Harmagedon Ŋuti Nyateƒea
Harmagedon Ŋuti Nyateƒea
“Gbɔgbɔ vɔ̃wo . . . [yia] anyigba blibo la dzi fiawo gbɔ . . . , eye woƒo wo nu ƒu ɖe teƒe, si woyɔna le Hebrigbe me be Harmagedon.”—NYAÐEÐEFIA 16:14, 16.
HARMAGEDON nye teƒe ŋkɔ. Gake edze abe teƒe ŋutɔŋutɔ aɖeke menɔ anyi kpɔ si woyɔna nenema o ene.
Ekema gɔmesese ka koŋue le nya “Harmagedon” ŋu? Nu ka tae woyɔnɛ tɔna ɖe nudzɔdzɔ, abe aʋawɔwɔ ene, ŋu zi geɖe ɖo?
Woƒo Wo Nu Ƒu Ðe Teƒe Si Woyɔna Be Harmagedon
Hebrigbe me nya Har–Magedon gɔmee nye “Megido To” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu. Togbɔ be to ŋutɔŋutɔ aɖeke meli si woyɔna nenema o hã la, teƒe si woyɔna be Megido ya li. Enɔ teƒe vevi aɖe si mɔ gã eve de nu wo nɔewo me le le blema Israel ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome. Wowɔ aʋa vevi geɖe le afi si tsɔ ɖe Megido gbɔ. Eya tae wova yɔa Megido tɔna ɖe aʋawɔwɔ ŋu ɖo. *
Nu si ɖe dzesi le Megido ŋue nye nu si tae wowɔ aʋawo le afi ma ɖo, ke menye aʋa siwo wowɔ le afi ma la o. Megido nye Ŋugbedodonyigba si Yehowa Mawu tsɔ na Israel viwo la ƒe akpa aɖe. (2 Mose 33:1; Yosua 12:7, 21) Eka atam na eƒe amewo be yeaʋli wo ta ne futɔwo dze wo dzi, eye eʋli wo ta hã vavã. (5 Mose 6:18, 19) Le kpɔɖeŋu me, esi Kanaan Fia Yabin ƒe asrafowo kple eƒe aʋafia Sisera wodze Israel viwo dzi la, Megido ye Yehowa ʋli eƒe amewo ta le nukutɔe.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:14-16.
Eya ta gɔmesese vevi aɖee le nya “Harmagedon” ŋu. Eku ɖe avuwɔwɔ aɖe si me ŋusẽtɔ eve akpe ŋgo kple wo nɔewo le la ŋu.
Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔe ɖi be eteƒe madidi o, Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ana amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo naƒo woƒe asrafowo nu ƒu, eye le esia wɔwɔ me la, woaɖoe dzimesesẽtɔe be yewoagblẽ nu le Mawu ƒe amewo kpakple dɔ si wɔm wole la ŋu. Mawu atsrɔ̃ amedzidzelaawo, si awɔe be ame miliɔn geɖe natsi eme.—Nyaɖeɖefia 19:11-18.
Nu ka tae Mawu, si ŋu Biblia gblɔ le be enye ‘nublanuikpɔla, ame fafa, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ’ la, aɖe ame gbogbo mawo ƒe agbe ɖa? (Nexemiya 9:17) Be míase nu si tae Mawu aɖe afɔ sia ɖo gɔme la, ele be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia etɔ̃ siawo: (1) Ame kae adɔ aʋaa? (2) Nu ka tae Mawu ade nu eme ɖo? (3) Viɖe mavɔ kae aʋa sia wɔwɔ ahe avae na anyigba kple edzinɔlawo?
1. AME KAE ADƆ AƲAA?
Menye Mawue ado ŋgɔ adze amewo dzi be Harmagedon-ʋa la nadze egɔme o. Ke boŋ ame aɖewoe ate kpɔ be yewoatsrɔ̃ ame nyuiwo, si awɔe be Mawu hã naʋli wo ta. “Anyigba blibo la dzi fiawo,” alo xexe sia me dziɖulawo, ye anye amedzidzelawo le aʋa sia me. Nu ka tae woadze ame nyuiwo dzi ɖo? Elabena Satanae aƒoe ɖe dziɖuɖuwo kple asrafohawo nu be woadze Yehowa Mawu subɔlawo dzi adãtɔe.—Nyaɖeɖefia 16:13, 14; 19:17, 18.
