Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ALAKPANYA SIWO NA AME AÐEWO MELƆ̃ MAWU O

Alakpanya Etɔ̃lia: Wobe Mawu Ƒe Tame Sẽ

Alakpanya Etɔ̃lia: Wobe Mawu Ƒe Tame Sẽ

NU SI AME GEÐE XƆ SE

Katolikoha ƒe katekismo gblɔ be: “Ne ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo nya ku teti ko la, woƒe luʋɔwo ɖoa ta dzo mavɔ me, afi si wokpea ‘dzo mavɔ’ ƒe fu le tegbee.” (Catechism of the Catholic Church) Subɔsubɔhakplɔla aɖewo gblɔna be dzo mavɔ ƒe tohehea nye kaklãɖa tso Mawu gbɔ keŋkeŋ tegbee.

NYATEƑEA SI LE BIBLIA ME

Biblia gblɔ be: “Luʋɔ, si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku.” (Xezekiel 18:4) Kukuawo “menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Ne luʋɔ la kuna eye meganyaa naneke o la, ke aleke wòate ŋu akpe “dzo mavɔ” ƒe fu alo ase veve gɔ̃ hã be ye kple Mawu dome klã tegbee?

Le Biblia me la, nu si Helagbe me nya Ge′en·na, si gɔme woɖena zi geɖe be “dzomavɔʋe” le Eʋegbe Bibliawo me, fia ŋutɔŋutɔe nye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ mele o, ke menye funyafunyawɔwɔ ame le dzo me tegbee o. (Mateo 5:29) Biblia ƒo nu tso ‘dzo kple dzokpeta’ hã ŋu. (Nyaɖeɖefia 20:10) Gake Biblia ŋutɔ ɖe eme esi wògblɔ be: ‘Dzota sia tsi tsitre ɖi na ku evelia.’ (Nyaɖeɖefia 20:14; 21:8) Eya ta menye teƒe aɖe si dzo ŋutɔŋutɔ le bibim lee wònye o. Be woawɔ ‘fu ame tegbee’ le dzota la me fia “ku evelia” si ŋu tsitretsitsimɔkpɔkpɔ mele o.

NU KA TAE NYA SIA LE VEVIE?

Nufiafia si nye be Mawu wɔa fu amewo la menana míelɔ̃a Mawu o; esia tea mí ɖa le eŋu boŋ. Rocío, si nye nyɔnu aɖe si le Mexico la gblɔ be: “Tso nye ɖevime kee wofia num tso dzo mavɔ ŋu. Esia na vɔvɔ̃ ɖom ale gbegbe be esesẽ nam be maxɔe ase be nɔnɔme nyuiwo le Mawu si. Mesusui be enye dzikume eye mekpɔa nublanui na ame o.”

Nya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo kpakple nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu, si me kɔ nyuie la, wɔe be ale si Rocío bua Mawui la trɔ. Egblɔ be: “Mevo azɔ—ɖeko wòle abe ɖe wokɔ agba kpekpe aɖe ɖa le dzinye ene. Meva ka ɖe edzi be Mawu dia míaƒe nyonyo, elɔ̃ mí, eye nye hã mate ŋu alɔ̃e. Ele abe vifofo si lé viawo ƒe alɔnu eye wòdia nyui na wo ene.”Yesaya 41:13.

Ame geɖe dzea agbagba be yewoasubɔ Mawu le esi wole vɔvɔ̃m be yewoava yi dzo mavɔ me le ku megbe ta, gake Mawu medi be nàsubɔ ye le esi nèle vɔvɔ̃m na ye ta o. Yesu gblɔ be: “Ele be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu.” (Marko 12:29, 30) Gakpe ɖe eŋu la, ne míede dzesii be Mawu mewɔa nu madzɔmadzɔ o la, ekema míate ŋu aka ɖe edzi be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le etsɔme hã. Míawo hã míate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi abe Hiob xɔlɔ̃ Elihu ene be: “Nede megbe xaa be, Mawu nawɔ nu vɔ̃ɖi, eye ŋusẽkatãtɔ nawɔ nu madzɔmadzɔ.”Hiob 34:10.