Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe ŋkɔ siwo dze le blema nutrenuwo dzi la wɔ ɖeka kple esiwo le Biblia mea?

Le blema la, ne wowɔ nuŋlɔɖi veviwo la, woxatsana agbalẽa hesanɛ kple ka, wonyãa tsu tsɔ ɖoa kɔ la dzi, eye wotsɔa nutrenu tua edzi be nuŋɔŋlɔ si le nutrenua dzi la naɖe ɖe edzi. Wowɔa esia tsɔ ɖoa ŋkɔ agbalẽ te, wotsɔnɛ ɖua ɖasefo, eye wotsɔnɛ ɖoa kpe nya dzi.

Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa nutrenu ɖe ŋkɔsigɛwo ŋu, eye wodea asixɔxɔ wo ŋu ŋutɔ. (1 Mose 38:18; Ester 8:8; Yeremiya 32:44) Zi geɖe la, ame si tɔ nutrenua nye la ƒe ŋkɔ, bubuŋkɔ si le eŋu, kple fofoa ƒe ŋkɔ nɔa edzi.

Numekulawo ke ɖe blema nutrenu alafa geɖe, siwo woyɔna be bulla la, ŋu. Ame siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ƒe ŋkɔwo le wo dometɔ aɖewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, blematomenukulawo ke ɖe nu siwo dzi woxɔ se be Yuda fia eve ƒe nutrenuwo le la ŋu. Nuŋɔŋlɔ si le wo dometɔ ɖeka dzie nye: “Axaz, Yehotam [Yotam viŋutsu], si nye Yuda Fia la tɔ.” Woŋlɔ ɖe bubu hã dzi be: “Xizkiya, Axaz [viŋutsu], si nye Yuda Fia tɔ.” (2 Fiawo 16:1, 20) Axaz kple Xizkiya ɖu fia le ƒe alafa enyilia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me.

Agbalẽnyalawo galé ŋku ɖe nutrenu bubu, siwo woxɔ se be wonye ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe tɔ la, ŋu. Woƒo nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu le Yeremiya ƒe nuŋlɔɖiwo me, le kpɔɖeŋu me, Barux (Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla), Gemarya (“Safan vi”), Yeraxmeel (“fiavi”), Yuxal (“Selemya vi”), kple Seraya (Barux nɔviŋutsu).—Yeremiya 32:12; 36:4, 10, 26; 38:1; 51:59.

Aleke woɖɔa ŋkekea ƒe ɣeyiɣi vovovowoe le Biblia me?

▪Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, wozã nyawo abe “ŋdi,” “ŋdɔ,” “ɣeɖota,” kple “fiẽ” ene. (1 Mose 24:11; 5 Mose 28:29; 1 Fiawo 18:26) Hebritɔwo ma zã la ɖe ŋudzɔɣi etɔ me, ɖe sia ɖe xɔna abe gaƒoƒo ene ene, gake emegbe wova mae ɖe ŋudzɔɣi ene me wòsɔ ɖe Helatɔwo kple Romatɔwo tɔ nu. Anɔ eme be mlɔetɔ sia ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe esi wògblɔ be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣekaɣi aƒetɔa le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zãtiƒe alo koklo ƒe atɔkuɣi alo ŋdikanya o.” (Marko 13:35) Ŋudzɔɣi si nye “fiẽ” la dzea egɔme tso ɣeɖoto va se ɖe zã ga 9:00. Ŋudzɔɣi evelia wua enu le zãtiƒe, eye etɔlia si nye “koklo ƒe atɔkuɣi” nɔa anyi va se ɖe fɔŋli ga etɔ lɔƒo. Mlɔetɔ, si nye ŋdikanya ƒe ŋudzɔɣia, wua enu ne ɣe dze. “Zã ƒe ŋudzɔɣi enelia” mee Yesu zɔ le Galilea Ƒua dzi.​​—Mateo 14:23-​26.

Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, woma ɣeyiɣi si ɣe dzena va se ɖe esime ɣe ɖoa to la ɖe akpa wuieve me, eye akpa ɖeka nyea “gaƒoƒo” ɖeka. (Yohanes 11:9) Esi wònye be le blema Israel la, ɣeyiɣi si me ɣe dzena heɖoa to la trɔna le ƒea me ta la, gaƒoƒo si me lɔƒo nane dzɔ le lae wotsɔ ɖɔa ɣeyiɣiae zi geɖe, le kpɔɖeŋu me, wotea ŋu gblɔna be “le gaƒoƒo adelia lɔƒo me.”​—Dɔwɔwɔwo 10:​9.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nutrenu siwo wowɔ kple tsu. Xizkiya kple Axaz ƒe ŋkɔwo (ŋgɔgbetɔ) kple ɖewohĩ Barux tɔ (megbetɔ) le wo dzi

[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Megbetɔ: Courtesy of Israel Museum, Jerusalem

Ŋgɔgbetɔ: www. BibleLandPictures.com / Alamy

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ɣegaƒoƒofianu, Roma fiagãwo ŋɔli (27 D.M.Ŋ.–476 M.Ŋ.)

[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]

© Gerard Degeorge / The Bridgeman Art Library International