ ƒe veveseɖeamenu, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu. Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa.”—Kolosetɔwo 3:12, 13.

Kpekpe ɖe viwòwo ŋu

“Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

“Eye mi vifofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.”—Efesotɔwo 6:4.

Ðzrewɔwɔ tsitsri

“Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.”—Lododowo 15:1.

“Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.”—Romatɔwo 12:10.

Ame siwo nye xɔlɔ̃wo kura gɔ̃ hã wɔa agbalẽ ɖe asitsanyawo dzi tsɔ ƒoa asa na masɔmasɔwo. Eya ta Mawu subɔla Yeremya ŋlɔ be: “Meŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye metre enu, meɖe ɖasefowo, eye meda ga la le nudanu me.”—Yeremiya 32:10.

Nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ

“Nu siwo katã nye nyateƒe, . . . [siwo] dze na lɔlɔ̃, . . . [siwo ŋu] woƒoa nu nyui le, ne nɔnɔme nyui aɖe li, eye ne nane li si dze kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.”—Filipitɔwo 4:8.

Biblia la ƒo nu tsi tsitre ɖe tamesusu vɔ̃ ƒe amesinɔnɔ kple “ame siwo toa nyatoƒoe le woƒe agbe ŋuti” la ŋu. Egblɔ be: “Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me.”—Yuda 4, 16; Romatɔwo 12:12.

Menye ɖeko wɔwɔ ɖe Biblia me gɔmeɖose siawo dzi ana míakpɔ ŋutifafa kple dzidzeme ko o, ke ana hã be míanɔ agbe wòasɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu ahaxɔ eƒe yayrawo. Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Akinori, esime wònye asitsala (miame) kpakple fiafia, esime woa kple srɔ̃a wole Biblia me nyateƒea gblɔm na amewo dzidzɔtɔe