Ènyaa?
Aleke wowɔna hafi lɛtawo kaa ame si le Biblia ŋlɔɣiwo?
Dziɖuɖu ƒe ɖoɖo si dzi wotona ɖoa lɛtawo ɖa la nɔ Persia dziɖuɖua si si dzi wotsɔa dziɖuɖu ƒe lɛtawo tonɛ. Biblia gbalẽ si nye Ester ɖɔ ale si wowɔa esiae le Persia dziɖuɖua te ale: “Mordekai ŋlɔ agbalẽ la ɖe Ahasuerus ƒe ŋkɔ me eye wòtsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ete hetsɔe de asi na fia ƒe dɔla siwo doa sɔ siwo ɖea abla vevitɔ sɔ siwo womla koŋ hena fia la ƒe ŋudɔwɔwɔ.” (Ester 8:10, Agbenya La) Ðoɖo sia tɔgbi nɔ Roma Fiaɖuƒea hã me si dzi wotsɔa dziɖuɖu kple asrafohaa ƒe lɛtawo tonɛ.
Womeɖe mɔ be woaɖo ame ɖekaɖekawo ƒe lɛtawo, abe esiwo apostolo Paulo alo ame bubuwo ŋlɔ ene la ɖa to mɔnu siawo dzi o. Ne amea nye kesinɔtɔ la, ate ŋu adɔ eƒe kluvi be wòatsɔe ayi. Ke hã, ame geɖe ɖoa lɛtawo ɖa to ame nyanyɛwo, alo amedzro siwo yina afi si ame si axɔ lɛtaa le la gɔ̃ hã dzi. Wotea ŋu dea lɛtawo asi na ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, asrafowo, alo asitsalawo gɔ̃ hã. Edze ƒãa be nu vevi aɖe si ŋu woatsi dzi ɖoe nye nenye be ame si wodɔ la nye ame si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo be ana gbedeasia naɖo dedie. Biblia ɖee fia be ɣeaɖewoɣi la, Paulo tsɔa eƒe lɛtawo toa nɔvia Kristotɔ siwo le mɔ zɔm la dzi.—Efesotɔwo 6:21, 22; Kolosetɔwo 4:7.
Aleke nuƒeƒle kple nudzadzra nɔ le blema Israel?
Israel dukɔa ƒe gakpɔmɔnuwo koŋue nye agbledede, lãnyinyi kple adzɔnuwo ɖɔliɖɔli. Biblia ƒo nu tso nudzraƒe siwo le dugãwo ƒe agbowo me, abe “Alẽgbo,” “Tɔmelãgbo” kple “Zemegboa” ene ŋu. (Nexemiya 3:1, 3; Yeremiya 19:2) Edze abe adzɔnu siwo wodzrana le teƒe mawoe wotsɔ na ŋkɔ wo ene. Ŋɔŋlɔawo gaƒo nu tso Yerusalem ƒe “aboloƒolawo ƒe ablɔ” la kpakple adzɔnu bubuwo hã ŋu.—Yeremiya 37:21.
Ke nuwo ƒe asi ya ɖe? Biblia ŋuti numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Nuwo ƒe asi trɔna zi geɖe le ƒe alafa siwo va yi me le blema, eye asesẽ be míanya ho si tututu wodzra nane le teƒe aɖe le ɣeyiɣi aɖe koŋ me.” Ke hã, blemanuŋlɔɖiwo, siwo dome Biblia hã le la ɖee fia be tso blema ke la, adzɔnuwo ƒe asi tea ŋu yia dzi bobobo. Le kpɔɖeŋu me, wotsaa kluvisi tso gbe aɖe gbe ke. Wodzra Yosef klosalo 20, ɖewohĩ ɖe sekel ƒe kpekpeme nu. Anɔ eme be esiae nye kluviƒlega le ƒe alafa 18 lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli (D.M.Ŋ.). (1 Mose 37:28) Ƒe alafa etɔ̃ megbe la, kluviƒlega la yi dzi va ɖo sekel 30. (2 Mose 21:32) Kaka ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. naɖo la, eva ɖo sekel 50. (2 Fiawo 15:20) Ƒe alafa eve megbe le Persiatɔwo ƒe dziɖuɣi la, kluviƒlegaa yi dzi va ɖo sekel 90 sɔŋ alo esi wu nenema gɔ̃ hã. Edze ƒãa be nuwo ƒe asi ƒe dziyiyi nye kuxi si li tso keke blema ke.