Esi amewo le gbe tem ɖe nuƒoƒo faa kple subɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi vevie le dukɔ aɖewo me egbea ta la, asesẽ na ame geɖe be woaxɔe ase be dziɖuɖuwo ava dze subɔsubɔhawo dzi alo ate kpɔ gɔ̃ hã be yewoabu mo na wo. Ke hã, nu siawo tɔgbi dzɔ le 1900-awo me, eye wogale dzɔdzɔm fifia hã. * Gake vovototo gã eve ya teti le amedzidzedze mawo kple Harmagedon tɔ dome. Gbãtɔe nye be, amedzidzedze si gbɔna la adzɔ le xexea me godoo. Evelia, ale si Yehowa Mawu atso ɖe nu ŋui le amedzidzedze sia ta la aƒo ale si wòwɔ nui va yi ta sãsãsã. (Yeremiya 25:32, 33) Biblia ɖɔ aʋa sia be enye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.”
2. NU KA TAE MAWU ADE NU EME ÐO?
Yehowa fiaa esubɔlawo be woanye ŋutifafamewo ahalɔ̃ woƒe futɔwo. (Mixa 4:1-3; Mateo 5:43, 44; 26:52) Eya ta womatsɔ lãnuwo aʋli wo ɖokuiwo ta le amedzidzedze si gbɔna la me o. Ne Mawu metsò eƒe amewo xɔ o la, woatsrɔ̃ wo gbidii, eye esia ahe vlodoame ava eya ŋutɔ kple eƒe ŋkɔ la dzi. Ne amedzidzelaawo te ŋu bu mo na Yehowa ƒe amewo la, adze abe ɖe wònye amemalɔ̃la, nu madzɔmadzɔ wɔla, alo ame si si ŋusẽ mele o ene. Esia madzɔ gbeɖe o!—Psalmo 37:28, 29.
Mawu medi be yeatsrɔ̃ ame aɖeke o, eya ta exlɔ̃ nu amewo tso nu si wòava wɔ la ŋu. (2 Petro 3:9) Mawu to Biblia dzi le nyanya nam amewo katã be le blema la, yetu nu kple ame siwo katã dze yeƒe amewo dzi. (2 Fiawo 19:35) Biblia gale nu xlɔ̃m amewo hã be ne Satana kple eƒe agbasiviwo dze Mawu ƒe amewo dzi le etsɔme la, Yehowa agatso ake ahatu nu kple amedzidzelaawo. Mawu ƒe Nya la gblɔe kɔtɛ be Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo. (Lododowo 2:21, 22; 2 Tesalonikatɔwo 1:6-9) Ɣemaɣi la, amedzidzelaawo adze sii be Ŋusẽkatãtɔ la ŋue yewoho aʋa ɖo vavã.—Xezekiel 38:21-23.
3. VIÐE MAVƆ KAE AƲA SIA WƆWƆ AHE AVAE?
Woakpɔ ame miliɔn geɖe ƒe agbe ta le Harmagedon-ʋa la me. Le nyateƒe me la, aʋa sia adzra mɔ dzi ɖo na ŋutifafa le anyigba dzi.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be “ameha gã” si ame aɖeke menya xexlẽme na o la atsi agbe le aʋa sia me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, ame siawo awɔ dɔ adzra anyigba dzi ɖo wòazu Paradiso, abe ale si Yehowa ɖoe le gɔmedzedzea me ene.
Ðe míenya ɣeyiɣi si woava dze Mawu ƒe amewo dzia?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ Woyɔa teƒewo ƒe ŋkɔwo tɔna ɖe aʋawɔwɔwo ŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esi nukliabɔmb gblẽ nu le Japan dugã Hiroshima ŋu vevie kpɔ ta la, woyɔa dugã sia ŋkɔ ne wole nu ƒom tso ale si nukliaʋa agate ŋu adzɔe ŋu.
^ Ale si Nazitɔwo wu Yudatɔ miliɔn geɖe le Xexemeʋa II me la nye agbagba si dziɖuɖu aɖe dze be yeabu mo na subɔsubɔha kple ame ƒomevi aɖewo la ƒe kpɔɖeŋu. Azɔ hã, tso ƒe 1917 va se ɖe ƒe 1991 me la, wote subɔsubɔha siwo nɔ Russia ƒe dziɖuɖu tsãtɔ te la ɖe anyi vevie. Kpɔ May 1, 2011 ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati si nye “Ŋutifafame Aɖewo Ʋli Woƒe Ŋkɔ Nyui La Ta.” Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Yehowa Mawu ʋli eƒe amewo ta le blema
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Yehowa agaʋli eƒe amewo ta ake le Harmagedon-ʋa la me